bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 21
Joshua 21
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 22 →
1
Azɔ Levi-to la ƒe amegãwo va nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israelviwo ƒe ƒomemetsitsiwo gbɔ
2
le Silo le Kanaan-nyigba dzi. Wogblɔ na wo le afi ma be: “Aƒetɔ gblɔ na Mose be wòana duwo mí míanɔ wo me eye lãnyiƒewo nakpe ɖe wo ŋu na míaƒe lãhawo.”
3
Ale Israelviwo wɔ nu si Aƒetɔ di be wonewɔ: wotsɔ woƒe du aɖewo kple wo ŋu nyigbawo na Levitɔwo.
4
Ðe wodzidze nu hafi ƒome ɖe sia ɖe xɔ eƒe du. Kehat ƒome si tso nunɔla Aron ƒe dzidzimeviwo dome lae xɔ eƒe duwo gbã. Exɔ du wui ene tso Yuda, Simeon kple Benyamin towo me.
5
Kehat ƒomea me tɔ mamlɛawo xɔ du ewo tso Efrayim kple Dan towo kpakple Manase-to afã ɣetoɖoƒetɔ me.
6
Wodzidze nu eye wotsɔ du wui ene na Gerson viwo tso Isaxar, Aser kple Naftali towo kpakple Manase-to afã ɣedzeƒetɔ me le Basan-nyigba me.
7
Wotsɔ du wui eve na Merari viwo le woƒe ƒomewo nu ɖe Ruben, Gad kple Zebulon towo me.
8
Ale wɔ Israelviwo dzidze nu eye to ewɔwɔ me la, wotsɔ du siwo woyɔ va yi kple esiwo gbɔna la kple wo ŋu nyigbawo na Levitɔwo, abe ale si Aƒetɔ di tso wo si to Mose dzi ene.
9
Wotsɔ du siwo gbɔna la tso Yuda kple Simeon toawo me na
10
Kehat ƒome si tso Aron ƒe dzidzimeviwo dome, elabe woawo dzie nudzidze la dze gbã. Duawoe nye:
11
Arba. Du sia nye Anak tɔ́ ƒe du. Woyɔnɛ fifia be Xebron. Ele Yuda-tonyigba dzi, eye wotsɔ lãnyiƒe si ƒo xlãe la hã kpe ɖe eŋuti.
12
Ke wotsɔ agbledeƒe siwo le dua gbɔ kple dua ƒe kɔƒewo na Kaleb, Yefune vi, xoxo wozu etɔ.
13
Hekpe ɖe Xebron si nye sitsoƒedu ŋu la, wotsɔ du siwo gbɔna la kple wo ŋu lãnyiƒewo na nunɔla Aron ƒe dzidzimeviwo: Libna,
14
Yatir, Estemoa,
15
Xolon, Debir,
16
Ayin, Yuta kple Bet-Semes. Wole du asieke tso Yuda kple Simeon toawo me.
17
Du siwo wona wo le Benyamin-to la me la woe nye: Gibeon, Geba,
18
Anatot kple Almon. Wole du ene kple wo ŋu lãnyiƒewo.
19
Du siwo katã wotsɔ na nunɔla Aron ƒe dzidzimeviwo la le du wui ene hekpe ɖe wo ŋu lãnyiƒewo ŋu.
20
Le Kehat viwo ƒe ƒome mamlɛawo siwo hã nye Levitɔwo gome la, wotsɔ duwo na wo ɖe Efrayim-to me.
21
Du siawoe nye Sixem, si nye sitsoƒedu le Efrayim- tonyigba dzi kple eŋu lãnyiƒewo. Gezer,
22
Kibzayim, Bet-Xoron kple wo ŋu lãnyiƒewo. Wole du ene.
23
Wotsɔ du ene kple wo ŋu lãnyiƒewo na wo ɖe Dan-to me. Woawoe nye: Elteke, Gibeton,
24
Ayalon kple Gat-Rimon.
25
Du eve kple wo ŋu lãnyiƒe siwo wotsɔ na wo le Manase-to afã ɣetoɖoƒetɔ me la woe nye Tanax kple Gat-Rimon.
26
Du kple wo ŋu lãnyiƒe siwo katã wotsɔ na Kehat viwo ƒe ƒome mamlɛa le ewo.
27
Levitɔwo ƒe ƒome bubu aɖe hãe nye Gerson viwo. Wotsɔ du eve kple wo ŋu lãnyiƒewo na woawo hã le Manase-to afã ɣedzeƒetɔ me. Duawoe nye: Golan le Basan, si nye sitsoƒedu kple Beestera.
28
Du ene kple wo ŋu lãnyiƒe siwo wotsɔ na wo ɖe Isaxar-to la me la woe nye: Kision, Daberat
29
Yarmut kple En-Ganim.
30
Wotsɔ du ene kple wo ŋu lãnyiƒewo na wo ɖe Aser-to la me. Woawoe nye: Misal, Abdon,
31
Xelkat kple Rexob.
32
Du etɔ̃ kple wo ŋu lãnyiƒe siwo wotsɔ na wo le Naftali-to la me la woe nye: Kedes le Galilea, si nye sitsoƒedu, Xamot-Dor kple Kartan.
33
Ale Gerson viwo ƒe ƒomeawo ƒe duwo hekpe ɖe wo ŋu lãnyiƒewo katã ŋu va le du wui ene.
34
Levitɔ siwo ko gasusɔ la woe nye Merari viwo ƒe ƒomeawo. Wotsɔ du ene kple wo ŋu lãnyiƒewo na wo le Zebulon-to la me. Woawoe nye: Yokneam, Karta,
35
Dimna kple Nahalal.
36
Wotsɔ du ene kple wo ŋu lãnyiƒewo na wo le Ruben-to la me. Woawoe nye: Bezer, Yaza,
37
Kedemot kple Mefaat.
38
Du ene kple wo ŋu lãnyiƒe siwo wotsɔ na wo le Gad-to la me la woe nye: Ramot le Gilead si nye sitsoƒedu, Maxanaim,
39
Xesbon kple Yazer.
40
Ale du siwo katã Merari viwo, siwo nye Levitɔwo ƒe ƒome mamlɛawo xɔ la va le wui eve.
41
Levitɔwo ƒe du siwo le Israelviwo ƒe anyigba dzi la le du bla ene vɔ enyi kple wo ŋu lãnyiƒewo.
42
Lãnyiƒewo le du siawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu godoo va kpe. Nenema wònɔ na du siawo katã.
43
Ale Aƒetɔ tsɔ anyigba si wòka atam be yele tsɔtsɔ ge ana Israelviwo tɔgbuiwo la katã na Israel-dukɔ la. Esi woxɔ anyigba la le edzinɔlawo si vɔ keŋ la, wotso aƒewo ɖe edzi eye wonɔ afi ma.
44
Aƒetɔ na woƒe dzi dze eme le anyigba blibo la dzi, abe ale si wòdo ŋugbe na wo tɔgbuiwo ene. Woƒe futɔwo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mete ŋu nɔ te ɖe wo nu kpɔ o, elabe Aƒetɔ na woɖu wo katã dzi.
45
Nu nyui siwo katã ŋugbe Aƒetɔ do na Israel-dukɔa la su wo si keŋ; ɖeke mesusɔ o.
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 22 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24