bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 14
1 Chronicles 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 15 →
1
Xiram Tiro- fia, dɔ ame ɖe David kple sedertiwo, xɔtulawo kple atikpalawo be woatu xɔ nɛ.
2
Ale David dze sii be Aƒetɔ ye ɖo ye fiae ɖe Israel nu, elabe eƒe fiaɖuƒea de du le eƒe dukɔ Israel ta.
3
David gaɖe srɔ̃ wo le Yerusalem eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnuwo fũu.
4
Vi siwo wòdzi le Yerusalem la woe nye: Samua, Sobab, Natan, Salomo,
5
Yibxar, Elisua, Elpelet
6
Noga, Nefeg, Yafia,
7
Elisama, Beelyada kple Elifelet.
8
Esi Filistitɔwo se be wosi ami na David wòzu fia ɖe Israel bliboa nu la, wo katã ho be yewoayi aɖadii. David see ale eya hã ho yi wo kpe ge.
9
Azɔ la Filistitɔwo va kaka ɖe Refaim-bali la me le nu gblẽm.
10
Tete David bia nu Mawu be: “Maho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋua? Àtsɔ wo ade asi nama?” Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ be: “Ho yi, eye matsɔ wo ade asi na wò.”
11
Ale woho yi Baal-Perazim, eye David si Filistitɔwo le afi ma. David gblɔ be: “Mawu to nye asi dzi dze nye futɔwo abe ale si tsiɖɔɖɔ gbãa goe ene!” Eya ta woyɔa teƒe ma be Baal-Perazim.
12
Filistitɔwo gblẽ woƒe mawuwo ɖe afi ma eye David ɖe gbe wotɔ dzo wo.
13
Filistitɔwo gava kaka ɖe balia me.
14
David gabia nu Mawu, eye Mawu ɖo eŋu nɛ be: “Mègato wo yome o, ke boŋ trɔ naɖatso wo le klẽtiawo kasa.
15
Ne èse afɔzi le klẽtiawo me ko la, ho aʋa elabe meho dze ŋgɔwò be maɖu Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la dzi.”
16
David wɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi eye wòɖu Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la dzi tso Gibeon ɖase Gezer.
17
David ŋkɔ ɖi de anyigbawo katã dzi, eye Aƒetɔ de vɔvɔ̃ dukɔwo katã me ɖe eŋu.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29