bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 6
Joshua 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 7 →
1
Azɔ le Israelviwo ta la, wodo Yerixo-dua ƒe agbowo le eme, de ga wo me, ale be ame aɖeke mate ŋu age ɖe dua me loo, alo ado go tso eme o.
2
Tete Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: “Kpɔ ɖa, metsɔ Yerixo-dua, dufia la kple eƒe aʋawɔlawo katã de asi na wò.
3
Wò kple wò aʋawɔlawo katã mizɔ ƒo xlã dua kpe ɖo zi ɖeka gbe sia gbe. Miwɔ nenema ŋkeke ade.
4
Nunɔla adrẽ natsɔ agbodzokpẽawo adze nubablaɖaka la ŋgɔ. Le ŋkeke adrẽa gbe la, wò kple nunɔlaawo miaƒo xlã dua kpe ɖo zi adrẽ, nunɔlaawo nanɔ kpẽawo kum.
5
Ne woku kpẽawo, eye wohe wo me ʋuu miese ko la, ekema dukɔ blibo la nedo ɣli hoo sesĩe. Yerixo-dua ƒe gliwo amu adze anyi. Ekema Israelviwo nelũ ɖe emenɔlawo dzi.”
6
Ale Yosua, Nun vi la, yɔ nunɔlaawo, eye wògblɔ na wo be: “Mikɔ nubablaɖaka la, eye mina mia dometɔ adrẽ natsɔ kpẽawo adze ŋgɔ.”
7
Azɔ la, eɖe gbe na wo be: “Miyi ŋgɔ. Mizɔ ƒo xlã dua. Mina akpablalaawo nanɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ.”
8
Abe ale si Yosua gblɔ na dukɔa ene la, nunɔla adrẽ siwo nɔ Aƒetɔ ŋgɔ kple agbodzokpẽ adrẽawo la, zɔ yi ŋgɔ, nɔ kpẽawo kum, eye Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la nɔ wo yome.
9
Akpablalawo nɔ ŋgɔ na nunɔla siwo nɔ kpẽawo kum, eye megbexelawo nɔ aɖaka la yome esime kpẽawo nɔ ɖiɖim madzudzɔmadzudzɔe.
10
Ke Yosua gblɔ na ameawo be: “Migado ɣli o, migana woase miaƒe gbe o, ame aɖeke megaƒo nu hã o, va se ɖe gbe si gbe maɖe gbe be mido ɣli.”
11
Ale wòna wotsɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la ƒo xlã dua kpe ɖo zi ɖeka gbe ma gbe, eye wogbugbɔ va asaɖa la me hetsi afi ma dɔ.
12
Tete Yosua fɔ ŋdi kanyaa, eye nunɔlawo tsɔ Aƒetɔ ƒe aɖaka la.
13
Nunɔla adrẽ siwo tsɔ agbodzokpẽawo la nɔ Aƒetɔ ƒe aɖaka la ŋgɔ va yi, nɔ kpẽawo kum madzudzɔmadzudzɔe. Akpablalawo dze wo ŋgɔ, eye megbexelawo nɔ Aƒetɔ ƒe aɖaka la yome esime kpẽawo nɔ ɖiɖim madzudzɔmadzudzɔe.
14
Evea gbe wogazɔ ƒo xlã dua kpe ɖo zi ɖeka, eye wogbugbɔ yi ɖe asaɖa la me. Wowɔ alea ŋkeke ade.
15
Le ŋkeke adrẽa gbe la, wofɔ fɔŋli, eye wozɔ ƒo xlã dua kpe ɖo, abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene, zigbɔzi adrẽ. Gbe ma gbe koe wozɔ ƒo xlã dua zi adrẽ.
16
Hafi woaƒo xlãe zi adrẽlia la, nunɔla kpẽkulaawo dzra ɖo ɖe kpẽawo kuku ŋu. Yosua gblɔ na dukɔa be: “Dzidzɔɣli neɖi, elabe Aƒetɔ tsɔ dua de asi na mi!
17
Migbã dua. Mitsrɔ̃ nu siwo katã le eme la keŋkeŋ na Aƒetɔ negbe Raxab, gbolo la kple eƒemetɔwo dzaa ko miagblẽ ɖi, elabe eyae xɔ na ame siwo míedɔ la to wo ɣaɣla me.
18
Ke nu siwo wòle be miatsrɔ̃ keŋkeŋ la, busunuwo wonye; mia dometɔ aɖeke negatsɔ ɖeke kura o. Ne ame aɖe te kpɔ tsɔ ɖe la, akplɔ dzɔgbevɔ̃e aƒu mi, eye Israel ƒe asaɖa la me nɔlawo atsrɔ̃ keŋkeŋ.
19
Ke nu siwo katã wotsɔ klosalo, sika, akɔbli kple ga yibɔ wɔ la, Aƒetɔ ƒe nu kɔkɔewoe wonye. Milɔ woawo ya va eƒe nudzraɖoƒe la.”
20
Esi Yosua wu eƒe nuƒoa nu la, ameawo do dzidzɔɣli, eye nunɔla kpẽkulaawo ku kpẽawo. Kaka dukɔa nase kpẽawo ƒe ɖiɖi la, wotso aseye bobobo. Kasia dua ƒe gliwo mu dze anyi gbloo, ame sia ame zɔ to eŋgɔ tẽe ge ɖe eme, eye woxɔ dua.
21
Tete woɖe yi ɖe ŋutsu kple nyɔnu, ɖevi kple ame tsitsi, nyitsu, alẽ kple tedziwo siaa dzi hewu wo katã.
22
Azɔ Yosua gblɔ na ŋutsu eve siwo de ɖatsa ŋku le anyigba la dzi la be: “Miyi ɖe gbolo la ƒeme. Mikplɔ eya kple eƒe ƒometɔwo katã doe abe ale si mieka atam nɛ ene.”
23
Ale ŋkutsalaawo yi ɖakplɔ Raxab, tɔ́a kple nɔa, nɔvia ŋutsuwo kple eƒe ƒometɔ bubuawo katã vɛ, eye wona nɔƒe wo ɖe Israel ƒe asaɖa la xa.
24
Tete wotɔ dzo dua kple nu siwo katã le eme, eye wofiã keŋkeŋ, negbe nu siwo wotsɔ klosalo, sika, akɔbli alo ga yibɔ wɔ la koe susɔ wolɔ va kɔ ɖe nudzraɖoƒe le Aƒetɔ ƒeme.
25
Ke Yosua na Raxab, tɔ́a ƒometɔwo kple eya ŋutɔ ƒometɔwo tsi agbe, elabe eyae ɣla ŋkutsala siwo wòdɔ ɖo ɖe Yerixo-dua me la. Raxab ƒe dzidzimeviwo gale Israel-dukɔa me va se ɖe egbe.
26
Tete Yosua ka atam be: “Ame si ke atso be yeagbugbɔ Yerixo-du sia agatso la, Aƒetɔ nena wòaɖi eŋu kpékpekpe. Ame si ɖo dua gɔme anyi la, eƒe ŋgɔgbeviŋutsuvi aku; ame si ade agbo dua nu la, woaɖi eƒe dɔmlɔea ŋutsu.”
27
Ale Aƒetɔ nɔ kple Yosua, eye amewo ƒo nu nyui le eŋu le dukɔa me godoo.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24