bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 2
1 Chronicles 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 3 →
1
Israel viŋutsuwoe nye esiawo: Ruben, Simeon, Levi, Yuda, Isaxar, Zebulon,
2
Dan, Yosef, Benyamin, Naftali, Gad kple Aser.
3
Yuda viŋutsuwoe nye: Ger, Onan kple Sela; Sua vinyɔnu si tso Kanaan lae dzi wo nɛ. Ger, Yuda ƒe ŋgɔgbevi wɔ nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume, ale wòwui.
4
Tamar, ame si nye Yuda toyɔvi la hã dzi Perez kple Zerax nɛ. Ale Yuda viŋutsuwoe katã le atɔ̃.
5
Perez viŋutsuwoe nye: Xezron kple Xamul.
6
Zerax viŋutsuwoe nye: Zimri, Etan, Heman, Xalkol kple Dara; wo katã le atɔ̃.
7
Karmi viŋutsuwoe nye Axan, ame si he dzɔgbevɔ̃e va Israel-dukɔ la dzi, le esi wòtsɔ busunuawo ƒe ɖe ta.
8
Etan viŋutsue nye Azarya.
9
Xezron viŋutsu siwo wodzi nɛ la woe nye: Yeraxmeel, Ram kple Kalubai.
10
Ram nye Aminadab tɔ́a eye Aminadab nye Naxeson tɔ́a, ame si nye Yuda viwo ƒe ƒometatɔ.
11
Naxeson nye Salma tɔ́a eye Salma nye Boaz tɔ́a.
12
Boaz nye Obed tɔ́a eye Obed nye Yese tɔ́a.
13
Yese nye eƒe ŋgɔgbevi Eliab tɔ́a; eyometɔe nye Abinadab, etɔ̃liae nye Simea.
14
Eneliae nye Netaneel, atɔ̃lia nye Radai.
15
Adeliae nye Ozem eye adrẽliae nye David.
16
Wo nɔvinyɔnuwoe nye Zeruya kple Abigail. Zeruya viŋutsuwoe nye: Abisai, Yoab kple Asahel, wole ame etɔ̃.
17
Abigail dzi Amasa, eye Amasa tɔ́a nye Yeter, Ismaeltɔ la.
18
Kaleb, Xezron vi, dzi vi kple srɔ̃a Azuba kpakple Yeriot. Via ŋutsuwoe nye: Yeser, Sobab kple Ardon.
19
Esi Azuba ku la, Kaleb ɖe Efrat eye wòdzi Xur nɛ.
20
Xur nye Uri tɔ́a, eye Uri nye Bezaleel tɔ́a.
21
Esi Xezron xɔ ƒe bla ade la, ede asi Maxir, ame si nye Gileadtɔ la nɔvinyɔnu ŋu, eye wòxɔe ɖe. Edzi Segub nɛ.
22
Segub nye Yair tɔ́a, ame si si du bla eve vɔ etɔ̃ nɔ le Gilead-nyigba dzi.
23
Ke Gesuritɔwo kple Aramtɔwo va xɔ Yair-kɔƒeawo kple Kenat kpakple eŋu kɔƒewo. Wole du bla ade. Ame siawo katã nye Maxir, Gilead tɔ́ viŋutsuwo.
24
Le Xezron ƒe ku megbe la, Kaleb de Efrata, Xezron tɔ́ srɔ̃ gbɔ, eye wòdzi Asur si va nye Tekoa tɔ́ la nɛ.
25
Yeraxmeel, ame si nye Xezron ƒe ŋgɔgbevi la viŋutsuwoe nye esiawo: Ram, ŋgɔgbevi la kple eyometɔwo Buna, Oren, Ozem kple Axiya,
26
Yerax srɔ̃ bubu nye Atara, eyae nye Onam nɔ.
27
Ram, Yerameel ƒe ŋgɔgbevi viŋutsuwoe nye: Maaz, Yamin kple Eker.
28
Onam viŋutsuwoe nye Samai kple Yada. Samai viŋutsuwoe nye Nadab kple Abisur.
29
Abisur srɔ̃ ŋkɔe nye Abixail, eye eyae dzi Axban kple Molid nɛ.
30
Nadab viŋutsuwoe nye Seled kple Apayim, ke Seled medzi vi hafi ku o.
31
Apayim viŋutsue nye Yisi; Yisi viŋutsue nye Sesan, eye Sesan viŋutsue nye Axelai.
32
Yada Semai nɔvi viŋutsuwoe nye: Yeter kple Yonatan. Yeter medzi vi hafi ku o.
33
Yonatan viŋutsuwoe nye Pelet kple Zaza. Ame siawoe nye Yeraxmeel ƒe dzidzimeviwo.
34
Sesan medzi ŋutsuvi o, nyɔnuviwo ko wòdzi. Ke kluvi aɖe si ŋkɔ nye Yarxa la nɔ esi. Etso Egipte.
35
Ale Sesan tsɔ via nyɔnu na eƒe kluvi Yarxa wòɖe eye wòdzi Atai nɛ.
36
Atai nye Natan tɔ́a, eye Natan nye Zabad tɔ́a.
37
Zabad nye Eflal tɔ́a, eye Eflal nye Obed tɔ́a.
38
Obed nye Yehu tɔ́a eye Yehu nye Azarya tɔ́a.
39
Azarya nye Xelez tɔ́a, eye Xelez nye Eleasa tɔ́a.
40
Eleasa nye Sisemai tɔ́a, eye Sisemai nye Salum tɔ́a.
41
Salum nye Yekamya tɔ́a, eye Yekamya nye Elisama tɔ́a.
42
Kaleb nye Yeraxmeel nɔviŋutsu. Kaleb viŋutsuwoe nye: Mesa, eƒe ŋgɔgbevi, ame si nye Sif tɔ́a, eyometɔe nye Maresa, eyae nye Xebron tɔ́a.
43
Xebron viŋutsuwoe nye: Korax, Tapuax, Rekem kple Sema.
44
Sema nye Raxam tɔ́a, eye Raxam nye Yorkeam tɔ́a. Rekem nye Samai tɔ́a.
45
Samai viŋutsue nye Maon, eye Maon nye Bet-Zur tɔ́a.
46
Efa, Kaleb ƒe ahiãvi dzi Xaran, Moza kple Gazez; ke Xaran hã dzi vi hetsɔ ŋkɔ nɛ be Gazez.
47
Yadai viwoe nye: Regem, Yotam, Gesan, Pelet, Efa kple Saaf.
48
Maaxa, Kaleb ƒe ahiãvi bubu, dzi Seber kple Tirxana.
49
Eya kee dzi Saaf, ame si nye Madmana kple Seva tɔ́a; Seva va nye Maxbena kple Gibea tɔ́a. Kaleb vinyɔnu ŋkɔe nye Axsa.
50
Kaleb ƒe dzidzimeviwoe nye esiawo: Xur, Efrata ƒe ŋgɔgbevi viŋutsue nye Sobal, ame si tsò Kiryat-Yearim-du la tɔ́a.
51
Salma tsò Betlehem, eye Xaref tsò Bet-Gader.
52
Sobal, ame si tsò Kiryat-Yearim la ƒe dzidzimeviwoe nye Haroetɔwo kple Menuxotitɔwo ƒe afã.
53
Kiryat-Yearim ƒomeawo nye Yitritɔwo, Putitɔwo. Sumatitɔwo kple Misraitɔwo. Ƒome siawo mee Zoreatitɔwo kple Estaolitɔwo dzɔ tso.
54
Salma ƒe dzidzimeviwoe nye Betlehemtɔwo, Netofatitɔwo, Atarot, Bet-Yoab kple Manafitɔwo ƒe afã siwo nye Zoreatitɔwo.
55
Agbalẽfialawo ƒe ƒome siawo nɔ Yabez: Tifatitɔwo, Simatitɔwo kple Suxatitɔwo katã wonye Kenitɔwo tso Xamat, Rexab ƒe ƒome la me.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29