bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 11
Joshua 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 12 →
1
Esi Xazor-fia, Yabin se ale si Israelviwo le duwo dzi ɖumee la, edɔ ame ɖo ɖe Madon-fia, Yobab kple Simron-fia kpakple Axsaf-fia.
2
Eɖo ame ɖe fia siwo le tonyigbawo dzi le dzigbeme, esiwo le tagba si le Kinerot le anyigbeme, esiwo le gbadzaƒe kple esiwo le bali me le ƒuta si te ɖe Dor ŋu la.
3
Nenema ke wòɖo ame ɖe Kanaanitɔ siwo le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, ɖe Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo kple Yebusitɔwo le tonyigbawo dzi kpakple Xivitɔ siwo le Xermon-to la ƒe bali me kple esiwo le Mizpa-nyigba dzi la hã.
4
Tete woho va kple woƒe aʋakɔwo katã bibibi. Wosɔ gbɔ abe ƒutake ene; sɔwo kple tasiaɖamwo le wo si fũu.
5
Fia siawo katã ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo ɖekae eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Merom-tɔʋu la nu be woawɔ aʋa kple Israelviwo.
6
Tete Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: “Mègavɔ̃ wo o. Hafi etsɔ ɣe alewo ɣi naɖo la, mawu wo katã na Israel. Miana woƒe sɔwo ƒe ata natu, eye miatɔ dzo woƒe tasiaɖamwo.”
7
Ale Yosua kple eƒe aʋakɔwo va ƒo ɖe wo dzi kpoyi le Merom-tɔʋu la nu, eye wokpe aʋa kpli wo.
8
Aƒetɔ na Israelviwo ɖu wo dzi. Wonyà wo ɖe nu va se ɖe Sidon kple Misrefot-Mayim kpakple Mizpa-bali me le ɣedzeƒe gome. Wowu wo keŋkeŋ; womesusɔ ame ɖeka hã ɖi o.
9
Ale Yosua na woƒe sɔwo ƒe ata tu eye wòtɔ dzo woƒe tasiaɖamwo, abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ ene.
10
Azɔ la, Yosua gbugbɔ yi ɖaxɔ Xazor eye wòwu dufia la kple yi. Ɣe ma ɣi la, Xazor nye fiaɖuƒe mawo katã ƒe ta.
11
Wowu ame sia ame le dua me, womegblẽ ame aɖeke ɖi o, eye wotɔ dzo dua.
12
Ale wɔ Yosua ɖu duawo katã kple woƒe fiawo katã dzi, ewu wo kple yi hetsrɔ̃ wo gbidii abe ale si Mose, Aƒetɔ ƒe dɔla la gblɔ nɛ ene.
13
Ke Yosua metɔ dzo du siwo le togbɛwo dzi la ya o; Xazor ɖeɖe koe wòtɔ dzoe.
14
Israelviwo ha aboyonuawo kple lãhawo le duawo katã me; wowu ame sia ame kple yi; womegblẽ ame ɖeka pɛ hã ɖi o.
15
Nu si Aƒetɔ gblɔ na eƒe dɔla Mose be newɔ la, eyae Mose hã gblɔ na Yosua be newɔ, eye Yosua wɔ ɖe edzi. Ewɔ nu siwo katã Aƒetɔ gblɔ na Mose be newɔ la pɛpɛpɛ; meɖe ɖeke le eme o.
16
Ale Yosua xɔ anyigba la katã. Anyigba la tso tonyigbawo kple woƒe balimewo, Gosen-nyigba blibo la kple gbegbe gbadza si le anyigbeme nɛ, tagba la, Israel-tonyigba la kpakple wo ŋu baliwo.
17
Anyigba la gatso Xalak-to si le anyigbeme le Seir gbɔ la dzi yi keke Baal-Gad le dzigbeme va se ɖe Lebanon-bali si le anyigbeme na Xermon-to la te. Eɖe aboyo woƒe fiawo katã, ƒo wo, eye wòwu wo.
18
Yosua wɔ aʋa kple fia mawo eteƒe didi.
19
Duawo dometɔ aɖeke mewɔ ŋutifafa kple Israelviwo o, negbe Xivitɔwo ko. Woawoe nɔ Gibeon. Ke du bubuawo katã ya la, aʋae wòwɔ kpli wo hafi xɔ wo.
20
Aƒetɔ ŋutɔ ƒe nuɖoɖo wònye be woasẽ dzi me be yewoawɔ aʋa kple Israelviwo ale be to ema me la, woatsrɔ̃ wo keŋkeŋ nublanuimakpɔtɔe. Aleae Aƒetɔ gblɔ na Mose be wòawɔ.
21
Ɣe ma ɣi la, Yosua yi ɖatsrɔ̃ ame dzɔtsu siwo woyɔna be Anakitɔwo la le tonyigbawo dzi le Xebron, Debir, Anab kple esiwo katã le tonyigbawo dzi le Yuda kple Israel. Yosua tsrɔ̃ wo kpakple woƒe duwo keŋkeŋ.
22
Anakitɔ aɖeke megasusɔ ɖe Israel-nyigba dzi o, negbe Gaza, Gat kple Asdod koe ʋɛ aɖewo ganɔ.
23
Ale Yosua xɔ anyigba la katã abe ale si tututu Aƒetɔ la gblɔe na Mose ene. Tete Yosua tsɔ anyigba la na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene, eye wòmae na toawo katã, to ɖe sia ɖe kple etɔ. Tete anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24