bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 13
Joshua 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 14 →
1
Yosua tsi eye wòxɔ ƒè geɖee. Tete Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Fifia la ètsi, eye nèxɔ ƒè geɖee, evɔ la anyigba gasusɔ fũu si wòle be woaxɔ.
2
Anyigba siwo susɔ la woe nye: Filistitɔwo kple Gesuritɔwo ƒe anyigbawo katã,
3
hekpe ɖe Avitɔwo ƒe anyigba si le anyigbeme la ŋu. Wobua anyigba si tso Sixor-tɔʋu la nu le Egipte ƒe liƒo dzi le ɣedzeƒe gome heyi dzigbeme va se ɖe Ekron ƒe liƒo dzi la be enye Kanaanitɔwo tɔ. Filistitɔwo ƒe dziɖula atɔ̃ le du siwo gbɔna la me: Gaza, Asdod, Askalon, Gad kple Ekron.
4
Kanaanitɔwo ƒe anyigba la katã kple Meara, si nye Sidontɔwo tɔ la, heyi keke Afek ke le Amoritɔwo ƒe liƒo dzi la hã susɔ.
5
Anyigba bubu siwo gasusɔ la woe nye: Giblitɔwo tɔ, Lebanon blibo la heyi ɣedzeƒe gome, tso Baal-Gad le Xermon-to ƒe bali me va se ɖe Xamat.
6
Esia lɔ tonyigbadzinɔlawo katã siwo nye Sidontɔwo la ɖe eme tso Lebanon-toawo gbɔ va se ɖe Misrefot-Mayim. Nye ŋutɔ mele ame siawo katã nyà ge ɖa le Israelviwo ŋgɔ hafi woava ɖo wo nɔƒe. Wò ya ma anyigba la na Israelviwo, abe ale si megblɔ na wò ene.
7
Eya ta azɔ la, ma anyigba la na to asiekeawo kple Manase-to afã la, ne wòanye woƒe domenyinu.”
8
Ruben-to kple Gad-to kpakple Manase-to afã ya la, Mose, Aƒetɔ ƒe dɔla la tsɔ woƒe anyigbawo na wo xoxo. Anyigba sia le Yordan-tɔsisi la godo le ɣedzeƒe kpa dzi.
9
Woƒe anyigba la tso Aroer si le Arnon-tɔʋu la to kple du si le balia titina la gbɔ helɔ Medeba-tonyigba gbadza la katã ɖe eme va se ɖe Dibon.
10
Anyigba la se ɖe keke Amonviwo ƒe liƒo dzi ke, eye wòtsɔ du siwo katã dzi Sixon, Amori-fia si nɔ Xesbon, ɖu la ɖe eme.
11
Anyigba la tsɔ Gilead, Gesur kple Maaxati nyigbawo hekpe ɖe Xermon-to la katã kple Basan bliboa va se ɖe Salxa hã ɖe eme.
12
Etsɔ Og ƒe fiaɖuƒe la katã ɖe eme. Fia sia nye ame dzɔtsu mlɔetɔ si susɔ, eye wòɖu fia le Astarot kple Edrei. Mose ɖu ame siawo katã dzi, eye wònyà wo ɖa.
13
Ke Israelviwo menyà Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo ya ɖa o. Woawo gale Israel-nyigba dzi va se ɖe egbe.
14
Mose mena anyigba aɖeke Levi viwo ya o, elabe Aƒetɔ gblɔ nɛ be, ne dukɔ la me nu sa vɔe na ye Israel Mawu la la, wonena vɔsanumeme la ƒe ɖe Levi viwo abe woƒe domenyinu ene.
15
Mose ka anyigba na Ruben viwo abe woƒe domenyinu ene, ƒome ɖe sia ɖe kple etɔ.
16
Woƒe anyigba la tso Aroer si le Arnon-bali la, to kple du si le balia titina kple tonyigba gbadza si ƒo xlã Medeba la katã.
17
Anyigba la tsɔ Xesbon kple du siwo katã le tonyigba gbadza la dzi la ɖe eme. Duawoe nye: Dibon, Bamot-Baal kple Bet-Baal-Meon,
18
Yaza, Kedemot kple Mefat
19
Kiryataim, Simba kple Zeret-Saxar si le togbɛ dzi le balia me,
20
Bet-Peor, Pisga-to la ƒe abuɖiƒewo kple Bet-Yesimot.
21
Anyigba la gatsɔ du siwo katã le tonyigba gbadza la dzi kple Amoritɔwo ƒe fia Sixon, ame si ɖu dzi le Xesbon la ƒe fiaɖuƒe ɖe eme. Fia atɔ̃ aɖewo, siwo ŋkɔwo nye Evi, Rekem, Zur, Xur kple Reba la ɖu anyigba sia ƒe akpa aɖewo dzi na fia Sixon. Gake Mose ɖu fia Sixon kple fia bubu siawo katã dzi hexɔ woƒe anyigba.
22
Ame siwo Israelviwo wu la dometɔ ɖeka nye bokɔ. Eŋkɔe nye Bileam, eye wònye Beor vi.
23
Ale Yordan-tɔsisi la do liƒo na Ruben viwo le ɣetoɖoƒe gome. Wotsɔ du kple kɔƒe siawo na Ruben viwo, ƒome ɖe sia ɖe kple etɔ abe woƒe domenyinu ene.
24
Mose ka anyigba na Gad viwo hã, ƒome ɖe sia ɖe kple etɔ.
25
Woƒe anyigba la tsɔ Yazer kple Gilead duwo katã, Amonviwo ƒe anyigba afã va se ɖe Aroer si le Raba ƒe ɣedzeƒe gome la ɖe eme.
26
Anyigba la gatso Xesbon va se ɖe Ramat-Mizpa kple Betonim, eye wògatso Maxanaim va se ɖe Lo-Debar ƒe liƒo dzi.
27
Du siwo nye wo tɔ le Yordan-balia me la woe nye: Bet-Haram, Bet-Nimra, Sukot kple Zafon. Wonye Xesbon-fia, Sixon, ƒe fiaɖuƒe ƒe akpa si susɔ la. Yordan-tɔsisi lae nye woƒe liƒo le ɣetoɖoƒe gome. Anyigba la yi ɖase ɖe Kinerot-ta nu le dzigbeme ke.
28
Wotsɔ du kple kɔƒe siawo na Gad viwo, ƒome ɖe sia ɖe kple etɔ, abe woƒe domenyinu ene.
29
Mose ka anyigba la ƒe akpa aɖe na Manase-to afã, eye ƒome ɖe sia ɖe si le to afã ma me la xɔ etɔ.
30
Anyigba la tso Maxanaim heto Basan-nyigba me. Og, Basan-fia ƒe fiaɖuƒe katã kple Yair-du bla ade siwo le nutoa me la ɖe eme.
31
Nenema ke Gilead-nyigba ƒe afã, Astarot kple Edrei, siwo nye duwo le Basan-fia, Og ƒe dziɖuƒe me la hã le eme. Wotsɔ anyigba sia na ƒome siwo nye Manase vi, Maxir ƒe dzidzimeviwo la ƒe afã abe woƒe ƒomea tɔ ene.
32
Aleae Mose ma Moab-gbegbe si le Yerixo ƒe ɣedzeƒe gome le Yordan-tɔsisi la godoe.
33
Ke Mose meka anyigba aɖeke na Levi viwo ƒe to la ya o, elabe Aƒetɔ gblɔ be ne dukɔ la me nu sa vɔe na ye la, vɔsanu la ƒe akpa aɖe nanye Levi viwo tɔ.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24