bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 8
Joshua 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 9 →
1
Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: “Mègavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò hã o. Tso nàkplɔ aʋawɔlawo katã kpe ɖe ɖokuiwò ŋu nàyi ɖe Ai. Kpɔ ɖa, metsɔ Ai-fia, eƒe amewo, dua kple anyigba la de asi na wò.
2
Nu si nèwɔ na Yerixo-dua kple eƒe fia la la, wɔe na Ai-du kple eƒe fia la hã. Ke le eya gome la, miha woƒe nuwo kple nyihawo ne woazu mia tɔ. Na woadze dua dzi le vo me to emegbe.”
3
Ale Yosua kple eƒe aʋawɔlawo katã ho ɖe Ai ŋu. Etia kalẽtɔ akpe bla etɔ̃, eye wòɖo wo ɖe afi ma le zã me.
4
Egblɔ na wo be: “Miyi ɖade xa ɖe dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Miganɔ adzɔge tso egbɔ o. Minɔ klalo ne mialũ ɖe edzi.
5
Ke nye kple nye amewo katã ya la míazɔ ɖe dua dzi. Ne wodo va kpe mí la, míagasí le wo nu abe ale si míewɔe tsã ene.
6
Wole mía nya ge ɖe nu va se ɖe esime míana woahe ɖa le dua gbɔ. Wole bubu ge be sisím míegale le yewo nu. Ale míasí le wo gbɔ.
7
Ekema miawo miado le xadeƒe la axɔ dua, elabe Aƒetɔ, mia Mawu la atsɔe ade mia si.
8
Ne miexɔ dua vɔ la, mitɔ dzoe abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene. Kpɔ ɖa, nyee gblɔe na mi.”
9
Ale Yosua na wodzo yi, eye woɖade xa ɖe Ai-dua ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo le Betel kple Ai dome henɔ lalam. Ke Yosua ya tsi dukɔ la gbɔ dɔ zã ma.
10
Le ŋdi kanya la, Yosua fɔ, eye wòyɔ aʋawɔlaawo ƒo ƒui. Azɔ eya kple Israel-me tsitsiwo dze aʋawɔlaawo ŋgɔ ɖo ta Ai.
11
Aʋawɔla siwo katã le eŋu la zɔ yi ŋgɔ te ɖe dua ŋu. Woƒu asaɖa anyi ɖe bali si le woawo kple Ai-dua dome la me le dua ƒe dzigbeme lɔƒo.
12
Eɖe aʋawɔla akpe atɔ̃ lɔƒo, eye wòna woyi ɖade xa ɖe dua ƒe ɣetoɖoƒe gome le Betel kple Ai dome.
13
Ale wona aʋawɔlaawo dze aʋa ɖi; akpa gãtɔ le dua ƒe dzigbe gome, eye mamlɛawo le dua godo le ɣetoɖoƒe gome. Ke Yosua ŋutɔ tsi bali la me dɔ.
14
Esi Ai-fia kpɔ Yosua ƒe amewo la, eya kple eƒe aʋawɔlawo katã wɔ kaba do le dua me. Woɖi abu ɖo ta Yordan Bali la me be yewoaɖakpe aʋa kple Israelviwo. Fiaa menya be aʋawɔla aɖewo de xa ɖe dua ƒe ɣetoɖoƒe ɖe ye ŋu o.
15
Yosua kple eƒe amewo nɔ gbugbɔɖemegbe zɔm ɖo ta gbedadaƒo abe ɖe wole sisím le wo nu ene.
16
Tete Aitɔwo yɔ dua me tɔwo katã ƒo ƒu be woati Yosua kple etɔwo yome. Yosua na wonyà wo ɖe nu hedzo le dua gbɔ sãa.
17
Ŋutsu ɖeka hɔ̃ hã mesusɔ ɖe Ai alo Betel o. Wo katã wonyà Israelviwo ɖe nu eye dua tsi nuvo.
18
Tete Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: “Kɔ wò akplɔ dzi do ɖe Ai-dua gbɔ lɔƒo, elabe matsɔe ade asi na wò!” Ekɔe dzi do ɖa.
19
Kaka wòado asi ɖe dzi la, xadelaawo do go tso woƒe beɖoƒe, ƒu du ge ɖe dua me, xɔe eye wotɔ dzoe enumake.
20
Esi Aitɔwo nye kɔ kpɔ megbe la, wokpɔ be dzudzɔ de dzi kɔtɔɔ le yewoƒe dua dzi ɖa. Womenya afi si woasí ayi o, elabe aʋakɔ si wonyà ɖe nu ɖo ta gbedadaƒo la trɔ ɖe wo ŋu azɔ.
21
Yosua kple Israelviwo kpɔ be xadelawo xɔ dua, eye wotɔ dzoe. Ale wotrɔ ɖe Aitɔwo ŋu, eye wode asi wo wuwu me.
22
Israelvi siwo ge ɖe dua me hã do va, ale wotsɔ Aitɔwo ɖe to me, eye wowu wo katã; ame ɖeka hɔ̃ hã metsi agbe ahayi sisí ge o,
23
negbe Ai-fia la ko. Wolé eya agbagbee, eye wokplɔe va Yosua gbɔe.
24
Esi Israelviwo wu Aitɔ siwo katã nyà wo ɖe nu le gbedadaƒo kple yi vɔ keŋ la, wotrɔ va Ai-dua me, eye wowu ame sia ame kple yi.
25
Ame siwo katã wowu gbe ma gbe la ƒe xexlẽme de akpe wui eve sɔŋ, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.
26
Elabe Yosua megbugbɔ eƒe asi si wòtsɔ do akplɔ la ɖe dzi ɖe megbe o, va se ɖe esime wotsrɔ̃ Ai-dua me tɔwo katã.
27
Israelviwo ha aboyonuwo kple nyihawo na wo ɖokui, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Yosua ene.
28
Ale Yosua tɔ dzo Ai-dua wòfiã keŋkeŋ, eye wòzu aƒedo va se ɖe egbe.
29
Ede ka ve na Ai-fia ɖe ati aɖe me, eye wòna eƒe kukua nɔ afi ma va se ɖe fiẽ. Esi ɣe yina to ɖo ge la, ena woɖe ame kukua le afi ma, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe dua ƒe agbo nu. Wofɔ kpewo li kɔ gã aɖe ɖe edzi. Kpekɔa gale afi ma va se ɖe egbe.
30
Azɔ la, Yosua ɖi vɔsamlekpui na Aƒetɔ, Israel Mawu la ɖe Ebal-to dzi.
31
Eɖii abe ale si Aƒetɔ ƒe dɔla Mose gblɔ be woaɖii ene le nya si le segbalẽa me la nu. Nu si woŋlɔ ɖi lae nye be: “Vɔsamlekpui si woɖi kple kpe blibo siwo ŋu gakpe meka kpɔ o la.” Le vɔsa gbãtɔ si wowɔ le edzi me la, wotɔ dzo lã la katã na Aƒetɔ ɖeɖe ko, eye le evelia si wogawɔ le edzi gome la, vɔsalawo ɖu lã la ƒe ɖe.
32
Azɔ la, Israelviwo nɔ Yosua kpɔm wòŋlɔ Mose ƒe seawo ɖe kpeawo dzi le wo ŋkume.
33
Tete Israelviwo katã: eɖanye ame tsitsi, alo dzikpɔla alo ʋɔnudrɔ̃la o, eɖanye ɖevi alo amedzro o, wo katã wole tsitre ɖe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la ƒe axa eveawo dzi, dze ŋgɔ nunɔla siwo nye Levitɔwo, eye wotsɔ aɖakaa la. Dukɔ la ƒe afã le tsitre ɖe Gerizim-to la ŋgɔ, eye afã hã le tsitre ɖe Ebal-to la ŋgɔ. Aleae Mawu ƒe dɔla Mose bia tso wo si be woawɔ ne woƒe yayraxɔɣi ɖo.
34
Tete Yosua xlẽ seawo katã, yayratɔwo kple fiƒodetɔwo, sesĩe na wo pɛpɛpɛ, abe ale si woŋlɔ wo ɖe segbalẽa me la ene.
35
Exlẽ se siwo katã Mose de la na takpelaawo keŋ; nyɔnuwo, ɖeviwo kple amedzrowo siaa. Sea ƒe akpa aɖeke mesusɔ si mexlẽ na wo o.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24