bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 12
1 Chronicles 12
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 13 →
1
Ame siwo va David gbɔ esime wòsi aʋa le Saul, Kis vi la nu ɖale Ziklag la woe nye esi. Wole aʋakalẽtɔ siwo kpe ɖe eŋu la dome.
2
Wonye aŋutrɔdalawo; wotea ŋu daa aŋutrɔ eye wodaa kpe hã. Wowɔa ɖusi kple mia. Wonye Saul ƒe ƒometɔwo tso Benyamin-to la me.
3
Woƒe kplɔla nye Axiezer kple Yoas, siwo nye Hasmaa viwo tso Gibea; Yeziel kple Pelet, Azmavet viwo; Beraxa kple Yehu, Anatotitɔ la
4
Yismaya tso Gibeon, aʋakalẽtɔ le Aʋawɔla Blaetɔ̃awo dome; Yeremya, Yaxaziel, Yehohanan kple Yozabad Gederatitɔ la,
5
Eluzai, Yerimot, Bealya, Semarya, Sefatya, Xarufittɔ la.
6
Elkana, Yisiya, Azarel, Yoezer, Yasobeam, ame siwo nye Korax viwo;
7
Yoela kple Sebadya, Yeroxam viwo tso Gedor.
8
Amewo tso Gad-to la me va David gbɔ, le mɔ́ me le gbedadaƒo la. Wonye aʋakalẽtɔ nuteƒekpɔla siwo bi le akpoxɔnu kple akplɔ ŋudɔwɔwɔ me. Woƒe mo ɖi vɔvɔ̃ abe dzata tɔ ene. Woƒe afɔ tsɔna le to dzi abe zi ene.
9
Ezer nye tatɔ, evelia nye Obadya, etɔ̃lia nye Eliab,
10
enelia nye Mismana, atɔ̃lia nye Yeremya,
11
adelia nye Atai, adrẽlia nye Eliel,
12
enyilia nye Yehohanan, asiekelia nye Elzabad,
13
ewolia nye Yeremya, eye wui ɖekɛlia nye Maxbanai.
14
Ame siawo nye asrafomegãwo. Wo dometɔ gblɔetɔ ate ŋu anɔ te ɖe ame alafa ɖeka nu, eye sesẽtɔ ate ŋu anɔ te ɖe ame akpe ɖeka nu.
15
Woawoe tsò Yordan le ɣleti gbãtɔ le ƒè la me, esime tsia ɖɔ gba go. Wode zi balia me nɔlawo katã me le ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe, eye wosí.
16
Amewo tso Benyamin ƒe dzidzimeviwo kple Yuda ƒe dzidzimeviwo dome va David gbɔ le mɔ́ la me.
17
Edo go yi ɖakpe wo, eye wògblɔ na wo be: “Nenye ŋutifafa me mieva le, be yewoakpe ɖe ŋunye la, ekema mawɔ ɖeka kpli mi tso dzime. Ke ne ɖe mieva be yewoadem asi na nye futɔwo, le esime nyemewɔ vɔ̃ aɖeke o la, mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la nekpɔe ne wòaka mo!”
18
Tete gbɔgbɔ va Amasai, Aʋawɔla Blaetɔ̃wo ƒe kpɔla dzi, eye wògblɔ be: “David, míele dziwò. Wò Yese vi, tɔwòe míenye. Ŋutifafa, ŋutifafa na wò! Ŋutifafa na ame si kpe ɖe ŋuwò elabe wò Mawue nye wò kpeɖeŋutɔ.” Ale David xɔ wo, eye wòwɔ wo asrafomegãwo le eƒe aʋakɔ la me.
19
Asrafo aɖewo tso Manase-to la me va David dzi, esime eya kple Filistitɔwo ho aʋa ɖe Saul ŋu. Ke womeyi aʋa la kpli wo o, elabe Filistitɔwo ƒe dumegãwo na wotrɔ dzo. Wogblɔ be: “Ne David trɔ ɖade eƒe aƒetɔ Saul dzi la, ekema míaƒe tae nye ema zu Saul tɔ.”
20
Esi David yi Ziklag la, ame siwo tso Manase-to la me yi edzi la woe nye: Adnax, Yozabad, Yediael, Mixael, Yozabad, Elihu kple Ziletai. Wonye asrafo akpewo kplɔlawo tso Manase.
21
Esi wònye aʋakalẽtɔwo kple aʋakplɔlawo wonye ta la, wokpe ɖe David ŋu le aʋakɔ la kpɔkplɔ me.
22
Gbe sia gbe la, amewo dzona vaa David dzi be yewoakpe ɖe eŋu, ale be aʋakɔ gã ŋutɔ ɖo esi abe Mawu ƒe aʋakɔ ene.
23
Asrafoha siwo katã va David gbɔ le Xebron be yewoakpe ɖe eŋu wòazu fia ɖe Saul teƒe le Aƒetɔ ƒe nya nu la ƒe xexlẽmee nye:
24
Ame siwo tso Yuda-to la me, ame siwo tsɔa akpoxɔnu kple akplɔ la ƒe xexlẽme le ame akpe ade alafa enyi.
25
Kalẽtɔ siwo tso Simeon-to la me le ame akpe adrẽ alafa ɖeka.
26
Levi-to la me tɔwo le ame akpe ene alafa ade.
27
Ame siwo tso Aron ƒe dzidzimeviwo dome la le ame akpe etɔ̃ alafa adrẽ, eye wo kplɔla nye Yoyada.
28
Aʋakalẽtɔ Zadok, si nye ɖekakpui ko la kple eƒe ƒometɔwo le ame bla eve vɔ eve.
29
Ame akpe etɔ̃ tso Benyamin-to la me nye Saul nɔviwo elabe le ɣe ma ɣi me la, wo dome akpa gãtɔ ganɔ Saul dzi.
30
Ame akpe bla eve alafa enyi tso Efrayim-to la me. Wonye aʋakalẽtɔ xɔŋkɔwo le woƒe ƒomeawo me.
31
Wotia ame akpe wui enyi tso Manase-to afã si le ɣetoɖoƒe la me be woayi aɖaɖo David fiae.
32
Asrafomegã alafa eve kple wo nɔviwo tso Isaxar-to si nya ɣeyiɣi si Israel awɔ nu wòanyo la hã va.
33
Ame akpe bla atɔ̃ tso Zebulon-to la me va aʋakɔ la me. Wonya aʋawɔnu vovovowo ŋudɔwɔwɔ, eye woɖoe kplikpaa be yewoanɔ David dzi.
34
Aʋakplɔla akpe ɖeka kple woƒe asrafo akpe bla etɔ̃ vɔ adrẽ siwo tsɔa akpoxɔnu kple akplɔ la tso Naftali-to la me va.
35
Ame siwo bla akpa na aʋawɔwɔ tso Dan-to la me la le ame akpe bla eve vɔ enyi alafa ade.
36
Ame siwo tso Aser-to la me yi eye wole klalo na aʋawɔwɔ la de akpe bla ene.
37
To siwo le Yordan ƒe ɣedzeƒe, Ruben, Gad kple Manase ƒe to afã, ƒe amewo le akpe alafa ɖeka bla eve. Aʋawɔnu vovovowo le wo si.
38
Ame siawo katã bla akpa na aʋawɔwɔ. Wova Xebron kple tameɖoɖo kplikpaa be yewoaɖo David fiae ɖe Israel blibo la nu. Taɖodzinu ɖeka siae nɔ Israeltɔ bubuawo katã hã si.
39
Wonɔ David gbɔ ŋkeke etɔ̃, ɖu nu, no nu elabe wo nɔviwo dzra ɖo ɖe wo ŋu nyuie.
40
Azɔ ame siwo te ɖe wo ŋu ɖase Isaxar, Zebulon kple Naftali nutowo me la hã tsɔ nuɖuɖu vovovowo ɖe tedzi, kposɔ, tedzisɔ kple nyitsuwo dzi vɛ: Wotsɔ wɔ, gbotitsetsebolo, waintsetsebolo, wain, nyitsu kple alẽ geɖe hã vɛ elabe dzidzɔ nɔ Israel.
← Chapter 11
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 13 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29