bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 12
Joshua 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 13 →
1
Israelviwo ɖu fia eve dzi, eye woxɔ woƒe anyigba le wo si. Anyigba la tso Yordan-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome to Arnon-tɔʋu nu va se ɖe Xermon-to kple gbadzaƒe si le ɣedzeƒe gome la gbɔ. Fia siwo dzi woɖu la dometɔ ɖekae nye
2
Sixon. Eyae nye Amoritɔwo ƒe fia. Enɔ Xesbon. Eƒe dziɖuƒe tso Aroer gbɔ le Arnon-tɔʋu nu to tɔʋu la ƒe go ɖeka dzi, hetsɔ Gilead ƒe afã ɖe eme va se ɖe Yabok-tɔʋu si nye Amonviwo ƒe liƒo la nu.
3
Eƒe dziɖuƒe la gatso gbadzaƒe la yi Kinerot-ƒu nu le ɣedzeƒe, eye wòva Dzeƒu si le tagba nu le ɣedzeƒe, ɖo ta Bet-Yesimot va se ɖe Pisga-to ƒe aga nu le anyigbeme.
4
Fia eveliae nye Og, Basan-fia. Eyae nye ame dzɔtsu mamlɛtɔ si nɔ Astarot kple Edrei nyigbawo nu.
5
Eƒe dziɖuƒee nye Xermon-to, Salxa kple Basan blibo la, eye wòkeke va se ɖe keke Gesuritɔwo kple Maaxatitɔwo ƒe liƒo ŋu ke. Gilead ƒe afã kple Sixon, Xesbon-fia ƒe anyigba hã le eme.
6
Mose kple Israelviwo ɖu fia eve siawo dzi, eye Mose, Mawu ƒe dɔla tsɔ woƒe anyigbawo na Ruben kple Gad viwo kpakple Manase ƒe to afã wozu wo tɔ.
7
Yosua kple Israelviwo ɖu fia siwo katã le anyigba si le Yordan-tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe gome la dzi. Anyigba la tso Baal-Gad le Lebanon-bali me va se ɖe Xalak-to si le anyigbeme le Seir gbɔ la dzi. Yosua tsɔ anyigba la na Israel-toawo, eye wòmae ɖe toawo nu, to ɖe sia ɖe kple etɔ.
8
Teƒe siwo anyigba la tsɔ ɖe eme la woe nye tonyigba la, gbadzaƒe si le toawo gbɔ, tagba la, toawo ŋu kple gbegbe la. Anyigba la dzi nɔlawoe nye: Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo.
9
Israelviwo ɖu du siwo gbɔna la ƒe fiawo dzi: Yerixo, Ai si te ɖe Betel ŋu
10
Yerusalem, Xebron,
11
Yarmut, Laxis,
12
Eglon, Gezer,
13
Debir, Geder,
14
Xorma kple Arad.
15
Bubuwo nye: Libna, Adulam,
16
Madeda, Betel,
17
Tapua, Xefer,
18
Afek kple Saron.
19
Bubuwo hãe nye: Madon, Xazor,
20
Simoron-Meron, Axsaf,
21
Tanax, Megido
22
Kedes, Yokneam si le Karmel-to ŋu,
23
Dor si le Dor-ƒuta, Gilgal-dukɔ vovovowo
24
kple Tirza. Fiaawo katã ƒe xexlẽme nye bla etɔ̃ vɔ ɖekɛ.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24