bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 18
Joshua 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 19 →
1
Esi Israelviwo ɖu anyigba la dzi vɔ keŋ la, woƒe ha blibo la katã va kpe ta ɖe Silo eye wotu agbadɔ si me woasubɔ Mawu le la ɖe afi ma.
2
Azɔ la Israelviwo ƒe to adrẽ susɔ siwo mexɔ anyigba si mam wole la ƒe ɖeke haɖe o.
3
Ale Yosua gblɔ na Israelviwo be: “Miaƒe kuviawɔɣi didi. Ɣe ka ɣi gɔ̃ miayi aɖaxɔ anyigba si Aƒetɔ, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu la, tsɔ na mi bene wòanye mia tɔ la?
4
Miɖe ŋutsu etɔ̃etɔ̃ tso toawo dometɔ ɖe sia ɖe me nam. Mele wo dɔ ge be woayi aɖatsa le anyigba la dzi, eye woata anyigba ale sinu ade wo nu wòanye wo tɔ la ɖe agbalẽ me vɛ nam.
5
Woama anyigba la ɖe akpa adrẽ me. Yuda-to la neganɔ eƒe anyigba dzi le anyigbeme, eye Yosef-to la hã neganɔ etɔ dzi le dzigbeme.
6
Miɖɔ anyigba la ƒe memama adrẽawo wotɔxɛwotɔxɛ ɖe agbalẽ me vɛ nam le afii. Eyome madzidze nu ɖe wo dzi na mi le Aƒetɔ, mía Mawu la ŋkume.
7
Levitɔwo maxɔ anyigba aɖeke ɖe mia dome o, elabe woƒe gomee nye nunɔladɔ na Aƒetɔ. Azɔ la, Mose, Aƒetɔ ƒe dɔla la, tsɔ anyigba na Gad kple Ruben towo kpakple Manase-to afã xoxo ɖe Yordan-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe gome.”
8
Ale ŋutsuawo dzo yi. Hafi woadzo la, Yosua gblɔ na wo be woata anyigba la ɖe agbalẽ dzi. Egblɔ na wo be: “Miyi ɖatsa le anyigba la katã dzi. Mitae ɖe agbalẽ dzi eye miagbugbɔ ava. Emegbe madzidze nu ɖe edzi na mi le Silo afii le Aƒetɔ ŋkume.”
9
Ale ŋutsuawo yi ɖatsa le anyigba la katã dzi. Woɖɔ ale si womae ɖe akpa adrẽ me ɖe woƒe duwo nu la ɖe agbalẽ me. Azɔ wogbugbɔ va Yosua gbɔ le asaɖa la me le Silo.
10
Tete Yosua dzidze nu ɖe anyigba la dzi na wo le Aƒetɔ ŋkume le Silo, eye wòmae na Israel-to siwo susɔ la, ɖe sia ɖe kple etɔ.
11
Anyigba la ƒe memama akpa gbãtɔ ƒe nudzidze dze Benyamin viwo ƒe to la dzi ɖe woƒe ƒomeawo nu. Woƒe anyigba la le Yuda-to la kple Yosef-to la dome.
12
Woƒe dzigbeliƒo tso Yordan-tɔsisi la nu eye wòyi dzi to Yerixo-to la ƒe dzigbeme, va zɔ toawo dzi le ɣetoɖoƒe gome heva wu nu ɖe Bet-Aven gbedadaƒo.
13
Azɔ liƒo la tso le afi sia ɖo ta Luz si wogayɔna be Betel le anyigbeme lɔƒo. Eto Aterot-Adar ŋu va zɔ toawo dzi le anyigbeme ɖado ɖe Bet-Xoron ƒe anyigbeme.
14
Le ɣetoɖoƒe gome la, liƒo la trɔ ɖo ta anyigbeme tso to siwo le Bet-Xoron kasa ƒe anyigbeme heva wu nu ɖe Kiryat-Baal alo Kiryat-Yearim si nye Yuda viwo ƒe du la.
15
Anyigbemeliƒo la dze egɔme tso Kiryat-Yearim godo, ɖo ta ɣetoɖoƒe gome, va se Neftoax ƒe tsivudo gbɔ.
16
Liƒo la trɔ zɔ va to, si le Efrayim-tagba ƒe dzigbeme le Hinom vi ƒe bali la kasa la ƒe mlɔenu, eye wòzɔ Hinom-bali la me heto Yebusitɔwo ƒe to la ŋu va se ɖe Rogel ƒe vudo la gbɔ.
17
Azɔ liƒo la trɔ ɖo ta dzigbeme va to En-Semes, hezɔ Gelilot ŋu le Adumim-todzimɔ la kasa, eye wòva to Bohan, Ruben vi la, ƒe kpe la gbɔ.
18
Eyi edzi zɔ to la ŋu le gbadzaƒe la ƒe dzigbeme va se ɖe Araba.
19
Tso afi sia la, eto Bet-Xogla-to la ŋu le dzigbeme heva wu nu ɖe adɔ̃ la nu le Dzeƒu la ƒe dzigbeme le Yordan-tɔsisi la ƒe anyigbeme ƒe mlɔenu ke.
20
Yordan-tɔsisi lae nye liƒo le ɣedzeƒe gome. Liƒo siawoe ƒo xlã Benyamin viwo ƒe anyigba godoo va kpe le woƒe ƒomeawo nu.
21
Azɔ du siwo nye Benyamin viwo tɔ le woƒe ƒomeawo nu la woe nye: Yerixo, Bet-Xogla, Emek-Keziz,
22
Bet-Araba, Zemarayim kple Betel.
23
Bubuwoe nye Avim Para, Ofra,
24
Kefar-Amonai, Ofni kple Geba. Wole du wui eve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.
25
Bubuwo hã nye Gibeon, Rama, Beerot,
26
Mizpe, Kefira, Moza,
27
Rekem, Yerpeel, Tarala
28
Zela, Elef, Yebus, si wogayɔna be Yerusalem, Gibeat kple Kiryat. Wole du wui ene hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu. Benyamin viwo ƒe to la ƒe anyigba le woƒe ƒomeawo nue nye esi.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24