bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 11
1 Chronicles 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 12 →
1
Israel-dukɔ blibo la va kpe ta ɖe David gbɔ le Xebron hegblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, nɔvi kpamkpam míenye.
2
Tso ɣe aɖe ɣi ke, esime Saul nɔ mía dzi ɖum gɔ̃ hã la, wò koe kplɔa Israel dea aʋae. Aƒetɔ, wò Mawu gblɔ na wò be: ‘Wòe le kplɔla nye ge na nye dukɔ Israel, eye wòe aɖu nye dukɔ Israel dzi.’ ”
3
Ale Israel-me tsitsiwo katã va fia la gbɔ le Xebron, eye David bla nu kple wo le Xebron le Aƒetɔ ŋkume. Eyome wosi ami na David heɖoe fiae ɖe Israel-dukɔ katã nu le Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ to Samuel dzi la nu.
4
David kple Israel-dukɔ blibo la ho yi Yerusalem si woyɔna be Yebus. Afi mae Yebusitɔ, siwo nye anyigba la dzi tɔwo le.
5
Yebusitɔwo gblɔ na David be: “Mage ɖe afi sia o.” Gake David xɔ Zion ƒe mɔ́ si nye David ƒe du la.
6
David gblɔ be: “Ame si tre Yebusitɔwo sisi la lanye tatɔ kple aʋakplɔla.” Tete Yoab, Zeruya vi kpe aʋa kple wo gbã ale wòzu tatɔ.
7
David nɔ mɔ́ la me, eya ta woyɔnɛ be David ƒe du.
8
Eɖo gli ƒo xlã dua tso Milo la godoo va kpe, eye Yoab dzra dua ƒe akpa mamlɛa ɖo.
9
David ƒe ŋusẽ le akɔ trim ɖe edzi, elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokpɔla la li kplii.
10
David ƒe aʋawɔla kalẽtɔwo ƒe tatɔ siwo kpe ɖe Israel blibo la ŋu, eye wonɔ megbe nɛ sesĩe le eƒe fiaɖuɖu me la woe nye esiawo. Woawoe wɔ ɖeka tsɔ David ɖo fiae ɖe Israel nu abe ale si Aƒetɔ la gblɔe ene.
11
David ƒe aʋakalẽtɔwo kple wo ŋu nyawo nye esi: Yasobeam, Xaxmoni vie nye Tatɔ Etɔ̃awo ƒe amegã. Eyae kɔ eƒe akplɔ si nu ame alafa etɔ̃ tsi le aʋakpekpe ɖeka me la ɖe dzi.
12
Ame evelia le Tatɔ Etɔ̃awo dome nye Eleazar Dodo, Axoxitɔ la vi.
13
Enɔ David ŋu le Pas-Damim hafi Filistitɔwo kpe aʋa kple wo le afi ma. Agble aɖe le afi ma si me ƒo le fũu. Esi dukɔ la sí le Filistitɔwo nu la,
14
eya kple David yi ɖanɔ te ɖe agblea titina. Wonyà Filistitɔwo ɖa le agblea me, wu wo. To esia me Aƒetɔ na woɖu dzi keŋkeŋ.
15
Asrafoawo ƒe amegã bla etɔ̃awo dometɔ etɔ̃ va David gbɔ le agakpe la gbɔ le Abulam-agado la me, esime Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe Refaim-bali la me.
16
David nɔ mɔ́ la me, eye Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ƒu asaɖa anyi ɖe Betlehem.
17
David gblɔ be: “Aa! Ame aɖe makpɔ tsi tso vudo si le Betlehem-gbo la nu me nam mano fifia oa?”
18
Tete Tatɔ Etɔ̃awo to Filistitɔwo ƒe asaɖaa me yi ɖaku tsia tsɔ vɛ na David. Gake David melɔ̃ no tsia o. Eƒoe ɖi na Aƒetɔ boŋ, eye
19
wògblɔ be: “Nye Mawu nete esia ɖa xaa tso gbɔnye. Ðe mano ŋutsu siawo ƒe ʋu si nye woƒe agbe la? Wotsɔ woƒe agbe ke ɖaku tsia vɛ. Ale wògbe enono.” Kalẽtɔ etɔ̃awoe wɔ esia.
20
Abisai, Yoab nɔvi ye nye Aʋawɔla Blaetɔ̃awo ƒe tatɔ. Eyae tsɔ eƒe akplɔ wɔ aʋa kple ame alafa etɔ̃, eye wòɖu wo dzi. Esia ta wòxɔ ŋkɔ le Aʋawɔla Blaetɔ̃awo dome.
21
Eyae xɔ ŋkɔ wu le Aʋawɔla Blaetɔ̃awo dome, eye wòzu woƒe amegã, negbe ɖeko mede Tatɔ Etɔ̃awo nu o.
22
Yehoyada vi Benaya tso Kabzeel nye asrafo kalẽtɔ aɖe, si wɔ nu tsu geɖe. Eyae wu Moab-ŋutsu wɔadã eve. Eyae ɖawu dzata le vudo me esime tsikpe le dzadzam la.
23
Eya kee wu Egipte-ŋutsu kako, si kɔ meta eve hã. Akplɔ si didi abe abaladoti ene la le Egiptetɔ la si. Ke eya tsɔ atizɔti ɖe asi, zɔ ɖe ŋutsua dzi, eye wòdu akplɔ la le esi, tsɔ wui.
24
Nu siawoe Benaya Yehoyada vi la wɔ, eya ta eya hã xɔ ŋkɔ le Aʋawɔla Etɔ̃awo dome.
25
Wode bubu eŋu le Aʋawɔla Blaetɔ̃awo dome, negbe ɖeko mede Tatɔ Etɔ̃awo nu o. David tsɔe ɖo asrafo siwo dzɔa eŋu la nu.
26
Ŋutsu kalẽtɔwo le aʋakɔawo mee nye: Asahel, Yoab nɔviŋutsu; Elxanan, Dodo vi tso Betlehem;
27
Haroritɔ Samot; Pelonitɔ Xelez,
28
Tekoatɔ Ira, Ikes vi; Anatotitɔ, Abiezer;
29
Xusatitɔ Sibekai; Axoxitɔ Ilai;
30
Netofatitɔ Maxarai; Netofatitɔ Heled, Baana vi;
31
Itai, Ribai vi, tso Benyamin viwo ƒe Gibea; Piratonitɔ Benaya;
32
Xurai tso Naxale-Gaas; Arabatitɔ Abiel;
33
Baxarumitɔ Azmavet; Saalebonitɔ Elyaxba;
34
Gizonitɔ Bene-Hasem; Hararitɔ Yonatan, Sage vi;
35
Hararitɔ Axiam, Saxar vi; Elifal, Ur vi;
36
Mexeratitɔ Xefer; Pelonitɔ Axiya;
37
Karmeltɔ Xezro; Naarai, Ezbai vi;
38
Yoel, Natan nɔviŋutsu; Mibxar, Hagri vi;
39
Amontɔ Zelek; Berotitɔ Naxarai, ame si nye Zeruya vi, Yoab ƒe adekplɔvi;
40
Yitritɔ Ira; Yitritɔ Gareb;
41
Xititɔ Uriya; Zabad, Axelai vi;
42
Adina, Siza vi, ame si nye Rubentɔ, eya nye Ruben viwo ƒe tatɔ eye ame bla etɔ̃ kpe ɖe eŋu;
43
Xanan, Maaxa vi; Mitnitɔ Yosafat;
44
Asteratitɔ Uziya; Sama kple Yeiel, ame siwo nye Aroertitɔ Xotam viwo;
45
Yediael, Simri vi kple nɔvia ŋutsu Tizitɔ Yoxa;
46
Maxavitɔ Eliel; Yeribai kple Yosaya, ame siwo nye Elnaam viwo; Moabtɔ Yitma;
47
Eliel, Obed kple Yaasiel tso Mezobaya.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29