bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 2
Joshua 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 3 →
1
Yosua, Nun vi la, dɔ ŋutsu eve tso asaɖa si le Sitim la me le adzame ɖo ɖe Kanaan-nyigba dzi. Egblɔ na wo be: “Miyi ɖatsa le anyigba la dzi nyuie, eye mialé ŋku ɖe nuwo ŋu tsitotsito, vevietɔ milé ŋku ɖe Yerixo-dua ŋu.” Amedɔdɔawo yi, eye woge ɖe gbolo aɖe si ŋkɔe nye Raxab la ƒeme hedze egbɔ.
2
Ke amewo yi ɖagblɔ na Yerixo-fia be: “Kpɔ ɖa, Israel-ŋutsu aɖewo va afii egbe zã be woatsa ŋku le míaƒe anyigba la me.”
3
Ale Yerixo-fia gblɔ ɖo ɖe Raxab be: “Ame siwo va dze gbɔwò la, ɖe wova be yewoatsa le anyigba blibo la dzi alé ŋku ɖe nuwo ŋu tsitotsito, eya ta kplɔ wo vɛ nam.”
4
Ke nyɔnua ɖo eŋu be: “Ele eme be ŋutsu aɖewo va gbɔnye baa, ke nyemenya afi si wotso va o.
5
Esi ɣe yina to ɖo ge la, wodzo hafi wodo agbo la. Nyemenya afi si woɖo tae o. Midze wo yome kaba; miele wo tu ge le mɔ dzi.”
6
Ke do ŋgɔ la, Raxab na ŋutsu eveawo yi ɖe eƒe xɔ tame, eye wòlɔ ɖetifu si wòsia ɖe afi ma la tsyɔ wo dzi.
7
Ale fia ƒe amedɔdɔawo do le dua me, eye wodo agbo la. Woti ŋkutsalaawo yome ʋuu va ɖo tɔtsoƒe le Yordan-tɔsisi la nu.
8
Hafi ŋkutsalaawo nadɔ alɔ̃ la, Raxab yi ɖe wo gbɔ le xɔa tame.
9
Egblɔ na wo be: “Menya be Aƒetɔ tsɔ anyigba sia na mi. Le ŋɔdzi si le mia ŋu ta la, mí anyigba sia dzi nɔlawo katã míele mia vɔ̃m ŋutɔŋutɔ.
10
Míese ale si Aƒetɔ na Aƒlaƒu la mie zu ƒuƒuiƒe le mia ŋgɔ, esime mieʋu tso Egipte. Ale si mietu nu kple Sixon kple Og, Amori-fiawo, le Yordan godo hetsrɔ̃ wo gbidigbidi la hã le nyanya na mí.
11
Esi míese nya siawo le mia ŋu la, vɔvɔ̃ ɖo mí katã, dzi ɖe le ame sia ame ƒo, eye míele mia vɔ̃m ŋutɔ. Elabe Aƒetɔ, mia Mawu la, le keke dziƒo ke, eye wògale anyigba dzi afii hã.
12
Fifia la, mità Aƒetɔ be yewole tɔ́nye ƒometɔwo nu ve ge, alé be na wo, abe ale si nye hã meve mia nu, eye melé be na mii ene. Medi be miaɖo kpe edzi nam kple dzesi aɖe.
13
Mika ɖe edzi nam be nɔnye kple tɔ́nye, nɔvinye ŋutsuwo kple nɔvinye nyɔnuwo kpakple woƒe ƒometɔwo katã le agbe tsi ge, yewole mía xɔ ge ɖe agbe.”
14
Ŋutsuawo gblɔ nɛ be: “Ne mègblɔ nu si wɔ ge míeva la ame aɖeke se o, eye Aƒetɔ tsɔ anyigba sia na mí la, ekema míawo hã míaɖi anukware, ave mia nu, alé be na mi. Evɔ ne míewɔ míaƒe nya dzi o la, Mawu netsrɔ̃ mí ɖe mia teƒe!”
15
Azɔ la, gli si ƒo xlã Yerixo-dua la ƒe akpa aɖe nye aƒe si me Raxab nɔ la ƒe gli. Ale wòna ŋutsuawo ɖiɖi kple ka to fesre nu ɖe anyi.
16
Egblɔ na wo be: “Miyi ɖe toawo dzi, be mia yometilawo nagakpɔ mi o. Mibè ɖe afi ma ŋkeke etɔ̃ va se ɖe esime woatrɔ agbɔ. Emegbe la, miate ŋu adzo ayi.”
17
Ŋutsuawo gblɔ nɛ be: “Míawɔ atam si nèna míeka na wò la dzi.
18
Kpɔ ɖa, nu si míadi be nàwɔ ne míegbugbɔ va anyigba sia dzi lae nye esi: sa ka dzĩ sia ɖe fesre si nu nèna míeɖiɖi to la ŋu. Kplɔ tɔ́wò ƒometɔwo katã va ƒo ƒu ɖe aƒewò me, afii.
19
Ne wo dometɔ aɖe do le aƒea me yi ablɔ me, eye nane wɔe la, eka eya ŋutɔ; menye míaƒe nya o. Evɔ nenye be wowu ame aɖe le aƒewò me la, ekema míedo hlɔ̃.
20
Ke ne ègblɔ nu si wɔ ge míeva ame aɖe se la, ekema ne míetu atam si nèna míeka na wò la, mía tɔ dzɔ.”
21
Raxab gblɔ na wo be: “Meda asi ɖe miaƒe nya la dzi.” Ena ŋutsuawo dzo. Esa ka dzĩ la ɖe fesre la ŋu.
22
Ŋutsuawo dzo, eye woyi ɖabè ɖe toawo dome ŋkeke etɔ̃. Ame siwo ti wo yome la tsa di wo le mɔa katã dzi ʋuu, gake womekpɔ wo o. Ale wogbugbɔ yi Yerixo-dua me.
23
Emegbe ŋutsu eveawo gbɔ va Yosua, Nun vi la gbɔ, eye wogblɔ nu siwo katã dzɔ la nɛ.
24
Wogblɔ nɛ be: “Ðikeke aɖeke mele eme o, be Aƒetɔ tsɔ anyigba la katã na mí. Kpɔ ɖa, esi anyigba la dzi nɔlawo nyase mía ŋkɔ ko la, vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔŋutɔ.”
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24