bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 1
Joshua 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 2 →
1
Le Mose, Aƒetɔ ƒe dɔla, ƒe ku megbe la, Aƒetɔ gblɔ na Yosua, Nun vi, si nye Mose ƒe subɔla be:
2
“Nye dɔla Mose ku. Eya ta tso, ne mi kple ame siawo katã miatso Yordan-tɔsisi la, eye miayi ɖe anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la dzi.
3
Abe ale si megblɔ na Mose ene la, anyigba la ƒe afi sia afi si miaɖo afɔe la nye mia tɔ; metsɔe na mi.
4
Anyigba la tso kegbegbe si le anyigbeme va yi Lebanon-to la gbɔ le dzigbeme. Egatso Frat-tɔsisi gã la nu le ɣedzeƒe to Xititɔwo ƒe anyigba me va ɖo ƒu gã la nu le ɣetoɖoƒe gome.
5
Ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe nuwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o. Ale si menɔ kple Mose la, manɔ kple wò hã nenema ke. Nyemaɖe asi le ŋuwò o. Nyemagblẽ wò ɖi hã o.
6
Sẽ ŋu, eye nàwɔ kalẽ elabe wòe le ŋgɔ nɔ ge na dukɔ sia ana woaxɔ anyigba si meka atam be mana wo tɔgbuiwo la.
7
Wò ya sẽ ŋu, eye nàwɔ kalẽ vevie ko. Ke ɖo ŋui nàwɔ ɖe se siwo katã nye dɔla Mose de na wò la dzi. Wɔ ɖe seawo katã dzi pɛpɛpɛ ale be nu nadze edzi na wò le afi sia afi si nàyi la.
8
Na segbalẽ sia me nyawo nanɔ nuwò le afi sia afi si nàyi la. Bu wo ŋu zã kple keli ale be woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖɔ ŋu ɖo, eye nànɔ agbe ɖe nu siwo katã le eme la nu, elabe eya ko hafi wò mɔ me akɔ, eye nu sia nu adze edzi na wò nyuie.
9
Menye nyee gblɔe na wò oa? Mebe sẽ ŋu, wɔ kalẽ, mègavɔ̃ o, eye dzi hã megaɖe le ƒowò o, elabe afi sia afi si nàyi la, nye Aƒetɔ, wò Mawu la, meli kpli wò.”
10
Ale Yosua ɖe gbe na dukɔ la kplɔlawo be:
11
“Mizɔ to asaɖa la me, eye miaɖe gbe na ameawo be: ‘Midi nuɖuɖu da ɖi elabe miele Yordan-tɔsisi la tso ge le ŋkeke etɔ̃ me, ado ɖe anyigba si Aƒetɔ, mía Mawu la le tsɔtsɔm na mi be wòanye mia tɔ la dzi.’ ”
12
Ke Yosua gblɔ na Ruben kple Gad ƒe dzidzimeviwo kpakple Manase ƒe dzidzimeviwo ƒe afã be:
13
“Miɖo ŋku nya si Mose, Mawu ƒe dɔla, gblɔ na mi la dzi. Ebe: ‘Aƒetɔ, mia Mawu la le anyigba sia tsɔ ge ana mi be wòanye mia de afi si mianɔ agbɔ ɖe eme.’
14
Mina mia srɔ̃wo, mia viwo kple miaƒe lãhawo nanɔ anyigba si Mose na mi le Yordan-tɔsisia godo la dzi. Ke kalẽtɔ siwo katã le mia dome la natsɔ aʋawɔnuwo, adze wo nɔvi Israelvi bubuawo ŋgɔ atso Yordan-tɔsisia, ale be woakpe ɖe wo ŋu,
15
va se ɖe esime Aƒetɔ nana nɔƒe woawo hã abe miawo ke ene, eye woawo hã axɔ anyigba si Aƒetɔ, mia Mawu la le tsɔtsɔm na wo la. Ema megbe la, migbugbɔ yi anyigba si nye mia tɔ, si Mose, Aƒetɔ ƒe dɔla na mi le ɣedzeƒe gome le Yordan godo la dzi, eye mianɔ afi ma.”
16
Woɖo eŋu na Yosua be: “Míawɔ nu siwo katã nàgblɔ na mí la, eye afi sia afi si ke nàɖo mí ɖo la, míayi.
17
Míaɖo to wò le nu sia nu me abe ale si míeɖo to Mose ene. Aƒetɔ, wò Mawu la nenɔ kpli wò abe ale si wònɔ kple Mose ene.
18
Ame si ke dze aglã ɖe ŋuwò, eye wògbe wò gbe dzi wɔwɔ la, woawui. Wò ya sẽ ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo ko.”
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24