bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 17
Joshua 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 18 →
1
Yosua ka anyigba la ƒe akpa aɖe na Manase viwo ƒe to la, wònye wo tɔ gome elabe Manasee nye Yosef ƒe ŋgɔgbevi. Wotsɔ Gilead kple Basan nyigbawo na Maxir, Manase ƒe ŋgɔgbevi, ame si nye Gilead tɔ́, le eƒe aʋawɔwɔ ta.
2
Manase vi mamlɛawo viwo xɔ woƒe anyigba le Yordan- tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe gome le woƒe ƒomeawo nu. Woawoe nye: Abiezer, Xelek, Asriel, Sixem, Xefer kple Semida. Ame siawoe nye ƒomemetsitsiwo na Yosef vi Manase viŋutsuwo ƒe dzidzimeviwo.
3
Ke Zelofxad, ame si nye Xefer viŋutsu, ame si nye Gilead viŋutsu, ame si nye Maxir viŋutsu, ame si nye Manase viŋutsu la, medzi viŋutsuvi aɖeke o, negbe nyɔnuwo ko. Via nyɔnuawoe nye: Maxla, Noa, Xogla, Milka kple Tirza.
4
Wova nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple amegãwo gbɔ, eye wogblɔ na wo be: “Aƒetɔ di tso Mose si be wòana anyigba míawo hã abe míaƒe ƒomea me ŋutsuwo ene.” Ale Yosua na anyigba wo ɖe wo tɔ́ nɔvi ŋutsuwo dome, abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene.
5
Ale wɔ Manase viwo ƒe to la xɔ anyigba la ƒe mama ewo kpe ɖe Gilead kple Basan nyigba siwo le Yordan-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe na wo la ŋu,
6
elabe Manase viŋutsuwo kple via nyɔnuwo xɔ anyigba ɖe teƒe ɖeka. Ke wotsɔ Gilead-nyigba na Manase vi mamlɛawo.
7
Manase ƒe liƒo la tso Aser va to Mixmetat le Sixem ƒe ɣedzeƒe gome. Eto anyigbeme eye wòtsɔ En-Tapuaxtɔwo ɖe eme.
8
Tapuax-nyigba nye Manase tɔ, ke Tapuax-du si le Manase ƒe liƒo dzi la nye Efrayim ƒe dzidzimeviwo tɔ.
9
Azɔ la liƒo la zɔ ɖo ta anyigbeme va ɖo tɔʋu si woyɔna be Kana la nu. Du siwo le tɔʋua ƒe anyigbeme la nye Efrayim tɔ, togbɔ be wole Manase ƒe anyigba me hã. Liƒo la to tɔʋu la ƒe dzigbeme heva wu nu ɖe Domeƒu nu.
10
Anyigba la ƒe anyigbeme gome nye Efrayim tɔ, eye esi le dzigbeme gome la nye Manase tɔ eye Domeƒu la nye woƒe ɣetoɖoƒe gome liƒo. Wova kpe le Aser le dzigbeme eye wokpe le Isaxar le ɣedzeƒe.
11
Le Isaxar kple Aser nyigbawo dzi la, du aɖewo kple wo ŋu duwo li siwo nye Manase tɔ. Woawoe nye Bet-Sean, Yibleam, Dor, esi le ƒugo ŋu, En-Dor, Tanax, Megido kple du siwo ƒo xlã wo.
12
Togbɔ be du siawo nye Manase tɔ hã la, womete ŋu xɔ wo le Kanaanitɔ siwo le wo me la si o. Kanaanitɔawo tsi wo me ɖikaa.
13
Emegbe esi ŋusẽ va ɖo Israelviwo ŋu la, wozi duawo me nɔlawo dzi be woawɔ dɔ na yewo abe kluviwo ene, eye womenyà wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖa o.
14
Tete Yosef ƒe dzidzimeviwo gblɔ na Yosua be: “Ale ke wɔ nèna anyigba la ƒe memama teƒe ɖeka pɛ ko mí be wòanye mía tɔ? Evɔ la, tso ɣe aɖe ɣi va se ɖe fifia la, Aƒetɔ yra mí, eye míedzi sɔ gbɔ ŋutɔ.”
15
Yosua ɖo eŋu na wo be: “Nenye be miesɔ gbɔ, eye miexaxa le tonyigba si le Efrayim la dzi la, ekema miyi ɖaƒo ave siwo le Perizitɔwo kple Refaimtɔwo ƒe anyigba dzi kpe ɖe miaƒe anyigba la ŋu.”
16
Woɖo eŋu be: “Tonyigba la made mía nu o. Gawu la, gatasiaɖamwo le Kanaanitɔ siwo katã le gbadzaƒe la kple esiwo le Bet-Sean kple eƒe duwo me kpakple esiwo le Yezreel-bali me la, si.”
17
Tete Yosua gblɔ na Yosef ƒe aƒe si nye Efrayim-to la kple Manase-to si le ɣetoɖoƒe gome la be: “Nyateƒee, miesɔ gbɔ vavã eye ŋusẽ le mia ŋu ŋutɔ. Menye anyigba la ƒe memama teƒe ɖeka pɛ ko miaxɔ o.
18
Tonyigba la anye mia tɔ. Togbɔ be teƒea nye ave hã la, miƒoe va se ɖe keke eƒe mlɔenu ke ale be teƒea katã nazu mia tɔ. Le Kanaanitɔwo gome la, togbɔ be gatasiaɖamwo le wo si, eye wonye ame sesẽwo hã la, miele wo nyà ge ɖa le afi ma.”
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24