bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 19
Joshua 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 20 →
1
Nudzidze evelia dze Simeon viwo ƒe to dzi, le woƒe ƒomeawo nu. Woƒe anyigba la ge ɖe Yuda viwo ƒe anyigba me.
2
Woƒe duwoe nye: Beer-Seba, Seba, Molada,
3
Xazar-Sual, Bala, Ezem,
4
Eltolad, Betul, Xorma
5
Ziklag, Bet-Markabot, Xazar-Susa
6
Bet-Lebaot kple Saruxen. Wole du wui ene hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.
7
Du bubuwo hã nye Ayin Rimon, Eter kple Asan. Wole du ene kple woƒe kɔƒewo.
8
Kɔƒe siwo katã le du siawo gbɔ va se ɖe Baalat-Beer alo Ramat le anyigbeme la hã le eme. Esiae nye anyigba si Simeon viwo ƒe to la xɔ le woƒe ƒomeawo nu abe woƒe domenyinu ene.
9
Anyigba si Yuda viwo ƒe to la xɔ la lolo na wo akpa eya ta woka ɖe le eŋu tsɔ na Simeon viwo ƒe to la, be wòanye woƒe domenyinu.
10
Nudzidze etɔ̃lia dze Zebulon viwo ƒe to la dzi, le woƒe ƒomeawo nu. Woƒe anyigba la de keke Sadrid ke.
11
Liƒo la zɔ ɣetoɖoƒe gome va to Marala heto Bedabaset ŋu, eye wòva ke ɖe tɔʋu si le Yokneam ŋgɔ la nu.
12
Liƒo la trɔ tso Sadrid ɖo ta ɣedzeƒe gome va to Kislot-Tabor ƒe liƒo ŋu, eye wòto Daberat ŋu va do ɖe Yafia.
13
Esi wòtso le afi sia la, eɖo ta ɣedzeƒe gome va to Gat-Xefer kple Et-Kazin hemlo to Rimon va ke ɖe Nea.
14
Le dzigbeme la, liƒo la glɔ̃ mɔ ɖo ta megbe va do ɖe Xanaton va wu nu ɖe Yiftax-El-bali me.
15
Woƒe duwoe nye: Katat, Nahalal, Simron, Yidala kple Betlehem. Wole du wui eve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.
16
Esiae nye anyigba si Zebulon viwo xɔ hekpe ɖe woƒe duwo kple kɔƒewo ŋu, le woƒe ƒomeawo nu.
17
Nudzidze enelia dze Isaxar viwo ƒe to la dzi, le woƒe ƒomeawo nu.
18
Woƒe anyigba la tsɔ teƒe siawo ɖe eme: Yezreel, Kesulot, Sunem,
19
Xafarayim, Sion, Anaxarat,
20
Rabit Kision, Abez,
21
Remet, En-Ganim, En-Xada kple Bet-Pazez.
22
Liƒo la va ke ɖe Tabor, Saxazima kple Bet-Semes ŋu, eye wòva wu nu ɖe Yordan-tɔsisi la nu. Wole du wui ade hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.
23
Esiae nye anyigba si Isaxar viwo xɔ hekpe ɖe woƒe duwo kple kɔƒewo ŋu, le woƒe ƒomeawo nu abe woƒe domenyinu ene.
24
Nudzidze atɔ̃lia dze Aser viwo ƒe to la dzi, le woƒe ƒomeawo nu.
25
Woƒe anyigba la tsɔ teƒe siawo ɖe eme: Xelkat, Xali, Beten, Axsaf
26
Alamelex, Amad kple Misal. Le ɣetoɖoƒe gome la, eto Karmel kple Sixor-Libnat ŋu.
27
Azɔ etrɔ ɖo ta ɣedzeƒe gome va ke ɖe Bet-Dagon, eye wòzɔ to Zebulon kple Yiftax-El-bali la ƒe dzigbeme lɔƒo va ɖo Bet-Emek kple Negiel. Eyi ŋgɔ to dzigbeme va ɖo Kabul,
28
Ebron, Rexob, Xamon kple Kana va se ɖe Sidon, du xɔŋkɔ la, gbɔ.
29
Azɔ liƒo la trɔ va Rama kple Tiro, du sesẽ la, gbɔ, eye wòtrɔ to Xosa heva wu nu ɖe Domeƒu la nu. Du siwo le woƒe anyigba me tso ƒuta la woe nye: Akzib,
30
Uma, Afek kple Rexob. Wole du bla eve vɔ eve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.
31
Esiae nye anyigba si Aser viwo ƒe to la xɔ hekpe ɖe woƒe duwo kple kɔƒewo ŋu, le woƒe ƒomeawo nu abe woƒe domenyinu ene.
32
Nudzidze adelia dze Naftali viwo ƒe to la dzi, le woƒe ƒomeawo nu.
33
Woƒe liƒo la tso Xelef kple logotiwo gbɔ le Zaananim, Adami-Hanekeb kple Yabneel va se ɖe Lakum eye wòva wu nu ɖe Yordan-tɔsisi nu.
34
Azɔ liƒo la trɔ ɖo ta ɣetoɖoƒe gome va to Aznot-Tabor, eye wòzɔ to Xukok ŋu va to Zebulon ŋu le anyigbeme. Eto Aser ŋu le ɣetoɖoƒe eye wòto Yordan- tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome.
35
Woƒe du sesẽwoe nye: Zidim, Zer, Xamat, Rakat, Kineret,
36
Adama, Rama, Xazor,
37
Kedes, Edrei, En-Xazor
38
Yireon, Migdal-El, Xorem, Bet-Anat kple Bet-Semes. Wole du wui asieke hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.
39
Esiae nye anyigba si Naftali ƒe to la xɔ hekpe ɖe woƒe duwo kple kɔƒewo ŋu, le woƒe ƒomeawo nu abe woƒe domenyinu ene.
40
Nudzidze adrẽlia dze Dan viwo ƒe to dzi, le woƒe ƒomeawo nu.
41
Du siwo le woƒe anyigba me la woe nye: Zora, Estaol, Ir-Semes,
42
Saalabin, Ayalon, Yitla,
43
Elon, Timnat, Ekron,
44
Elteke, Gibeton, Baalat,
45
Yehud, Bene-Berak, Gat-Rimon
46
Me-Yarkon kple Dakon kple eƒe anyigba si le Yafo kasa.
47
Ɣeyiɣi aɖewo megbe la, ame aɖewo xɔ anyigba la le Dan viwo si. Ale woyi ɖawɔ aʋa kple Lesemtɔwo. Dan viwo ɖu wo dzi, xɔ dua le wo si hetso aƒe ɖe eme. Wotrɔ ŋkɔ na Lesem-dua be Dan si nye wo tɔgbuiŋkɔ.
48
Esiae nye anyigba si Dan viwo ƒe to la xɔ hekpe ɖe woƒe duwo kple kɔƒewo ŋu, le woƒe ƒomeawo nu abe woƒe domenyinu ene.
49
Esi Israelviwo ma anyigba la vɔ la, wona anyigba Yosua, Nun vi la, ɖe wo dome abe eƒe domenyinu ene.
50
Wotsɔ du si eya ŋutɔ bia la nɛ abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene. Du la ŋkɔe nye Timnat-Serax le Efrayim-to dzi. Yosua gbugbɔe tso eye wòɖo nɔƒe ɖe eme.
51
Anyigba siae nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi kpakple Israelviwo ƒe ƒomemetsitsiwo ma eye wodzidze nu ɖe wo dzi le Silo le Aƒetɔ ŋkume. Wowɔ esia le godoƒegbadɔ ƒe mɔnu. Ale wowu anyigba si le Yordan-tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe gome la mama nu.
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24