bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 10
1 Chronicles 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 11 →
1
Filistitɔwo wɔ aʋa kple Israelviwo, eye Israelviwo sí le wo nu. Wo dometɔ geɖewo tsi aʋa le Gilboa-toa dzi.
2
Filistitɔwo nya Saul kple viawo ɖe nu, eye wowu Yonatan, Abinadab kple Malkisua siwo nye Saul viwo.
3
Esi aʋa la nu sẽ ɖe edzi la, futɔwo ƒe aŋutrɔ va te Saul, eye wòxɔ abi.
4
Eya ta Saul gblɔ na eƒe aʋawɔnutsɔla be: “Ðe wò yi ƒo ɖem, ne bolobolotɔ siawo nagava ɖi gbɔm o.” Ke eƒe aʋawɔnutsɔla la gbe elabe ele vɔvɔ̃m ŋutɔ. Ale Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi tu ɖi, eye wòdze enu.
5
Esi aʋawɔnutsɔla la kpɔ be Saul ku la, eya hã dze eƒe yi nu heku.
6
Ale Saul ŋutɔ kple via ŋutsu etɔ̃awo kpakple eƒe ƒomea katã tsrɔ̃ ɖekae.
7
Esi Israelvi siwo le balia me kpɔ be aʋawɔlawo sí, eye Saul kple viawo ku la, wosí, gblẽ woƒe duwo ɖi, eye Filistitɔwo va xɔ duawo henɔ wo me.
8
Le ŋkeke evea gbe, esi Filistitɔwo va be yewoaɖe nu le ame tsiaʋawo ŋu la, wokpɔ be Saul kple viawo ku ɖe Gilboa-toa dzi.
9
Woɖe nu le eŋu, eye wotsɔ eƒe ta kple eƒe aʋawɔnuwo ɖo ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi godoo hetsɔ ɖe gbeƒã dzidzɔnya la na woƒe mawuwo kple dukɔ blibo la.
10
Wotsɔ eƒe aʋawɔnuwo ɖada ɖe woƒe mawuƒe me, eye wotsɔ eƒe ta ku nu ɖe Dagon ƒe xɔ me.
11
Yabes-Gileadtɔwo katã se nu siwo katã Filistitɔwo wɔ Saul.
12
Tete woƒe kalẽtɔwo katã bla akpa, eye woyi ɖatsɔ Saul kple viawo ƒe kukuawo va Yabes. Woɖi woƒe ƒuwo ɖe ati aɖe te le Yabes, eye wotsi nu dɔ ŋkeke adrẽ.
13
Ale Saul ku elabe mewɔ nuteƒe na Aƒetɔ o, eye melé eƒe sededewo me ɖe asi o. Gawu la, ede ŋɔliyɔla gbɔ ɖabia nu,
14
ke mebia nu le Aƒetɔ ya gbɔ o. Eya ta Aƒetɔ wui, eye wòna fiaɖuƒe la yi David, Yese vi la si me.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29