bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 5
Joshua 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 6 →
1
Esi Amoritɔwo ƒe fia siwo katã le Yordan-tɔsisia ƒe ɣetoɖoƒe gome kple Kanaanitɔwo ƒe fia siwo le ƒu nu se be Aƒetɔ na Yordan-tɔsisia mie zu ƒuƒuiƒe, va se ɖe esime Israelviwo to eme do la, dzika tso wo ƒo ŋutɔ, eye dzi ɖe le wo ƒo.
2
Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: “Tsɔ kpe sesẽ, wɔ hɛ, ne nàgatso aʋa na Israelviwo zi evelia.”
3
Ale Yosua di kpe sesẽ, tu hɛ, eye wòtso aʋa na Israelviwo le Gibeat-Aralot
4
Nu si ta Yosua tso aʋa na wo lae nye be, dukɔa ƒe ŋutsu siwo katã ʋu tso Egipte-nyigba dzi, ŋutsu aʋawɔlawo katã, ku le mɔ ta le gbedadaƒo esime woʋu tso Egipte.
5
Togbɔ be wotso aʋa na ŋutsu siwo katã ʋu hã la, wometso aʋa na ame siwo katã wodzi le mɔ ta le gbedadaƒo esime woʋu tso Egipte la ya o.
6
Elabe Israelviwo zɔ mɔ le gbedadaƒo ƒe bla ene sɔŋ va se ɖe esime dukɔa katã, ŋutsu aʋawɔla siwo ʋu tso Egipte la, ku; elabe womeɖo to Aƒetɔ ƒe gbe o. Woawoe Aƒetɔ ka atam na be yemana woade anyigba si ŋu Aƒetɔ ka atam ɖo na wo tɔgbuiwo be yeatsɔ na mí la dzi o, anyigba si dzi yɔ fũu kple notsi kpakple anyitsi la.
7
Ŋutsu siawo ƒe viŋutsuviwoe Yosua nyi hetsɔ wo ɖo wo tɔ́wo teƒe, eye wòtso aʋa na, elabe wometso aʋa na wo dometɔ aɖeke le mɔa dzi o.
8
Le aʋatsotso na wo vɔ megbe la, wonɔ afi ma va se ɖe esime abia ku na wo.
9
Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: “Egbe la, meɖe kluvinyenye si le mia ŋu tso Egipte la ɖa le mia ŋu.” Ale woyɔa teƒe ma tso ɣe ma ɣi va se ɖe egbe be Gilgal.
10
Esime Israelviwo le asaɖa me le Gilgal le gbegbe si te ɖe Yerixo ŋu la, woɖu Paska la le afi ma le ɣletia ƒe ŋkeke wui enelia ƒe fiẽ.
11
Le ŋufɔke la, woɖu agblemenuku si tso Kanaan-nyigba me zi gbãtɔ. Nu si woɖu lae nye blimu memee kple abolo maʋamaʋã.
12
Gbe si gbe woɖu anyigba la ƒe agblemenuku zi gbãtɔ ƒe ŋufɔke la, mana la dzudzɔ gege, eye womegakpɔnɛ ɖuna o. Tso gbe ma gbe la, wode asi agblemenuku si tso Kanaan-nyigba me la ɖuɖu me.
13
Esi Yosua te ɖe Yerixo ŋu la, efɔ mo dzi. Tete wòkpɔ ŋutsu aɖe si le tsitre ɖe eŋgɔ. Yi le esi. Yosua zɔ ɖe edzi biae be: “Mía dzie nèle loo, alo míaƒe futɔwo dzi nèlea?”
14
Ŋutsua ɖo eŋu be: “Gbeɖe, Aƒetɔ ƒe aʋakplɔla menye. Azɔ meva ɖo.” Yosua tsyɔ mo anyi, de ta agu, eye wòbiae be: “Nye Aƒetɔ, nu ka nèdi be mawɔ?”
15
Tete Aƒetɔ ƒe aʋakplɔla la gblɔ nɛ be: “Ðe afɔ le afɔkpa me, elabe teƒe kɔkɔe nètsi tsitre ɖo.” Yosua ɖe afɔkpa le afɔ.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24