bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 4
Joshua 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 5 →
1
Esi dukɔ blibo la tso Yordan-tɔsisi la vɔ la, Aƒetɔ gblɔ na Yosua be:
2
“Tia ŋutsu wui eve tso dukɔ la me, ŋutsu ɖeka natso to ɖe sia ɖe me.
3
Gblɔ na wo be: ‘Miyi ɖe teƒe si tututu nunɔlawo tsi tsitre ɖo le Yordan-tɔsisia titina la, ne miaɖe kpe wui eve le nunɔlaawo ƒe afɔteƒewo vɛ. Mina woatsɔ kpe siawo ayi afi si tsi ge miala adɔ egbe zã.’ ”
4
Ale Yosua yɔ ŋutsu wui eve siwo wòtia tso toawo dometɔ ɖe sia ɖe me le Israelviwo dome,
5
eye wògblɔ na wo be: “Midze ŋgɔ na Aƒetɔ, mia Mawu la ƒe nubablaɖaka la, eye miayi ɖe Yordan-tɔsisia titina. Mia dometɔ ɖe sia ɖe netsɔ kpe ɖeka ɖe abɔta, ɖe Israel-toawo ƒe xexlẽme nu.
6
Kpe siawo nanye dzesi na mi, ale be ne mia viwo bia mi se gbe aɖe gbe be: ‘Nu ka ta kpe siawo le afii ɖo?’ mahã la,
7
ekema miaɖo eŋu na wo be gbe aɖe gbe la, Yordan-tɔsisi la me ma, eye wòdzudzɔ sisí esime wokɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la le eme tom. Ale kpe siawo anye ŋkuɖodzinu na Israelviwo tegbee.”
8
Ale ŋutsuawo wɔ nu siwo Yosua gblɔ na wo be woawɔ la. Woɖe kpe wui eveawo tso Yordan titina vɛ, ɖe Israel toawo ƒe xexlẽme nu, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Yosua ene, wotsɔ wo va da ɖe afi si wodro ɖo la.
9
Yosua ŋutɔ hã tsɔ kpe wui eve tu tsitre ɖe teƒe si nunɔla siwo tsɔ nubablaɖakaa tsi tsitre ɖo le Yordan-tɔgoa titina. Kpeawo gale afi ma va se ɖe egbe.
10
Nunɔlaawo tsi tsitre ɖe Yordan-tɔgoa titina ʋuu va se ɖe esime wowɔ nu siwo katã Aƒetɔ gblɔ na Yosua be woawɔ la vɔ. Nu siawoe Mose ɖo na Yosua be wonewɔ. Dukɔ la zɔ kabakaba ɖo tɔa godo.
11
Esi ame sia ame ɖi go ɖe go kemɛ dzi vɔ la, nunɔlaawo kɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la, eye wodze dukɔa ŋgɔ.
12
Ruben-to ƒe ŋutsuwo, Gad-to ƒe ŋutsuwo kple Manase-to ƒe ŋutsuwo ƒe afã bla akpa, eye wodze Israelviwo ŋgɔ, abe ale si Mose ɖoe na wo la ene.
13
Ŋutsu siwo bla akpa alea na aʋawɔwɔ le Aƒetɔ ŋkume anɔ ame akpe bla ene. Woɖo ta gbegbe si te ɖe Yerixo-dua ŋu.
14
Gbe ma gbe la, Aƒetɔ do kɔkɔ Yosua ŋutɔ le Israelviwo katã ŋkume. Ale le eƒe agbe me ŋkekewo katã me la, wode bubu eŋu, eye wovɔ̃e abe Mose ene.
15
Azɔ Aƒetɔ gblɔ na Yosua be:
16
“Gblɔ na nunɔla siwo tsɔ nubablaɖaka la be woado go le Yordan-tɔgoa me.”
17
Ale Yosua gblɔ na nunɔlaawo be: “Mido go le tɔgoa me!”
18
Kaka nunɔla siwo tsɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la naɖi go ko la, tɔsisia gaƒo ƒu enumake. Egade asi sisí me, ɖɔ hegbagba va gota abe tsã ene.
19
Dukɔa ɖi go ɖe Yordan godo le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke ewolia dzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal le Yerixo ƒe ɣedzeƒe gome.
20
Azɔ Yosua tsɔ kpe wui eve siwo woɖe le Yordan-tɔgoa me la tu ɖe Gilgal.
21
Egblɔ na Israelviwo be: “Ne mia viwo bia mi gbe aɖe gbe be: ‘Nu ka ta kpe siawo le afii?’ mahã la,
22
miɖo eŋu na wo be: ‘Mí Israelviwo míezɔ anyigba ƒuƒui to Yordan me kpɔ.
23
Elabe Aƒetɔ, mía Mawu la, na Yordan-tɔsisia mie zu ƒuƒuiƒe na mí va se ɖe esime mieto eme do vɔ, abe ale si wòna Aƒlaƒu la mie zu ƒuƒuiƒe na mía tɔgbuiwo woto eme do ene.
24
Le esia ta, xexemedukɔwo katã lava nya be Aƒetɔ ƒe ŋusẽ tri akɔ, eye miavɔ̃ Aƒetɔ, mia Mawu la tegbee.”
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24