bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 3
Joshua 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 4 →
1
Esi ŋu ke ŋdi kanya la, Yosua kple Israelviwo katã fɔ kaba, dze mɔ tso Sitim va ɖo afi si wole Yordan-tɔsisia tso ge le, eye wotsi afi ma dɔ.
2
Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, wo kplɔlawo tsa le asaɖa la me,
3
eye wogblɔ na ameawo be: “Ne miekpɔ Levitɔwo ƒe nunɔlawo wotsɔ Aƒetɔ, mia Mawu ƒe nubablaɖakaa la, ekema miawo hã midze mɔ tso afi si miele la. Midze eyome
4
ale be miate ŋu anya mɔ si to ge miala, elabe mieto mɔ sia dzi kpɔ o. Ke migate ɖe nubablaɖaka la ŋu o! Nenɔ mia ŋgɔ abe agbadroƒe afã sɔŋ ene tso mia gbɔ.”
5
Yosua gblɔ na ameawo be: “Mikɔ mia ɖokui ŋu, elabe etsɔ la, Aƒetɔ le nukunu wɔ ge le mia dome.”
6
Azɔ Yosua gblɔ na nunɔlawo be: “Mikɔ nubablaɖaka la miadze ameawo ŋgɔ.” Wokɔe hedze wo ŋgɔ.
7
Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: “Tso egbe dzi la, made asi kɔkɔdodo wò me le Israelviwo katã ŋkume, ale be woanya be ale si menɔ kple Mose la, manɔ kple wò hã nenema ke.
8
Gblɔ na nunɔla siwo tsɔ nubablaɖaka la be: ‘Ne mieva ɖo Yordan-tɔsisia nu la, mige ɖe tsia me vie ko ne miatɔ ɖi.’ ”
9
Tete Yosua gblɔ na Israelviwo be: “Mite va afii ne miase Aƒetɔ, mia Mawu ƒe nya.
10
Ebe: ‘Azɔ ko miele si dze gee kɔtɛe be Mawu gbagbe la le mia dome, eye wòle Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Xivitɔwo, Perizitɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo kple Yebusitɔwo nyà ge ɖa le mia ŋgɔ vavã.
11
Mikpɔ ɖa, xexeme blibo la ƒe Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la le mia ŋgɔ dze ge ato Yordan-tɔsisia me.
12
Eya ta azɔ la, tia ŋutsu wui eve tso Israel ƒe to wui eveawo me; ɖeka natso to ɖeka me.
13
Ne nunɔla siwo tsɔ anyigba la katã ƒe Aƒetɔ, Aƒetɔ, ƒe nubablaɖaka, ƒe afɔƒome nyaka Yordan me tsia me ko la, Yordan me tsi la adzudzɔ sisí, eye tsi si sí tso dzi gbɔna anyi la, atɔ, amlí kɔ ɖi.’ ”
14
Ale dukɔ la do tso woƒe agbadɔwo me, eye woho be yewoatso Yordan. Nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la dze dukɔa ŋgɔ.
15
Esi aɖakatsɔlaawo va ɖo Yordan nu, eye nunɔla siwo kɔ aɖaka la ƒe afɔ nyaka tsia me ko la elabe Yordan ɖɔ gbagba le nuŋeɣi blibo la katã me,
16
tɔsisia tsò ɖe dzigbeme, eye wòmlí kɔ de keke Adam, du aɖe si le Zaretan gbɔ la. Tɔsisia ƒe akpa si nɔ sísim ɖo ta anyigbeme hetu ta Dzeƒu la me le anyigbeme hã ma ɖa keŋkeŋ. Ale dukɔ la to tɔgoa me do ɖe Yerixo kasa.
17
Esime ameawo nɔ tɔgoa me zɔm alea la, nunɔla siwo tsɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖakaa la tsi tsitre ɖe anyigba ƒuƒui le Yordan tɔgoa titina va se ɖe esime ame sia ame to tɔgoa me va ɖo go evelia dzi.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24