bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 9
Joshua 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 10 →
1
Fia siwo katã le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe gome la se Israelviwo ƒe dziɖuɖu la. Woawoe nye Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe fiawo, eye wole toawo dzi kple gbadzaƒe siwo le Domeƒu la nu ɖado ɖe keke Lebanon ke.
2
Ale woƒo ƒu, sɔ nu, be yewoawɔ aʋa kple Yosua kple Israelviwo.
3
Ke Gibeontɔwo ya se nu si Yosua tu kple Yerixotɔwo kple Aitɔwo.
4
Ale woawo ya wɔ aye aɖe. Wodi nuɖuɖu na mɔzɔzɔ, di kotoku xoxowo do agbae na woƒe tedziwo, eye wotsɔ waingolo xoxo, vuvu, siwo woka la.
5
Wodo afɔkpa xoxo, vuvu, siwo woka la. Woƒe awuwo do xoxo, eye abolo si wotsɔ ɖe asi la ƒu kplákplakpla hefli keŋ.
6
Tete woyi Yosua gbɔ le asaɖa la me le Gilgal eye wògblɔ na eya kple Israel-ŋutsuwo be: “Anyigba si dzi míetso va la metsɔ o. Ale míedi be miabla nu kpli mí.”
7
Ke Israel-ŋutsuwo gblɔ na Xivitɔwo be: “Ðewohĩ mietso didiƒe aɖeke o. Ale ke wɔ míabla nu kpli mi?”
8
Gibeontɔwo ɖo eŋu be: “Wò dɔlawo míenye.” Yosua bia wo be: “Ame kawo mienye? Afi kae mietso?”
9
Woɖo eŋu nɛ be: “Amegã, anyigba si dzi míetso va la didi ŋutɔ, elabe míese Aƒetɔ, wò Mawu la ŋkɔ. Míese nu siwo katã wòwɔ le Egipte
10
kple nu si wòtu kple Amoritɔwo ƒe fia eveawo, Sixon, Xesbon-fia kple Og, Basan-fia si nɔ Astarot, le Yordan godo la hã.
11
Míaƒe ame tsitsiwo kple dukɔmetɔwo katã gblɔ na mí be míadi nuɖuɖu ɖe asi ne míadze mɔ ava do go mi. Wobe miaƒe dɔlawo yewonye eya ta míava bla nu kpli mi.
12
Abolo si míetsɔ ɖe asi lae nye esi. Gbe si gbe míedze mɔ tso mía de la, abolo dzodzoe wònye nɔ mía si; ke fifia la, kpɔ ɖa, eƒu, hefli keŋkeŋ.
13
Waingolo siawo la, golo yeyewoe wonye míekɔ wain ɖe wo me woyɔ, ke fifia la, kpɔ ɖa, wowó. Azɔ la, mɔ didi si míezɔ lae wɔe be míaƒe awuwo kple afɔkpawo hã vuvu alea.”
14
Ale Israel-ŋutsuwo xɔ Gibeontɔwo ƒe nuɖuɖua ƒe ɖe. Evɔ la, ɖe wòle be woabia gbe Aƒetɔ gbɔ hafi.
15
Tete Yosua wɔ ŋutifafa kple Gibeontɔwo, eye wòbla nu kpli wo be yeana woatsi agbe. Ameha la ƒe amegãwo ka atam ɖo kpe nubabla la dzi na wo.
16
Esi wobla nu kple Gibeontɔwo vɔ ƒe ŋkeke etɔ̃ megbe la, Israelviwo va nya be menye didiƒee wotso va o, ke boŋ wotsɔ ɖe yewo gbɔ kpuie.
17
Israelviwo dze mɔ eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wova ɖo Gibeon-duwo me. Woawoe nye Gibeon, Kefira, Berot kple Kiryat-Yearim.
18
Ke Israelviwo mewu wo o, elabe ameha la ƒe amegãwo tà Aƒetɔ, Israel Mawu la, na wo. Ale ameha blibo la lĩ liʋiliʋĩ le nu si woƒe amegãwo wɔ la ta.
19
Tete wo kplɔlawo katã gblɔ na wo be: “Míetà Aƒetɔ, Israel Mawu la na wo, eya ta míate ŋu awɔ vɔ̃ aɖeke wo o.
20
Le atam si míeka ta la, ele be míana woatsi agbe be Mawu nagahe to na mí o.
21
Tete kplɔlaawo gagblɔ na wo be: “Mina ne woatsi agbe.” Ale Gibeontɔwo va zu nakefɔlawo kple tɔmedelawo na ameha blibo la abe ale si kplɔlaawo gblɔe ene.
22
Azɔ Yosua na woyɔ Gibeontɔwo va egbɔ eye wògblɔ na wo be: “Nu ka ta mieble mí gblɔ be didiƒe kee yewotso, evɔ wònye mietsɔ ɖe mía gbɔ kpuie hafi?
23
Azɔ aɖi mia ŋu. Kluviwo, nakefɔlawo kple tɔmedelawo ko nye ge miala anɔ nye Mawu la ƒeme tegbee.”
24
Woɖo eŋu na Yosua be: “Nu si ta míetre aye sia lae nye be míese be Aƒetɔ, wò Mawu la gblɔ na eƒe dɔla Mose be yeatsɔ anyigba sia katã ana mi, eye yeawu edzinɔlawo katã le mia ŋgɔ. Míevɔ̃ be miava tsrɔ̃ mí, eya ta míeɖe afɔ sia ɖo.
25
Kpɔ ɖa, azɔ míele asiwò me. Nu si wò ya nèbu be eyae nyo, eye wòdze be yeawɔ mí la, wɔ mí.”
26
Ale Yosua xɔ na wo, eye meɖe mɔ le wo ŋu na Israelviwo be woawu wo o.
27
Ke tso gbe ma gbe dzi la, Yosua na Gibeontɔwo zu nakefɔlawo kple tɔmedelawo na ameha la kple Aƒetɔ ƒe vɔsamlekpui la. Wogale dɔ siawo wɔwɔ dzi va se ɖe egbe eye woayi wo wɔwɔ dzi le teƒe si Aƒetɔ atia be woasubɔ ye le la.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24