bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 16
Joshua 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 17 →
1
Anyigba si Yosua ka na Yosef ƒe dzidzimeviwo ƒe anyigbemeliƒo la dze egɔme tso Yordan-tɔsisi nu le Yerixo gbɔ, eye wòto Yerixo-tɔʋuwo ƒe ɣedzeƒe gome heɖo ta gbedadaƒo la. Azɔ etso Yerixo heto toawo dzi va se ɖe keke Betel ke.
2
Liƒo la gatso Betel va ɖo Luz, eye wòto Arkitɔwo ƒe anyigba me va se ɖe Atarot.
3
Azɔ la eɖo ta ɣetoɖoƒe gome va to Yafletitɔwo ƒe anyigba ŋu do ɖe keke Bet-Xoron-nyigba ƒe anyigbeme. Liƒo la yi edzi tso afi ma va do ɖe Gezer, eye wòwu enu ɖe Domeƒu nu.
4
Anyigba siae Yosef viwo, Manase-to kple Efrayim-to xɔ abe woƒe domenyinu ene.
5
Anyigba si Efrayim viwo xɔ ɖe woƒe ƒomeawo nu lae nye esi: Eƒe ɣedzeƒeliƒo tso Aterot-Adar va se ɖe Bet-Xoron ƒe dzigbeme,
6
eye wòmlo to afi ma yi ɖatu Domeƒu la. Dzigbemeliƒo la tso Mixmetat hemlo to Taanat-Silo ƒe ɣedzeƒe eye wòto eƒe ɣedzeƒe gome va se ɖe Yanoax.
7
Etso Yanoax va to Atarot kple Naarat heto Yerixo ŋu va se ɖe Yordan-tɔsisi la nu.
8
Ɣetoɖoƒeliƒo la tso Tapuax to Kana-tɔʋu ŋu va wu enu ɖe Domeƒu la nu. Anyigba siae Efrayim viwo ƒe to la xɔ abe woƒe domenyinu ene, ɖe woƒe ƒomeawo nu.
9
Hekpe ɖe anyigba sia ŋu la, wotia du kple kɔƒe aɖewo le Manase viwo ƒe to la ƒe anyigba me siwo nye Efrayim viwo ƒe to la tɔ.
10
Ke Efrayim viwo menyà Kanaanitɔ siwo le Gezer la ɖa le woƒe anyigba dzi o, eya ta Kanaanitɔwo tsi Efrayim viwo dome va se ɖe egbe. Ke wonana wowɔa dɔ na wo abe woƒe kluviwo ene.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24