bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 15
1 Chronicles 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 16 →
1
David tu xɔwo na eɖokui ɖe David ƒe du la me, eye wòwɔ nɔƒe na Mawu ƒe aɖaka la hetu agbadɔ nɛ.
2
Emegbe ede se be: “Ame aɖeke mekpɔ mɔ akɔ Mawu ƒe aɖaka la o, negbe Levi viwo ko, elabe woawoe Aƒetɔ tia be woakɔe, eye woasubɔ ye tegbee.”
3
David ƒo Israel blibo la nu ƒu ɖe Yerusalem, ne woaɖakɔ Aƒetɔ ƒe aɖaka la ava teƒe si wodzra ɖo nɛ.
4
Eƒo Aron ƒe dzidzimeviwo kple Levi viwo nu ƒu siwo nye:
5
Kehat ƒe dzidzimeviwo ƒe tatɔ Uriel kple nɔviawo, ame alafa ɖeka bla eve.
6
Merari ƒe dzidzimeviwo ƒe tatɔ Asaya kple nɔviawo, ame alafa eve bla eve.
7
Gerson ƒe dzidzimeviwo ƒe tatɔ Yoel kple nɔviawo, ame alafa ɖeka bla etɔ̃.
8
Elizafan ƒe dzidzimeviwo ƒe tatɔ Semaya kple nɔviawo, ame alafa eve.
9
Xebron ƒe dzidzimeviwo ƒe tatɔ Eliel kple nɔviawo, ame bla enyi.
10
Uziel ƒe dzidzimeviwo ƒe tatɔ Aminadab kple nɔviawo, ame alafa ɖeka wui eve.
11
David yɔ nunɔlawo Zadok kple Abyatar kple Levi viwo, Uriel, Asaya, Yoel, Semaya, Eliel kple Aminadab, vɛ.
12
Egblɔ na wo be: “Miawoe nye Levi ƒe dzidzimeviwo ƒe tatɔwo. Mi kple mia nɔviwo mikɔ̀ mia ɖokui ŋu, ne miaɖakɔ Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la ƒe aɖaka la va nɔƒe si medzra ɖo nɛ,
13
elabe esi mienɔ anyi gbe ma gbe o tae Aƒetɔ, mía Mawu la do dziku ɖe mía ŋu le esi míebia gbee abe ale si dze ene o ta.”
14
Ale nunɔlaawo kple Levi viawo kɔ̀ wo ɖokui ŋu be yewoaɖakɔ Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la ƒe aɖaka la vɛ.
15
Levi viwo tsɔ ati kɔ Mawu ƒe aɖaka la ɖe abɔta abe ale si Aƒetɔ ɖo na wo to Mose dzi be woawɔe la ene.
16
David gagblɔ na Levi viwo ƒe tatɔwo hã be woana wo teviwo natsɔ saŋkuwo, kasaŋkuwo kple gakogoewo, siwo nye hadzinuwo la anɔ dzidzɔhawo dzim bobobo.
17
Tete Levi viwo ɖe Heman, Yoel vi, Asaf, Berexya vi kple Etam, Kusaya vi siwo nye Merari ƒe dzidzimeviwo tso wo nɔviwo dome.
18
Wo nɔvi siwo le ɖoɖo evelia me kpe ɖe wo ŋu lae nye: Zaxarya, Yaaziel, Semiramot, Yexiel, Uni, Eliab, Benaya, Maaseya, Matitya, Elifelehu kple Mikneya. Hekpe ɖe ame siawo ŋu la, woɖe agbonudzɔla eve hã siwo nye Obed-Edom kple Yeiel.
19
Heman, Asaf kple Etan nye hadzila siwo ƒoa akɔbligakogoe.
20
Zaxarya, Aziel, Semiramot, Yexiel, Uni, Eliab, Maaseya kple Benaya nye kasaŋkuƒolawo. Woƒonɛ wòɖina ɖe nyɔnuwo ƒe gbe kɔkɔtɔ dzi.
21
Ke Matitya, Elifelehu, Mikneya, Obed-Edom, Yeiel kple Azaz nye ame siwo tsɔa kasaŋku gbe bɔbɔetɔ doa ha ɖae.
22
Wotsɔ Kenanya, Levi viwo ƒe tatɔ ɖo agbatsɔtsɔ nu elabe enya nu le agbatsɔtsɔ ŋu nyuie.
23
Berexya kple Elkana nye aɖaka la ƒe agbonudzɔlawo.
24
Nunɔlawo: Sebanya, Yosafat, Netaneel, Amasai, Zaxarya, Benaya kple Eliezer, nye kpẽkulawo le Mawu ƒe aɖaka la ŋgɔ. Obed-Edom kple Yexiya hã nye agbonudzɔlawo na aɖaka la.
25
Ale David kple Israel ƒe ame tsitsiwo kpakple kplɔla siwo kpɔa asrafo akpewo dzi la yi ɖakɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la tso Obed-Edom ƒeme vɛ kple dzidzɔ.
26
Esi Mawu ve Levi viwo nu wokɔ Aƒetɔ ƒe aɖaka la ta la, wotsɔ nyitsu adrẽ kple agbo adrẽ sa vɔe.
27
David ŋutɔ, Levi vi siwo tsɔ aɖaka la, hadzilawo kple Kenanya, agbatsɔlawo ƒe tatɔ, wo katã wodo dziwui si wotsɔ aklala biɖibiɖi tɔe la eye David do aklala biɖibiɖi kɔmewu ɖe etɔ dzi.
28
Ale Israel blibo la le aseye tsom, le kpẽ kple dze kum, le gakogoewo ƒom, eye wole saŋku kple kasaŋkuwo ƒom sesĩe hekɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la gbɔnae.
29
Esi Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la va ɖo David ƒe dua me la, Mixal, Saul vinyɔnu do mo ɖa kpɔ David to fesre nu, wòle ɣe ɖum, le kpo tim, eye wòdo vloe le eƒe dzime.
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29