bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 24
Joshua 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
1
Tete Yosua na Israel-toawo katã va kpe ta ɖe Sixem. Eyɔ ame tsitsiwo, tatɔwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo wova le tsitre ɖe Mawu ŋkume.
2
Tete wòƒo nu na ameha la katã gblɔ be: “Aƒetɔ, Israel Mawu la be: ‘Le blema la, mia tɔgbuiwo nɔ Frat-tɔsisi godo afi si wosubɔ mawu bubu le. Mia tɔgbuiawo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye Tarax si nye Abraham kple Naxor tɔ́.
3
Tete mekplɔ mia tɔgbui Abraham tso Frat-tɔsisia godo va afii, eye mena wòtsa le Kanaan-nyigba blibo la dzi. Mena eƒe dzidzimeviwo dzi ɖe edzi. Metsɔ Isak nɛ,
4
eye metsɔ Yakob kple Esau na Isak hã. Metsɔ Seir- tonyigba na Esau, ke mia tɔgbui Yakob kple viawo ya ʋu yi Egipte.
5
Azɔ medɔ Mose kple Aron ɖa eye mewɔ nu geɖe tsɔ ɖe fu na Egiptetɔwo. Emegbe la, mekplɔ mi dzoe.
6
Esi mekplɔ mia tɔgbuiwo dzoe le Egipte va ɖo Aƒlaƒu la nu la, Egiptetɔwo ti wo yome kple tasiaɖam kple sɔwo va do ɖe afi ma.
7
Tete wodo ɣli yɔm. Ale mena viviti do hema mi kple Egiptetɔwo dome. Mena ƒu la ŋe gbagba ɖe Egiptetɔwo dzi, eye wotsi eme ku. Nu si metu kple Egiptetɔwo la, miawo ŋutɔ miekpɔe kple ŋku. Azɔ la, mieva nɔ gbedadaƒo ɣeyiɣi didi aɖe.
8
Tete mekplɔ mi va Amoritɔwo ƒe anyigba dzi le Yordan-tɔsisi ƒe ɣedzeƒe gome. Wowɔ aʋa kpli mi, ke mena mieɖu wo dzi hexɔ woƒe anyigba le wo si, eye metsrɔ̃ wo ɖa le mia ŋgɔ.
9
Azɔ Moab-fia Balak, Zipor vi, ho va wɔ aʋa kpli mi. Edɔ woyi ɖayɔ Bileam, Beor vi, vɛ be wòaƒo fi ade mi.
10
Ke megbe toɖoɖo Bileam eye wòyra mi boŋ. Ale meɖe mi tso esime.
11
Eyome mietso Yordan-tɔsisi la va Yerixo, eye Yerixotɔwo wɔ aʋa kpli mi. Nenema ke Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Girgasitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo hã va wɔ aʋa kpli mi eye mena mieɖu wo katã dzi.
12
Menyà Amoritɔwo ƒe fia eveawo ɖa le mia ŋgɔ. Wotɔtɔ le du dzi abe nutéame aɖewoe kplɔ wo ɖo ene. Menye miaƒe yi alo dae ye wɔe o.
13
Metsɔ anyigba si ta miekpe fu aɖeke ɖo kpɔ o la na mi. Nenema ke metsɔ du siwo mietso o la hã na mi be mianɔ wo me. Azɔ metsɔ wainbɔ kple amitibɔ siwo mietso o la na mi be miaɖu wo me kutsetsewo.”
14
“Eya ta azɔ la, mivɔ̃ Aƒetɔ. Mixɔ edzi se blibo eye misubɔe le nyateƒe me. Mawu si mia tɔgbuiwo subɔ le Mesopotamia kple Egipte la, miɖee ɖa le mia dome, eye misubɔ Aƒetɔ ɖeɖe ko.
15
Ke ne Aƒetɔ subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia mawu si miedi be yewoasubɔ azɔ, egbe ɖeka. Mawu si mia tɔgbuiwo subɔ le Mesopotamia lae loo, alo mawu si Amoritɔ siwo ƒe anyigba dzi miele fifia la subɔna la yea? Ke nye kple nye aƒemetɔwo ya la, Aƒetɔ ko míasubɔ.”
16
Tete ameha la ɖo eŋu be: “Míagblẽ Aƒetɔ ɖi aɖasubɔ mawu bubua? Madzɔ akpɔ o!
17
Esime míenye kluviwo le Egipte la, Aƒetɔ, mía Mawu lae kplɔ mía kple mía tɔgbuiwo tso afi mae, eye wòwɔ nukunu gãwo míekpɔ. Eyae kpɔ mía ta míenɔ dedie le míaƒe mɔzɔzɔ blibo la me le dukɔ siwo katã me míeto la me.
18
Esi míegbɔna anyigba sia dzi la, Aƒetɔ nyà Amoritɔ siwo katã le anyigba la dzi la ɖa le mía ŋgɔ. Eya ta míawo hã Aƒetɔ ko míasubɔ, elabe eyae nye mía Mawu.”
19
Ke Yosua gblɔ na ameha la be: “Miate ŋu asubɔ Aƒetɔ o, elabe Mawu kɔkɔe wònye; Mawu ʋãŋue. Matsɔ miaƒe vodadawo alo miaƒe nuvɔ̃wo ake mi o.
20
Togbɔ be Aƒetɔ wɔ nyui na mi kpɔ va yi hã la, ne miegbe esubɔsubɔ, eye miesubɔ mawu bubu aɖe la, ekema aɖe kɔ ɖa le mia ŋu, ahe vɔ̃ ava mia dzi, eye wòatsrɔ̃ mi.”
21
Ameha la gblɔ na Yosua be: “Gbeɖe! Aƒetɔ ko míasubɔ.”
22
Yosua gblɔ na wo be: “Yoo, miawo ŋutɔe nye ɖasefo na mia ɖokui be yewotia Aƒetɔ be yewoasubɔ.” Woɖo eŋu be: “Ẽ, miawo ŋutɔe nye ɖasefoa.”
23
Egblɔ na wo be: “Ekema miɖe mawu bubu siwo le mia dome la ɖa, eye mitsɔ miaƒe dzi na Aƒetɔ, Israel Mawu la.”
24
Tete ameha la gblɔ na Yosua be: “Aƒetɔ, mía Mawu la ko míasubɔ. Eya ƒe gbe dzi ko míawɔ.”
25
Ale Yosua bla nu kple dukɔ la gbe ma gbe le Sixem, eye wòwɔ sewo kple ɖoɖowo na wo.
26
Yosua ŋlɔ nya siawo ɖe Mawu ƒe segbalẽ la me. Azɔ eɖi kpe gã aɖe ɖe afi ma ɖe logoti si le Aƒetɔ ƒe kɔkɔeƒea gbɔ la te.
27
Egblɔ na ameha blibo la be: “Mikpɔ ɖa, kpe sia anye míaƒe ɖasefo. Ese nya siwo katã Aƒetɔ gblɔ na mí la. Eya ta anye ɖasefo ɖe mia ŋu ale be miagasẽ nu ɖe mia Mawu la ŋu o.”
28
Emegbe Yosua ɖe asi le ameha la ŋu, eye ame sia ame trɔ yi eƒe anyigba dzi.
29
Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, Aƒetɔ ƒe dɔla Yosua, Nun vi la ku, esime wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo.
30
Woɖii ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi le Timnat-Serax, si le Efrayim-tonyigba dzi le Gaas-to ƒe dzigbeme.
31
Le Yosua ƒe agbenɔɣi blibo la me la, Israelviwo subɔ Aƒetɔ. Le eƒe ku megbe hã la, woyi dzi subɔ Aƒetɔ le woƒe ame tsitsiwo ƒe kpɔkplɔ te. Ame tsitsi siawo nɔ agbe le Yosua ŋɔli eye woawo ŋutɔ kpɔ nu siwo katã Aƒetɔ wɔ na dukɔ la.
32
Azɔ Israelviwo ɖi Yosef ƒe ƒu siwo wotsɔ tso Egipte vɛ la ɖe Yakob ƒe anyigba dzi le Sixem. Yakob ƒle anyigba sia le Xamor, Sixem tɔ́a viwo si klosaloga alafa ɖeka. Emegbe anyigba la va zu Yosef ƒe dzidzimeviwo ƒe domenyinu.
33
Eleazar, Aron vi, hã va ku, eye woɖii ɖe Gibea. Wotsɔ Gibea-du sia, si le tonyigba dzi le Efrayim la na via Pinehas tsã.
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24