bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 14
Joshua 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 15 →
1
Domenyinu siwo Israelviwo xɔ le Kanaan-nyigba dzi, esiwo nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi kpakple Israel-toawo ƒe ƒomemetsitsiwo ma na wo la woe nye esi:
2
Hafi woamae la, wodzidze nu abe ale si Aƒetɔ la gblɔe na Mose be wòawɔe na to asieke kple afã siwo susɔ la ene.
3
Elabe Mose ma domenyinu na to eve kple afã le Yordan godo xoxo. Ke mena ɖeke Levi viwo ya o.
4
Elabe Yosef ƒe amewo nye to eve, Manase kple Efrayim. Womena gome aɖeke Levi viwo le anyigba la me o, ke wotsɔ du aɖewo na wo be woanɔ wo me. Lãnyiƒewo hã kpe ɖe duawo ŋu hena lãnyinyi.
5
Ale Israelviwo ma anyigba la abe ale si Aƒetɔ di tso wo si ene.
6
Gbe ɖeka la, Yuda vi aɖewo tso Yuda-to la me va Yosua gbɔ le Gilgal. Kaleb, Yefune vi, si nye Kenizitɔ la hã le wo dome. Eya gblɔ na Yosua be: “Ènya nya si Aƒetɔ gblɔ na Mose, Mawu ƒe ame la, le nye kpli wò ŋuti le Kades-Barnea.
7
Mexɔ ƒe bla ene esime Mose, Aƒetɔ ƒe dɔla la dɔm tso Kades-Barnea be maɖatsa ŋku le anyigba sia dzi. Mede gbɔ va gblɔ nu si mekpɔ la tututu nɛ.
8
Ke nɔvinye siwo de kplim la va ɖe dzi le dukɔ la ƒo gake nye ya meɖo dzi ɖe Aƒetɔ, nye Mawu la ŋu bliboe.
9
Tete Mose do ŋugbe nam gbe ma gbe gblɔ be: ‘Anyigba si dzi nède la, anye wò kple viwòwo ƒe domenyinu tegbee, elabe èɖo dzi ɖe Aƒetɔ, nye Mawu la ŋu bliboe.’
10
Azɔ kpɔ ɖa! Esi Aƒetɔ gblɔ nya sia na Mose la, ƒe bla ene vɔ atɔ̃ sɔŋ nye esi. Le ɣeyiɣi ma me la, Israelviwo nɔ mɔ zɔm le gbedadaƒo. Ke Aƒetɔ na megale agbe va se ɖe fifi. Kpɔm ɖa! Mànya be mexɔ ƒe bla enyi vɔ atɔ̃ egbe o.
11
Ŋusẽ gale ŋunye egbe abe ale si wònɔ ŋunye esime Mose dɔm ene. Mele te, agate ŋu awɔ aʋa, ate ŋu awɔ nu sia nu gɔ̃ hã abe tsã ene.
12
Azɔ la, tsɔ tonyigba sia, si ŋugbe Aƒetɔ do nam gbe ma gbe la nam. Wò ŋutɔ èsee le mía nu gbe ma gbe be ame dzɔtsu siwo woyɔna be Anakitɔwo la le du lolo triakɔwo me le afi ma. Ðewohĩ Aƒetɔ anɔ kplim be manyà wo ɖa abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene.”
13
Tete Yosua bia yayra na Kaleb, Yefune vi la, eye wòtsɔ Xebron-du nɛ abe eƒe domenyinu ene.
14
Ale Xebron va zu Yefune Kenizitɔ vi, Kaleb tɔ va se ɖe egbe, le ale si wòwɔ Aƒetɔ, Israel Mawu la ƒe gbe dzi tututu la ta.
15
Tsã la, woyɔa Xebron be Arba ƒe du. Arba nye ame si xɔ ŋkɔ wu le Anakimtɔwo dome. Tete anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24