bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 20
Joshua 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 21 →
1
Tete Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: “Gblɔ na Israelviwo be:
2
‘Mitia sitsoƒedu siwo ŋu meƒo nu le na mi va yi to Mose dzi la.
3
Du siawo mee amewula si meɖoe wu ame o la, ate ŋu así ayi, eye woanye sitsoƒe na mi tso ame si ɖo be yeabia hlɔ̃ la si me.
4
Ne amewula la sí yina du siawo dometɔ aɖe me, eye wòɖo eƒe agbo nu la, ele be wòatɔ ɖe afi ma. Aɖe eɖokui nu na dumegãwo woase. Emegbe woaxɔe ɖe dua me, eye woana teƒee wòanɔ wo gbɔ.
5
Nenye be hlɔ̃biala la ti eyome va afi ma la, dua me tɔwo megaɖe asi le eŋu nɛ o, elabe eya kple ame si wòwu la, womele ke me hafi wòwui o.
6
Amewula sia anɔ dua me va se ɖe esime woakplɔe va ameha la ŋkume, eye woadrɔ̃ ʋɔnui. Gawu la, ele be wòanɔ anyi va se ɖe esime nunɔlagã si li hafi wòva la laku. Ekema ekpɔ mɔ azɔ ate ŋu agbugbɔ ayi du si me wòsí tso va la me, eye wòaganɔ eya ŋutɔ ƒe aƒeme.’ ”
7
Ale, le Yordan-tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe gome la, wotɔ asi du siwo gbɔna la dzi: Kedes, le Galilea le Naftali-nyigba la dzi; Sixem, le Efrayim-tonyigba dzi kple Kiryat-Arba, si wogayɔna be Xebron le Yuda-tonyigba dzi.
8
Le Yordan-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome le Yerixo ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la, wotɔ asi du siwo gbɔna la dzi: Bezer, si le gbedadaƒo kple tonyigba gbadza dzi la le Ruben-to la me, Ramot, le Gilead le Gad-to la me kple Golan, le Basan le Manase-to la me.
9
Du siawoe woɖo ɖi na Israelviwo katã kple amedzro siwo katã le wo dome la. Amewula si meɖo amewuwu hafi wu ame o la, ate ŋu así ayi du siawo dometɔ aɖe me, ale be hlɔ̃biala aɖeke nagawui o, va se ɖe esime wodrɔ̃ ʋɔnui le ameha la ŋkume.
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24