bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 7
1 Chronicles 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 8 →
1
Isaxar viŋutsuwoe nye: Tola, Pua, Yasub kple Simron; wole ame ene.
2
Tola viŋutsuwoe nye: Uzi, Refaya, Yeriel, Yaxmai, Yibsan kple Samuel. Ame siawoe nye Tola ƒe ƒome la ƒe tatɔwo. Wonye kalẽtɔwo le ƒomea me. Le David ŋɔli la, woƒe dzidzimeviwo ƒe xexlẽme de ame akpe bla eve vɔ eve alafa ade.
3
Uzi vie nye Yizraxya, eye eya viwoe nye: Mixael, Obadya, Yoel kple Yisiya; wole ame atɔ̃. Wo katã nye ƒometatɔwo.
4
Hekpe ɖe ame siawo ŋu la, aʋawɔla akpe bla etɔ̃ vɔ ade nɔ ƒomeawo me ɖe woƒe dzɔdzɔme kple aʋalɔgowo nu, elabe woɖe srɔ̃ geɖe, eye viŋutsuwo le wo si fũu.
5
Wo nɔvi siwo tso Isaxar-to la katã me la de aʋakalẽtɔ akpe bla enyi vɔ adrẽ ɖe woƒe ƒomexexlẽme nu.
6
Benyamin viŋutsuwoe nye: Bela, Bexer kple Yediael; wole ame etɔ̃.
7
Bela viwoe nye: Ezbon, Uzi, Uziel, Yerimot kple Iri; ame atɔ̃ siwo nye ƒometatɔwo kple kalẽtɔ xɔŋkɔwo. Ðe dzidzimexexlẽfia nu la, woƒe dzidzimeviwo de ame akpe bla eve vɔ eve bla etɔ̃ vɔ ene.
8
Bexer viŋutsuwoe nye: Zemira, Yoas, Eliezer, Elyoenai, Imri, Yeremot, Abiya, Anatot kple Alemet. Ame siawo katã nye Bexer viŋutsuwo.
9
Woƒe ƒometatɔ siwo nye kalẽtɔwo la le ame akpe bla eve alafa eve le woƒe dzidzimexexlẽfia nu.
10
Yadiael vie nye Bihan; Bilhan viwoe nye: Yeus, Benyamin, Ehud, Kenaana, Zetam, Tarsis kple Axisahar.
11
Ame siawo katã nye Yadiael vi siwo nye ƒometatɔ kple kalẽtɔwo. Woƒe dzidzimevi siwo le klalo na aʋawɔwɔ la de ame akpe wui adrẽ alafa eve.
12
Supim kple Xupim nye Ir viwo, eye Xusim nye Axer vi.
13
Naftali ƒe dzidzimeviwo nye: Yaxziel, Guni, Yezer kple Salum; wonye Bilha ƒe dzidzimeviwo.
14
Manase viwoe nye Asriel kple Maxir. Eƒe ahiãvi si nye Aram-nyɔnu lae dzi wo. Maxir ye nye Gilead tɔ́.
15
Maxir ɖe srɔ̃ eve; ɖeka ŋkɔe nye Maaxa, si nye Xupim kple Supim nɔvinyɔnu; evelia ŋkɔe nye Zelofxad. Eya dzi nyɔnuviwo sɔŋ.
16
Maxir srɔ̃ Maaxa dzi viŋutsuvi eve, eye wòna ŋkɔ wo be Peres kple Seres. Peres viŋutsuwoe nye Ulam kple Rekem.
17
Ulam vie nye Bedan. Ame siawo katã nye Gilead vi, Maxir vi ame si nye Manase tɔgbuiyɔvi la, ƒe dzidzimeviwo.
18
Gilead nɔvinyɔnu Hamolexet dzi Ishod, Abiezer kple Maxla.
19
Semida viwoe nye Axyan, Sixem, Likxi kple Aniam.
20
Efrayim vie nye Sutelax; Sutelax vie nye Bered, eye eya vie nye Taxat. Taxat vie nye Eleada, eye eya vie nye Taxat;
21
Taxat vie nye Zabad, eye eya vie nye Sutelax kple Ezer kpakple Elead. Ke Gatitɔ siwo nye anyigba dzi tɔwo la wu wo esime wova be woalé woƒe lãwo.
22
Wo tɔ́ Efrayim fa na wo ŋkeke geɖe eye nɔviawo va fa akɔ nɛ.
23
Esi wògadɔ kple srɔ̃a la, efɔ fu eye wodzi ŋutsuvi. Etsɔ ŋkɔ nɛ be Beria, elabe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe eƒe aƒe dzi.
24
Efrayim vinyɔnue nye Seera. Eyae tso Bet-Xoron Anyigbe kple Bet-Xeron Dzigbe kpakple Uzen-Seera.
25
Efrayim viŋutsue nye Refax. Eya vie nye Resef, eya vie nye Telax; eya vie nye Taxan.
26
Taxan vie nye Ladan; eya vie nye Amihud; eya vie nye Elisama,
27
si vie nye Nun, eye Nun vie nye Yosua.
28
Woƒe anyigba kple nɔƒewoe nye Betel kple du siwo ƒo xlãe tso Naaran le ɣedzeƒe lɔƒo va se ɖe Gezer kple eŋu du siwo le ɣetoɖoƒe lɔƒo kple tso Sixem kple eŋu duwo me ɖaɖo Aya kple eŋu duwo me.
29
Manase ƒe dzidzimeviwo ƒe anyigbawoe nye: Bet-Sean, Taanax, Megido kple Dor kpakple wo ŋu duwo. Teƒe siawo katã nye Yosef, Israel ƒe dzidzimeviwo ƒe nɔƒe.
30
Aser viwoe nye: Yimna, Yisva, Yisvi, Beria kple wo nɔvinyɔnu Serax.
31
Beria viwoe nye Xeber kple Malkiel, ame si nye Birzayit tɔ́.
32
Xeber dzi Yaflet, Somer, Xotam kple wo nɔvinyɔnu Sua.
33
Yaflet viŋutsuwoe nye: Pasax, Bimhal kple Asvat. Ame siawo nye Yaflet viwo.
34
Somer viwo nye: Axi, Roga, Xuba kple Aram.
35
Nɔvia Helem viwoe nye: Zofax, Yimna, Seles kple Amal.
36
Zofax ƒe dzidzimeviwoe nye: Suax, Xarnefer, Sual, Beri, Yimra,
37
Bezer, Hod, Sama, Silsa, Yitran kple Beera.
38
Yeter ƒe dzidzimeviwoe nye: Yefune, Pispa kple Ara.
39
Ula ƒe dzidzimeviwo nye Arax, Xaniel kple Rizya.
40
Ame siawo katã nye Aser ƒe dzidzimeviwo. Wonye ƒometatɔwo, aʋawɔla kalẽtɔwo kple kpɔla xɔŋkɔwo. Aser ƒe dzidzimevi siwo ate ŋu ayi aʋa la de ame akpe bla eve vɔ ade.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29