bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Joshua 15
Joshua 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 16 →
1
Anyigba la ƒe akpa si Yuda viwo xɔ ɖe woƒe ƒomeawo nu lae nye esi: Woƒe anyigba ƒe anyigbeme de keke Zin-gbegbe ƒe mlɔenu ke le Edom ƒe liƒo dzi.
2
Anyigbemeliƒo sia to Dzeƒu la ƒe mlɔenu tso adɔ̃ si dze ŋgɔ anyigbeme lɔƒo la gbɔ, eye
3
wòɖo ta anyime tso Akrabim-to la gbɔ va ɖo Zin. Emlo to Kades-Barnea ƒe anyigbeme to Xezron ŋu, fɔ dzi va ɖo Adar eye wòglɔ̃ mɔ ɖo ta Karka.
4
Eyi edzi va ɖo Azmon eye wòzɔ Egipte-tɔʋu la ŋu va wu nu ɖe Domeƒu la nu. Yuda-to la ƒe anyigba la ƒe anyigbemeliƒo lae nye esi.
5
Ɣedzeƒeliƒo lae nye Dzeƒu la va se ɖe afi si Yordan-tɔsisi la de nu ƒu la me le. Dzigbemeliƒo la dze egɔme tso afi si Yordan-tɔsisi la ge ɖe Dzeƒu me le.
6
Liƒo la zɔ yi dzi va ɖo Bet-Xogla, eye wòto Bet-Araba ƒe dzigbeme. Azɔ eyi ŋgɔ va ɖo Bohan, Ruben viŋutsu ƒe kpe la gbɔ.
7
Liƒo la zɔ to Axor-bali la me va se ɖe Debir, eye wòtrɔ to Gilgal si le Adumim-todzimɔ kasa la ƒe dzigbeme le tɔʋu la ƒe anyigbeme gome. Emegbe eva to En-Semes-tɔʋu la ŋu va ke ɖe Rogel ƒe vudo la gbɔ.
8
Liƒo la to Hinom vi ƒe bali la me va to Yebusitɔwo ƒe to la ŋu le anyigbeme afi si Yerusalem le la. Eyome liƒo la to to si le Hinom-bali la nu le ɣetoɖoƒe gome la tame le Refaim-bali la ƒe mlɔenu le dzigbeme.
9
Tso to sia tame la, liƒo la va to Neftoax ƒe vudo la gbɔ heɖo ta du siwo le Efran-to dzi la gbɔ va se ɖe Baala alo Kiryat-Yearim.
10
Etrɔ tso Baala ɖo ta Seir-to la gbɔ le ɣetoɖoƒe va zɔ Yearim-to la alo Kesalon ŋu le dzigbeme, eye wòmlo to Bet-Semes va se ɖe Timna.
11
Emegbe liƒo la zɔ Ekron-to la ŋu le dzigbeme va se ɖe Sikron, eye wòmlo to Baala-to la tame heɖo ta Yabneel, eye wòva wu enu ɖe Domeƒu la nu.
12
Domeƒu siae nye ɣetoɖoƒeliƒo la. Liƒo siawoe ƒo xlã anyigba siwo Yuda viwo hã xɔ wònye wo tɔ, le woƒe ƒomeawo nu.
13
Yosua tsɔ Yuda viwo ƒe anyigba la ƒe akpa aɖe na Yefune vi, Kaleb, abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene. Xebron si nye Anakitɔwo tɔ́, Arba, ƒe du lae wòtsɔ nɛ.
14
Anak viŋutsu etɔ̃ siwo nye Sesai, Aximan kple Talmai ƒe dzidzimeviwo la le du sia me. Kaleb nyà wo katã ɖa le dua me.
15
Emegbe la, eho aʋa ɖe Debirtɔwo ŋu. Tsã la, woyɔa Debir be Kiryat-Sefer.
16
Kaleb do ŋugbe be: “Ame si ke aɖu Kiryat-Sefer dzi ahaxɔe la, matsɔ vinye nyɔnu Axsa nɛ wòaɖe.”
17
Tete Otniel, Kaleb nɔvi Kenaz viŋutsu xɔ dua, ale Kaleb tsɔ via nyɔnu Axsa nɛ wòɖe.
18
Le srɔ̃ɖegbea la, Axsa ƒoe ɖe srɔ̃a Otniel nu be wòabia ye tɔ́a ne wòana anyigbae. Esi Axsa ɖi le eƒe tedzi dzi la, tɔ́a Kaleb biae be: “Nane hiã wòa?”
19
Eɖo eŋu nɛ be: “Nyo dɔme nam. Anyigba si nènam la nye dzogbe; tsiteƒe aɖeke meli o. Eya ta medi be nàna tsivudo aɖewo hãm.” Ale Kaleb tsɔ tsivudo siwo le to dzi kple bali me la na Axsa.
20
Anyigba si Yosua tsɔ na Yuda-to la ɖe woƒe ƒomeawo nu abe domenyinu na wo ene la woe nye esi:
21
Yuda-to la ƒe du siwo te ɖe Edom ƒe liƒo ŋu le keke anyigbeme ke la woe nye: Kabzeel, Eder, Yagur,
22
Kina, Dimona, Adada
23
Kedes, Xazor, Yitnan,
24
Sif, Telem, Bealot,
25
Xazor-Xadata, Keriot-Xezron alo Xazor,
26
Amam, Sema, Molada
27
Xazar-Gada, Xesmon, Bet-Pelet,
28
Xazar-Sual, Beer-Seba, Bizyoteya,
29
Baala, Iyim, Azem,
30
Eltolad, Kesil, Xorma,
31
Ziklag, Madmana, Sansana,
32
Lebaot, Silxim, Ain kple Rimon. Du siawo kple woƒe kɔƒewo le bla eve vɔ asieke.
33
Du siwo le gbadzaƒe la woe nye: Estaol, Zora, Asna,
34
Zanoax, En-Ganim, Tapuax, Enam,
35
Yarmut, Adulam, Soko, Azeka,
36
Saarayim, Aditayim, Gedera kple Gederotayim. Wole du wui ene hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.
37
Du bubuwo hã nye: Zenan, Xadasa, Migdal-Gad,
38
Dilean, Mizpe, Yokteel,
39
Laxis, Bozkat, Eglon,
40
Kabon, Laxmas, Kitlis,
41
Gederot, Bet-Dagon, Naama kple Makeda. Du siawo le wui ade hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.
42
Bubuwo hã ganye: Libna, Eter, Asan,
43
Yiftax, Asna, Nezib,
44
Keila, Axsib kple Masera. Wole du asieke hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.
45
Du bubu hãe nye Ekron kple du kpakple kɔƒe siwo ƒo xlãe.
46
Du kple kɔƒe siwo katã le Asdod gbɔ tso Ekron va se ɖe Domeƒu la nu hã le eme.
47
Asdod kple Gaza hã li. Woƒe duwo kple kɔƒewo le wo ŋu va se ɖe Egipte-tɔʋu la ŋu, eye Domeƒu lae nye liƒo la.
48
Du siwo le tonyigba dzi la woe nye: Samir Yatir, Soko,
49
Dana, Kiryat-Sana alo Debir,
50
Anab, Estemo, Anim,
51
Gosen, Xolon kple Gilo. Wole du wuiɖekɛ hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.
52
Arab, Duma, Esan,
53
Yanum, Bet-Tapuax, Afeka,
54
Xumta, Kiryat-Arba eya nye Xebron kple Zior. Wole du asieke hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.
55
Maon, Karmel, Sif, Yuta,
56
Yesreel, Yokdeam, Zanoax,
57
Hakayim, Gibea kple Timna. Wole du ewo hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.
58
Xalxul, Bet-Zur, Gedor,
59
Maarat, Bet-Anot kple Eltekon. Wole du ade hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.
60
Kiryat-Baal eya nye Kiryat-Yearim kple Xaraba. Wole du eve hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.
61
Du siwo le gbedadaƒo la woe nye: Bet-Araba, Midin, Sexaxa,
62
Nibsan, Dzedu kple En-Gedi. Wole du ade hekpe ɖe woƒe kɔƒewo ŋu.
63
Ke Yuda viwo mete ŋu nyà Yebusitɔ siwo le Yerusalem la ɖa o. Ale Yebusitɔwo tsi Yerusalem, eye wogale Yuda viwo dome va se ɖe egbe.
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24