bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 17
1 Chronicles 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 18 →
1
Azɔ David le eƒe fiasã me. Egblɔ na gbeƒãɖela Natan be: “Kpɔ ɖa, nye la, mele sedertixɔ me; ke Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka ya le avɔgbadɔ me.”
2
Natan ɖo eŋu na David be: “Nu sia nu si le dzime na wò la, wɔe elabe Mawu li kpli wò.”
3
Ke le gbe ma gbe ƒe zã me ke la, Mawu ƒe gbe va na Natan be:
4
“Yi ɖagblɔ na nye dɔla David be, ‘Aƒetɔ be: Menye wòe atu xɔ nam manɔ eme o.
5
Elabe tso gbe si gbe mekplɔ Israel dzoe va se ɖe egbe sia la, nyemenɔ xɔ me kpɔ o, ɖeko matso agbadɔ me ayi agbadɔ me, atso nɔƒe ayi nɔƒe.
6
Menɔ kple Israel-dukɔa le afi sia afi. Ðe mebia Israel ɖela siwo metia be woanɔ nye dukɔa nu la dometɔ aɖe kpɔ be: ‘Nu ka tae mètu sedertixɔ nam o mahã?’
7
Eya ta gblɔ na nye dɔla David be: ‘Nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla mebe, meyɔ wò tso lãnyiƒe le alẽwo yome be nàva zu dziɖula ɖe nye dukɔ Israel nu.
8
Afi sia afi si nèyi la menɔ kpli wò, eye menyà wò futɔwo katã ɖa le ŋgɔwò. Mena nèxɔ ŋkɔ abe anyigba dzi fia gãwo ke ene.
9
Mana nɔƒe nye dukɔ Israel, afi si wòanɔ aɖe dzi ɖi, eye ame aɖeke magaɖe fu na wo o, ame vɔ̃ɖiwo mage ɖe wo dome atsrɔ̃ wo abe tsã,
10
esi meɖo ɖelawo na nye dukɔ Israel ene o. Mabɔbɔ wò futɔwo katã ɖe anyi. Gawu la, mele egblɔm na wò be Aƒetɔ le xɔ tu ge na wò.
11
Ne wò agbenɔŋkekewo de be nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ la, ekema maɖo wò dzidzimevi si tso wò ŋutɔ viwòwo dome la, yowòme, eye mana eƒe fiaɖuƒe nali ke.
12
Eyae atu xɔ nam eye mana eƒe fiazikpui ali ke tegbee.
13
Manye tɔ́a, eye eya anye vinye. Nyemadzudzɔ enu veve abe ale si mewɔ ame si do ŋgɔ na wò la ene o,
14
ke boŋ mana wòali ke ɖe nye aƒeme kple nye fiaɖuƒea nu tegbee, eye eƒe fiazikpui ali ke tegbee.’ ”
15
Natan yi ɖagblɔ nya siawo katã kple ŋutega blibo la na David pɛpɛpɛ.
16
Tete David fia la, va bɔbɔ nɔ Aƒetɔ ŋkume, eye wògblɔ be: “O Aƒetɔ Mawu, ame kae menye eye nu kae nye nye ƒome la hafi nèkplɔm va ɖo teƒe sia gbegbe?
17
Ke esia gɔ̃ hã la, nu tsɛ aɖe ko wònye na wò, O Mawu. Ègado nu si nàva wɔ na nye, wò dɔla sia ƒe ƒomea gbe aɖe gbe ƒe ŋugbe. O Aƒetɔ Mawu, èbum bubume gã aɖee.
18
Wò ŋutɔ ènya nye wò dɔla. Nya ka nye David magagblɔ akpe ɖe bubu si nède ŋunye la ŋu? Elabe ènya wò dɔla nyuie.
19
O Aƒetɔ, wò dzimedidi na nye, wò dɔla tae nèwɔ nu gã siawo ɖo, be nàtsɔ ɖe wò nu triakɔ wɔwɔwo katã afia.
20
Aƒetɔ, le nu siwo katã míese kple míaƒe towo nu la, ame aɖeke mele abe wò ene o; wò ɖeka koe nye Mawu.
21
Dukɔ bubu kae gale anyigba dzi abe wò dukɔ Israel, si wò Mawu nèɖaɖe tso Egipte be wòanye ye ŋutɔ ye tɔ la ene? To nu dziŋɔwo wɔwɔ me, èxɔ ŋkɔ le esime nènyà dukɔwo ɖa le wò dukɔ Israel ŋgɔ.
22
Èwɔ Israel wòzu wò dukɔ tegbee, eye wò, o Aƒetɔ, nèzu eƒe Mawu.
23
Aƒetɔ, azɔ na ŋugbe si nèdo na wò dɔla kple eƒe ƒome la nava eme, eye nàwɔ nya si nègblɔ la dzi tegbee.
24
Ekema wò ŋkɔ ade du tegbee eye dukɔwo agblɔ be: ‘Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae nye Israel-dukɔ ƒe Mawu,’ eye wò dɔla David ƒe aƒe ali ke le ŋkuwò me.
25
Elabe wò, nye Mawu, eɖee fia wò dɔla be yeatu xɔ nɛ; esia tae dzi ɖo ƒonye mele gbe sia dom ɖa le ŋkuwò me.
26
Azɔ wò Aƒetɔ, wò Mawu ŋutɔe gblɔ nya nyui sia le wò dɔla ŋu.
27
Eya ta azɔ la, edze ŋuwò be nèyra wò dɔla ƒe aƒe be wòanɔ ŋkuwò me tegbee elabe nu si wò Aƒetɔ nèyra la, woyrae tegbee.”
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29