bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 29
1 Chronicles 29
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
1
Azɔ David gblɔ na ameha blibo la be: “Vinye Salomo ame si tututu Mawu tia la nye ɖekakpui dzaa ko; mekpɔ nu teƒe fũu haɖe o. Evɔ la dɔ la keke ta elabe fiasã la manye amegbetɔwo tɔ o, ke boŋ Aƒetɔ Mawu tɔ wòanye.
2
Metsɔ nye ŋutete katã dzra ɖo ɖe nye Mawu ƒe aƒe la ŋu. Medi sika ɖe sikanuwo ŋu, klosalo ɖe klosalonuwo ŋu, akɔbli ɖe akɔblinuwo ŋu, ga yibɔ ɖe ga yibɔ nuwo ŋu kple ati ɖe atinuwo ŋu. Meƒo sohamkpe kple kpe siwo woatsɔ aɖo awuwo ŋu, kpe yibɔwo, kpe ŋɔŋɔewo, kpe xɔasi vovovowo kpakple kpe ɣiwo nu ƒu taŋtaŋ.
3
Gawu la, esi nye Mawu ƒe xɔ nye dzidzɔ tɔxɛ nam ta la, mele nye ŋutɔ nye sika kple klosalo siwo medzra ɖo la nam kpe ɖe nu siwo katã medi ɖe aƒe kɔkɔe la ŋu la ŋu.
4
Esiawoe nye: sika nyuitɔ ton akpe alafa ɖeka, klosalo nyuitɔ ton akpe alafa eve bla ene, ne woatsɔ afa ɖe xɔ la ƒe gliwo ŋu.
5
Woatsɔ wo awɔ sikanuawo kple klosalonuawo katã kpakple aɖaŋuwɔlawo ƒe dɔ vovovoawoe. Azɔ mia dometɔ kae lɔ̃ be yeana nu Aƒetɔ faa egbea?”
6
Tete ƒometatɔawo, toawo ƒe tatɔwo, ame akpewo kple ame alafawo ƒe tatɔwo kpakple dumegãwo lɔ̃ na nu faa.
7
Wona sika abe ton alafa ɖeka bla adrẽ, klosalo ya wu ton alafa etɔ̃ bla ene, akɔbli ton alafa ade bla eve kple ga yibɔ ton akpe etɔ̃ alafa ene ɖe Mawu ƒe aƒe ƒe dɔ la ŋu.
8
Ame si si kpe xɔasi le la tsɔe vɛ na Yexiel, Gerson vi la ne wòanye Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe kesinɔnu.
9
Dukɔ la lɔ̃ na nu tso dzi blibo me faa, eya ta wokpɔ dzidzɔ eye fia David hã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ.
10
Tete David kafu Aƒetɔ le ameha blibo la ŋkume gblɔ be: “Woakafu wò Aƒetɔ, mía tɔgbui Israel ƒe Mawu tso mavɔ me yi mavɔ me.
11
O, Aƒetɔ tɔwòe nye gãnyenye, ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, dziɖuɖu kple bubu, elabe nu sia nu si le dziƒo kple anyigba la, tɔwòe. O, Aƒetɔ, tɔwòe nye fiaɖuɖu eye wòe nye gã ɖe nuwo katã dzi.
12
Kesinɔnu kple bubu tso gbɔwò, eye nèɖu fia ɖe nuwo keŋ dzi. Asiwò me ŋusẽ kple ŋutete le, eye gbɔwò wòtsona be ame nazu gã, eye wòakpɔ ŋusẽ.
13
Eya ta azɔ la, mía Mawu, míele akpe dam na wò, eye míele wò ŋkɔ kɔkɔe la kafum.
14
“Ke ame kae menye, eye nu ka nye dukɔ nye be míete ŋu na nu faa alea? Elabe gbɔwòe nu sia nu tso, eye asiwò me míexɔ wo le gatsɔ na wò.
15
Amedzrowo míenye le ŋkuwò me, eye emetsolawo míenye, abe mía tɔgbuiwo katã ene. Míaƒe agbenɔŋkekewo le abe vɔvɔli ene le anyigba dzi; wometɔna ɖi o.
16
O Aƒetɔ, mía Mawu, nu geɖe siwo míena be woatsɔ atu xɔ hena wò ŋkɔ ŋuti kɔkɔ la katã tso asiwò me, eye tɔwòe nye ɖe sia ɖe.
17
Nye Mawu, menyae be edzroa dzime kpɔna, eye dzimekɔkɔ nyoa ŋuwò. Mena nu siawo katã faa kple dzimekɔkɔ, eye mekpɔ be wò dukɔ si ƒo ƒu ɖe afii hã tsɔ dzidzɔ na nu wò faa.
18
O Aƒetɔ, wò si nye mía tɔgbuiwo Abraham kple Isak kple Israel ƒe Mawu, na susu kple tameɖoɖo sia nanɔ wò dukɔ si ɖaa, eye nàtrɔ woƒe dziwo ɖe ŋuwò.
19
Na vinye Salomo nalé wò sededewo, nufiafiawo kple ɖoɖowo me ɖe asi sesĩe, awɔ wo katã dzi tso eƒe dzime ke, eye na be wòate ŋu atu xɔ sia si ŋu medzra ɖo la.”
20
Tete David gblɔ na ameha blibo la be: “Mikafu Aƒetɔ, mia Mawu la!” Ale ameha blibo la kafu Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la. Wobɔbɔ ta tsyɔ mo anyi ɖe Aƒetɔ kple fia la ŋkume.
21
Esi ŋu ke la, wosa vɔ, me nu na Aƒetɔ. Wotsɔ nyitsu akpe ɖeka, agbo akpe ɖeka kple alẽvi akpe ɖeka sa numemevɔ na Aƒetɔ. Wosa nunonovɔwo kple vɔsa gbogbo aɖewo ɖe Israel-dukɔ blibo la ta.
22
Woɖu nu, no nu, eye wokpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ ŋkume gbe ma gbe. Wogaɖo Salomo, David vi la fiae zi evelia; wosi ami nɛ heɖoe dziɖulae na Aƒetɔ. Wosi ami na Zadok hã wòzu nunɔla.
23
Salomo bɔbɔ nɔ Aƒetɔ ƒe fiazikpui la dzi hezu fia ɖe tɔ́a David yome. Nu dze edzi nɛ, eye Israel-dukɔ blibo la ɖo toe.
24
Dumegãwo katã, asrafomegãwo kple David vi bubuawo katã bɔbɔ wo ɖokui na Salomo.
25
Aƒetɔ de bubu Salomo ŋu ŋutɔ le dukɔ blibo la ŋkume. Ena wòɖu fia kple atsyɔ̃ gã si tɔgbe menɔ Israel-fia siwo do ŋgɔ nɛ la ŋu o.
26
Ale David, Yese vi la ɖu fia ɖe Israel blibo la dzi.
27
Eɖu fia ɖe Israel dzi ƒe bla ene; eɖu fia le Xebron ƒe adrẽ, eye wòɖui le Yerusalem ƒe bla etɔ̃ vɔ etɔ̃.
28
Etsi, ku amegã belibeli, hafi ku. Enɔ agbe didi, kpɔ kesinɔnu, eye bubu hã nɔ eŋu. Via Salomo ye ɖu fia ɖe eyome.
29
Woŋlɔ nu siwo katã David wɔ tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu la ɖe nukpɔla Samuel, gbeƒãɖela Natan kple nukpɔla Gad ƒe ŋutinyagbalẽwo me.
30
Eƒe fiaɖuɖu, eƒe ŋusẽ triakɔ la, nya siwo katã dzɔ ɖe eya ŋutɔ kple Israel-dukɔ kpakple anyigba dzi fiaɖuƒewo dzi la, le agbalẽ siawo me.
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29