bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 22
1 Chronicles 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 23 →
1
David gblɔ be: “Aƒetɔ, Mawu ƒe aƒee nye esia, eye Israel ƒe numemevɔsamlekpuie nye esia.”
2
David ɖe gbe be woaƒo amedzro siwo katã le Israel-nyigba dzi la nu ƒu, eye wòɖe kpeɖaŋudɔwɔlawo be woafú kpe ne woatsɔ tu Mawu ƒe xɔ lae.
3
David di ga yibɔ hã kɔ ɖi fũu na gatagbadzɛwo, agbo ŋu gawo kple nublagawo. Egadi akɔbli geɖe fũu si mele dadame o la hã kɔ ɖi.
4
Nenema ke sedertiwo hã mele xexlẽme o, elabe Sidontɔwo kple Tirotɔwo he sederti vɛ na David ale gbegbe.
5
David wɔ esia elabe egblɔ be: “Ðekakpui dzaa, makpɔnuteƒe koe nye vinye Salomo. Evɔ xɔ si wole tutu ge na Aƒetɔ la, ele be wòalolo, anyakpɔ ne eŋu ŋkɔ kple bubu nade du. Eya ta madzra ɖo ɖe eŋu nyuie.” Ale David ƒo nuwo nu ƒu ɖi fũu hafi va ku.
6
Eyɔ via Salomo, eye wògblɔ nɛ be wòatu xɔ na Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la.
7
David gblɔ na Salomo be: “Vinye, nye la, meɖoe be matu xɔ ade bubu Aƒetɔ, nye Mawu ŋu.
8
Gake Aƒetɔ ƒe gbe va nam be: ‘Èkɔ ʋu ɖi akpa eye èwɔ aʋa geɖe, eya ta wò la, màtu xɔ nam o, elabe èkɔ ʋu geɖe ɖe anyi le ŋkunye me le anyigba dzi.
9
Kpɔ ɖa, wole viŋutsu dzi ge na wò; eya anye ŋutifafame. Mana gbɔdzɔe eyama tso eƒe futɔ siwo ƒo xlãe kpe ɖo la si me, elabe Salomo anye eŋkɔ eye mana ŋutifafa kple gbɔɖeme Israel le eƒe agbe me ŋkekewo me.
10
Eyae atu xɔ ade bubu ŋunyee. Azu vi nam, eye mazu tɔ́ nɛ, eye mana eƒe dziɖuɖu ƒe fiazikpui nali ke ɖe Israel tegbee.’
11
Azɔ vinye, Aƒetɔ nenɔ kpli wò ne nàtu Aƒetɔ, wò Mawu ƒe xɔ la awu enu, abe ale si wògblɔ le ŋuwò la ene.
12
Ðeko Aƒetɔ nena nyametsotso nyui kple nunya wò ale be ne eɖo wò Israel nu la, nàlé Aƒetɔ, wò Mawu ƒe se la me ɖe asi.
13
Ne èkpɔ ɖokuiwò dzi, eye nèlé ɖoɖo kple kɔnu, siwo Aƒetɔ ɖo da ɖi na Israel-dukɔ to Mose dzi la me ɖe asi la, ekema eme anyo na wò. Do ŋusẽ nu eye nalé dzi ɖe ƒo. Mègavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o!
14
Meku kutri ƒo sika ton akpe etɔ̃ alafa ene kple klosalo ton akpe bla etɔ̃ vɔ ene nu ƒu ɖe xɔ la tutu ŋu. Hekpe ɖe esia ŋu la, akɔbli kple ga yibɔ gbogbo aɖe si mele dadame o la hã li. Nenema ke meƒo ƒu ati kple kpe hã ɖi. Wò hã gadi ɖe kpe nu siawo.
15
Gawu la, dɔwɔlawo le asiwò zã: kpegbãlawo, gliɖolawo, atikpalawo kple aɖaŋudɔ ɖe sia ɖe wɔla siwo mele xexlẽme o la li.
16
Sika, klosalo, akɔbli kple ga yibɔ ŋudɔwɔlawo mele xexlẽme o. Eya ta tso ɖe dɔ la ŋu! Aƒetɔ nenɔ kpli wò!”
17
David gblɔ na Israel-dumegãwo katã be woakpe ɖe ye vi, Salomo ŋu. Egblɔ na wo be:
18
“Ɖe Aƒetɔ, miaƒe Mawu la meli kpli mi oa? Ena miekpɔ gbɔdzɔe le go sia go me, elabe etsɔ anyigba la dzi tɔwo de asi nam, eye wobɔbɔ ɖe Aƒetɔ kple eƒe dukɔ la te.
19
Eya ta miaƒe susu kple dzi naku ɖe Aƒetɔ, mia Mawu ŋu. Mitso ne miatu Aƒetɔ, Mawu ƒe kɔkɔeƒe la, bene woatsɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la kple Mawu ƒe nu kɔkɔeawo ava xɔ si tu ge woala na Aƒetɔ la me.”
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29