bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 23
Joshua 23
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 24 →
1
Le esiawo megbe la, Aƒetɔ na Israelviwo kpɔ gbɔdzɔe tso woƒe futɔ siwo ƒo xlã wo godoo la si me. Wonɔ anyi alea ɣeyiɣi didi aɖe. Ke Yosua va tsi zu amegãɖeɖi.
2
Eya ta eyɔ Israelviwo katã, woƒe ame tsitsiwo, tatɔwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo eye wògblɔ na wo be: “Fifia la, metsi: mexɔ ƒè geɖee.
3
Miawo ŋutɔ miekpɔ nu siwo katã Aƒetɔ, mia Mawu la xa ɖe mia ta tu kple dukɔ siwo katã ƒo xlã mi la. Elabe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋutɔ xɔ aʋa ɖe sia ɖe wɔ na mi.
4
Kpɔ ɖa! Mema dukɔ siwo susɔ la ƒe anyigbawo na miaƒe toawo, wozu woƒe domenyinu, hekpe ɖe dukɔ siwo katã dzi meɖu va yi la tɔwo ŋu, tso Yordan-tɔsisi nu le ɣedzeƒe gome va se ɖe Domeƒu la nu le ɣetoɖoƒe gome.
5
Aƒetɔ, mia Mawu la, ana futɔawo agbugbɔ ayi megbe le mia ŋgɔ, eye wòanyà wo ɖa keŋkeŋ. Miegale wo kpɔ ge o. Ale miaxɔ woƒe anyigba abe ale si Aƒetɔ, mia Mawu la do ŋugbe na mi ene.
6
Eya ta minɔ te sesĩe eye milé nu siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me la me ɖe asi, eye mizɔ ɖe wo nu. Migagblẽ akpa aɖeke ɖi o.
7
Migatsaka kple dukɔ siwo susɔ ɖe mia dome la me tɔwo o. Migayɔ woƒe mawuwo ŋkɔ, tsɔ wo ata nui, subɔ wo alo ade ta agu na wo o.
8
Ke boŋ miku ɖe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋu abe ale si mieku ɖe eŋu va se ɖe egbe ene.
9
Aƒetɔ nyà dukɔ gã triakɔwo ɖa le mia ŋgɔ, eye va se ɖe fifi la, ame aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe mia nu kpɔ o.
10
Mia dome ame ɖeka te ŋu nyàa ame akpe ɖeka ɖe du nu, elabe Aƒetɔ, mia Mawu lae wɔa aʋa na mi, abe ale si wòdo ŋugbe na mii ene.
11
Eya ta milé be na mia ɖokui nyuie ne mialɔ̃ Aƒetɔ, mia Mawu la.
12
Ke ne miedzudzɔ nuteƒewɔwɔ, le agbe blibaa kple dukɔ siwo susɔ ɖe mia dome la me tɔwo, de asi wo ɖeɖe me la,
13
ekema evɔ na mi. Minya nyuie be Aƒetɔ, mia Mawu la, maganyà dukɔ siawo ɖa le mia ŋgɔ azɔ o. Woazu mɔ̀ tetre ƒomevi vovovowo anɔ mia dome; woanɔ abe ameƒotie wotsɔ le axadame ƒom na mi alo ŋue ge ɖe ŋkume na mi ene. Anɔ alea va se ɖe esime miatsrɔ̃ keŋkeŋ le anyigba sia, si Aƒetɔ, Mawu la na mi la dzi.
14
“Azɔ la, nye kuɣi ɖo. Mia dome ame sia ame kpɔe dze sii kɔtɛe le eƒe dzi kple luʋɔ me, be miaƒe asi su nu nyui siwo katã ŋugbe Aƒetɔ do na mi la dzi, eye mete ɖeka pɛ hã mi o.
15
Ke abe ale si Aƒetɔ, mia Mawu la, wɔ eƒe ŋugbe siwo katã wòdo na mi la dzi pɛpɛpɛ ene la, nenema tututu wòahe nuvɔ̃ɖi siwo keŋ wògblɔ be yeatrɔ akɔ ɖe mia dzi, ne mieɖo to ye o la, ava mia dzi vavã, ne miedze aglã ɖe eŋu.
16
Ne mietu Aƒetɔ, mia Mawu la ƒe nu, si wòbla kpli mi, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubu hede ta agu nɛ la, baba na mi! Aƒetɔ ado dɔmedzoe ɖe mia ŋu vevie, atsrɔ̃ mi alɔ tsɔtsɔe, miavɔ keŋ le anyigba si wòna mi la dzi.”
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 24 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24