bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 4
1 Chronicles 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 5 →
1
Yuda viŋutsuwoe nye: Perez, Xezron, Kelubai, Xur kple Sobal.
2
Reaya, Sobal vi nye Yaxat tɔ́a, eye Yaxat nye Axumai kple Lahad tɔ́. Woawoe nye Zoreatitɔwo ƒe ƒometɔwo.
3
Etam viŋutsuwoe nye: Yezreel, Yisma kple Yidbas. Wo nɔvinyɔnu ŋkɔe nye Hazieponi.
4
Penuel nye Gedor tɔ́a, eye Ezer nye Xusa tɔ́a. Ame siawo nye Xur, Efrata ƒe ŋgɔgbevi si tsò Betlehem la ƒe dzidzimeviwo.
5
Asxur, Tekoa tɔ́ ɖe srɔ̃ eve: Xelea kple Naara.
6
Naara dzi Axuzam, Xefer, Temeni kple Axastari nɛ. Woawoe nye Naara ƒe viŋutsuwo.
7
Xelea viŋutsuwoe nye: Zeret, Yizhar kple Etnan.
8
Koz nye Anub, Hazobeba kple Harum vi, Axarxel ƒe ƒomeawo.
9
Bùbu nɔ Yabez ŋu wu nɔviawo. Nɔa tsɔ ŋkɔ Yabez nɛ gblɔ be: “Elabe mese veve le edzidzi me.”
10
Yabez do gbe ɖa na Israel ƒe Mawu la be: “O yram, eye nàkeke nye anyigba ɖe enu. Nɔ kplim, eye nàkpɔ tanye tso nuveviwɔame me ale be magawɔm o!” Ale Mawu na nu si wòbia lae.
11
Kelub, Suxa nɔvi nye Mexir tɔ́a, ame si nye Eston tɔ́a.
12
Eston nye Bet-Rafa, Paseax kple Texina, ame si nye Naxas tɔ́a. Ame siawo nye Rexa-ŋutsuwo.
13
Kenaz viwoe nye Otniel kple Seraya. Otniel viŋutsuwoe nye Xatat kple Meonotai.
14
Meonotai nye Ofra tɔ́a eye Seraya nye Yoab tɔ́a, ame si ƒe dzidzimeviwo nye atikpalawo. Wonɔ Aɖaŋudɔwɔlawo ƒe Bali la me.
15
Kaleb, Yefune vi, viwoe nye: Iru, Ela kple Naam. Ela vie nye Kenaz.
16
Yehalelel viwoe nye: Sif, Zifa, Tirya kple Asareel.
17
Ezra viwoe nye: Yeter, Mered, Efer kple Yalon. Mered ɖe Egipte Fiagã vinyɔnu Bitya, ame si dzi Miryam, Samai kple Yisbax, ame si tsò Estemoa-du la.
18
Mered srɔ̃ Yuda-nyɔnu la dzi Yered, ame si tsò Gedor-dua kple Xeber, ame si tsò Soko-du kpakple Yekutuel ame si tsò Zanoax-du.
19
Hodiya srɔ̃ Naham nɔvinyɔnu ƒe dzidzimeviwoe nye Garmitɔ si tsò Kegila kple Maxat ƒe dzidzimevi siwo nɔ Estemoa.
20
Simon viwoe nye: Amnon, Rina, Ben-Xanan kple Tilon. Yisi viwoe nye: Zoxet kple Ben-Zoxet.
21
Sela, Yuda vi, viŋutsuwoe nye: Ger, ame si tsò Lexa-dua, Laada, ame si tsò Maresa-dua kple ƒome siwo nye avɔ ɣi biɖibiɖi lɔ̃lawo eye wonɔ Asbea.
22
Egadzi Yokim kple Kozebanɔlawo kple Yoas kpakple Saraf, ame siwo ɖu amegã le Moab kple Yasubi-Lexem. Blemanyawoe nye esiawo.
23
Wonye zemelawo nɔ fia ƒe dɔ me, eye wonɔ Netaim kple Gedera.
24
Simeon viŋutsuwoe nye: Nemuel, Yamin, Yarib, Serax kple Saul.
25
Saul dzi Salum, eya vie nye Mibsam. Mibsam vie nye Misma.
26
Misma viŋutsuwoe nye Xamuel; eya vie nye Zakur eya vie nye Simei.
27
Viŋutsu wui ade kple vinyɔnu ade nɔ Simei si, ke vi geɖe menɔ nɔviawo ya si o, eya ta woƒe ƒome la medzi sɔ gbɔ abe Yuda viŋutsuwo tɔ ene o.
28
Wonɔ Beer-Seba, Molada, Xazar-Sual,
29
Bilha, Ezem, Tolad,
30
Betuel, Xorma, Ziklag,
31
Bet-Markabot, Xazar-Susim, Bet-Birei kple Saarayim-duawo me. Woƒe duwoe nye esiawo va se ɖe David ƒe fiaɖuɣi.
32
Woƒe kɔƒe siwo kpe ɖe du siawo ŋu la woe nye: Etam, Ayin, Rimon, Toxen kple Asan. Wole kɔƒe atɔ̃.
33
Kɔƒe bubuwo gaƒo xlã du siawo yi ɖase Baal. Esiawoe nye woƒe nɔƒewo, eye ƒomexexlẽfia tɔxɛ le wo si.
34
Mesobab, Yamlex, Yosa, Amazya vi;
35
Yoel, Yehu, si nye Yosibya vi, si nye Seraya vi, si nye Asiel vi;
36
Elyoenai, Yaakoba, Yesoxaya, Asaya, Adiel, Yesimiel, Benaya kple
37
Ziza, Sifei vi, ame si nye Alon vi, eya si nye Yadaya vi, ame si nye Simri vi, ame si nye Semaya vi.
38
Ame siwo ŋkɔwo woxlẽ la nye amegãwo le woƒe ƒomeawo me, eye woƒe aƒekɔwo keke ta ŋutɔ.
39
Wokaka ɖo ta Gedor, le bali si le afi ma la ƒe ɣedzeƒe gome, be yewoaɖadi lãnyiƒe na yewoƒe lãhawo.
40
Wokpɔ lãnyiƒe dama nyuiwo le afi ma. Anyigba la keke le goawo katã me, eye wokpɔ ŋutifafa kple dzidzeme le afi ma.
41
Le Yuda-fia Xizkiya ƒe fiaɖuɣi la, ame siwo ŋkɔ woyɔ va yi la yi ɖadze afi ma nɔlawo dzi. Wogbã woƒe agbadɔwo kple woƒe aƒe siwo le afi ma la, eye wotsrɔ̃ wo keŋkeŋ. Woxɔ woƒe nɔƒe wòzu wo tɔ va se ɖe egbe elabe lãnyiƒe nyuiwo le afi ma na woƒe lãhawo.
42
Simeon viwo dome ame alafa atɔ̃ yi Seir-toa gbɔ. Woƒe kplɔlawoe nye Pelatya, Nearya, Refaya kple Uziel. Wonye Yisi viwo.
43
Woɖawu Amalekitɔ siwo susɔ ɖe afi ma la, henɔ wo teƒe va se ɖe egbe.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29