bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 10
Joshua 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 11 →
1
Yerusalem-fia, Adoni-zedek se ale si Yosua xɔ Ai, eye wòtsrɔ̃ dua gbidii, eye wòwu woƒe fia abe ale si wòwɔ na Yerixo-du kple eƒe fia la ene. Ese hã be Gibeontɔwo wɔ ŋutifafa kple Israelviwo, eye Israelviwo xɔ wo ɖe wo dome.
2
Nya sia sese do ŋɔdzi na fia la ŋutɔŋutɔ, elabe Gibeon nye du lolo abe fiadu bubuawo ene. Gawu la, elolo wu Ai, eye dua me ŋutsuwo katã nye kalẽtɔwo.
3
Ale Yerusalem-fia, Adoni-zedek dɔ ame ɖo ɖe Xebron-fia Hoham, Yarmut-fia Piram, Laxis-fia Yafia kple Eglon-fia Debir be:
4
“Miva kpe ɖe ŋunye ne míaho aʋa ɖe Gibeontɔwo ŋu elabe woyi ɖawɔ ŋutifafa kple Yosua kpakple Israelviwo.”
5
Tete Yerusalem-fia, Xebron-fia, Yarmut-fia, Laxis-fia kple Eglon-fia, siwo nye Amoritɔwo ƒe fia atɔ̃awo la, ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo ɖekae, eye woho va ɖe to ɖe Gibeon-du hekpe aʋa kplii.
6
Gibeontɔwo dɔ ame ɖo ɖe Yosua le asaɖa la me le Gilgal be: “Amegã, mègagblẽ mí wò subɔlawo ɖi o. Netsɔ nàva kpe ɖe mía ŋu. Va xɔ na mí! Amoritɔwo ƒe fia siwo katã le towo dzi la ho aʋa ɖe mía ŋu.”
7
Ale Yosua kple eƒe aʋakɔ kpakple kalẽtɔwo katã ho tso Gilgal.
8
Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: “Mègavɔ̃ wo o, elabe mana miaɖu wo dzi. Wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã manɔ te ɖe nuwò o.”
9
Yosua kple eƒe aʋakɔ la zɔ zã tso Gilgal va Gibeon eye wova ƒo ɖe Amoritɔwo dzi kpoyi.
10
Tete Aƒetɔ na wolulu esime wokpɔ Israelviwo. Israelviwo wu wo nyamanyama le Gibeon, eye wonyà wo ɖe nu tso toawo dzi ɖi abu do ɖe Bet-Xoron. Wokplɔ wo ɖo nɔ wo wum va se ɖe keke Azeka kple Makeda ke.
11
Esi wonɔ sisím le Israel nu tso Bet-Xoron nɔ abu ɖim yina la, Aƒetɔ na kpe gãwo nɔ dzadzam tso dziƒo abe tsi ene henɔ wo ƒom va se ɖe keke Azeka ke hewu wo fũu ŋutɔ. Ame siwo tsi kpeawo nu la sɔ gbɔ wu esiwo tsi Israelviwo ƒe yi nu.
12
Gbe si gbe Aƒetɔ na Israelviwo ɖu Amoritɔwo dzi la, Yosua ƒo nu kplii. Yosua gblɔ le Israelviwo ŋkume be: “Ɣe, nɔ tsitre ɖe Gibeon tame! Ɣleti, tɔ te ɖe Ayalon-bali la tame!”
13
Tete ɣe nɔ te ɖi, eye ɣleti tɔ te ɖi, va se ɖe esime dukɔa bia hlɔ̃ woƒe futɔwo. Ðe womeŋlɔ nya sia ɖe Ame dzɔdzɔewo ƒe Agbalẽ la me oa? Esi ɣe ɖo ta la, etɔ te eye mezɔ yi ɖaɖo to o. Enɔ afi ma abe ŋkeke blibo ene.
14
Ale Aƒetɔ wɔ ɖe amegbetɔ ƒe gbe dzi gbe ma gbe. Ŋkeke aɖeke menɔ nenema kpɔ o, eye ɖeke hã maganɔ nenema akpɔ o, elabe Aƒetɔ nɔ Israelviwo dzi wɔ aʋa na wo.
15
Le esia megbe la, Yosua kple eƒe aʋakɔwo katã gbugbɔ va asaɖa la me le Gilgal.
16
Ke fia atɔ̃awo ya sí yi ɖabè ɖe agado me le Makeda.
17
Ame aɖe yi ɖagblɔ na Yosua be wokpɔ fia atɔ̃awo, wobè ɖe agado me le Makeda.
18
Yosua gblɔ be: “Mimli kpe gãwo tu agadoa nu, eye miɖo amewo afi ma ne woanɔ eŋu dzɔm,
19
ke miawo ŋutɔ miganɔ afi ma o. Miawo miti futɔawo yome, eye minɔ wo wum tso megbe. Migana woage ɖe woƒe duwo me o, elabe Aƒetɔ, mia Mawu la tsɔ wo de asi na mi.”
20
Yosua kple Israel-ʋakɔwo wu futɔawo nyamanyama hetsrɔ̃ wo katã kloe. Ke wo dome ame ʋɛ aɖewo sí yi ɖabè ɖe woƒe sitsoƒedu sesẽwo me.
21
Aʋawɔlaawo katã gbugbɔ va Yosua gbɔ le asaɖa la me le Makeda dedie. Ema megbe la, ame aɖeke megado dzi ke nu gblɔ nya aɖeke ɖe Israelviwo ŋu kpɔ o.
22
Azɔ Yosua gblɔ be: “Miɖe nu le agadoa nu ne miakplɔ fia atɔ̃ mawo do goe vɛ nam.”
23
Wokplɔ fia atɔ̃awo, siwo nye Yerusalem, Xebron, Yarmut, Laxis kple Eglon fiawo la, va egbɔe.
24
Esi wokplɔ wo va Yosua gbɔe la, eyɔ Israel-ŋutsuwo katã vɛ, eye wògblɔ na aʋakplɔla siwo kplɔe de aʋagbedzi la be: “Mite va. Miɖo afɔ ve dzi na fia siawo!” Ale wote va heɖo afɔ ve dzi na wo.
25
Yosua gblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo hã o. Milé dzi ɖe ƒo eye misẽ ŋu, elabe alea ye Aƒetɔ awɔ miaƒe futɔ siwo awɔ aʋa kpli mi lae.
26
Emegbe Yosua wu fiaawo. Ede ka ve na wo ɖe ati atɔ̃ ŋu, eye wonɔ atiawo ŋu va se ɖe fiẽ me.
27
Esi ɣe yina to ɖo ge la, eɖe gbe be woaɖe woƒe kukuawo le atiawo ŋu. Woɖe wo, eye wotsɔ wo yi ɖaƒu gbe ɖe agado siwo me wobè ɖo va yi la me. Tete amewo mli kpe gãwo tsɔ tu agadoawo nu. Wogale afi ma va se ɖe egbe.
28
Yosua xɔ Makeda-du gbe ma gbe, eye wòwu dufia la kple ame sia ame le dua me; ɖeke mekpɔ mɔ sí o. Nu si wòwɔ Yerixo-fia la, eya kee wòwɔ Makeda-fia hã.
29
Eyome eya kple eƒe aʋakɔ la katã ho tso Makeda yi Libna, eye wokpe aʋa kple afi ma tɔwo.
30
Aƒetɔ tsɔ dua kple emefia siaa de asi na Israelviwo, eye wowu ame sia ame le dua me; ɖeke mesusɔ o. Nu si Yosua wɔ Yerixo-fia la, eya kee wòwɔ Libna-fia la hã.
31
Yosua kple eƒe aʋakɔ la katã ho tso Libna yi Laxis. Woɖe to ɖe dua, eye wowɔ aʋa kplii.
32
Aƒetɔ na Israelviwo ɖu Laxistɔwo dzi le ŋkeke evea gbe. Wowu dua me tɔwo katã abe ale si wowɔ le Libna ene; womegblẽ ɖeke ɖi o.
33
Gezer-fia Horam ho va be yeava xɔ na Laxistɔwo. Ke Yosua ɖu eya kple eƒe aʋakɔwo hã dzi keŋkeŋ ale be wo dometɔ aɖeke metsi agbe o.
34
Yosua ho kple eƒe aʋakɔ la tso Laxis yi Eglon. Woɖe to ɖe dua, eye wowɔ aʋa kplii.
35
Woɖu dua me tɔwo dzi gbe ma gbe ke, eye wowu wo katã. Wotsrɔ̃ wo abe ale si wowɔ le Laxis ene.
36
Emegbe la, Yosua ho kple eƒe aʋakɔ la tso Eglon yi Xebron, eye wòwɔ aʋa kpli wo.
37
Woɖu Xebrontɔwo dzi. Wowu woƒe fia kple ame sia ame le woƒe duwo me. Yosua gbã dua gbidigbidi abe ale si wòwɔ Eglon-du la ene. Ame ɖeka hɔ̃ hã metsi agbe le eme o.
38
Eyome eya kple eƒe aʋakɔ la trɔ ɖe Debir-du ŋu, eye wowɔ aʋa kplii.
39
Woɖu Debirtɔwo dzi. Asi su woƒe fia dzi, eye woxɔ woƒe duwo. Wowu ame sia ame kple yi le dua me; ame ɖeka hɔ̃ hã metsi agbe le eme o. Ale si Yosua wɔ Xebron kple Libna kpakple Libna-fiae la, nenemae wòwɔ Debir kple eƒe fia hãe.
40
Ale Yosua ɖu anyigba la katã dzi. Eɖu fia siwo katã le tonyigbawo dzi, esiwo le dzogbenyigba si le anyigbeme, esiwo le gbadzaƒe siwo le toawo gɔme le ɣetoɖoƒe kple esiwo le toawo ƒe abuɖiƒewo la hã dzi. Mesusɔ ame aɖeke ɖi o; ewu wo katã keŋkeŋ, abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ ene.
41
Ale Yosua ɖu wo dzi tso Kades-Barnea va se ɖe Gaza, eye wòxɔ Gosen-nyigbawo katã va se ɖe Gibeon.
42
Yosua ɖu fia siawo katã dzi le aʋahoho zi ɖeka ko me, elabe Aƒetɔ, Israel Mawu lae wɔ aʋa na Israel.
43
Le nu siawo megbe la, Yosua kple eƒe aʋakɔ gbugbɔ va woƒe asaɖa me le Gilgal.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24