bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 19
1 Chronicles 19
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 20 →
1
Esia megbe la, Amon-fia Naxas ku, eye via zu fia ɖe eteƒe.
2
David gblɔ be: “Manyo dɔme na Xanun, Naxas vi elabe tɔ́a nyo dɔme nam.” Ale David dɔ amewo ɖa be woaɖafa akɔ nɛ le tɔ́a ƒe ku ta. David ƒe amedɔdɔawo va Xanun gbɔ le Amontɔwo ƒe anyigba dzi be yewoafa akɔ nɛ.
3
Ke Amon dumegãwo gblɔ na Xanun be: “Ðe nèbu be bubudede tɔ́wò ŋu tae David dɔ amewo ɖa be woava fa akɔ na yea? Ðe wòdɔ wo ɖa be woava tsa ŋku le anyigba la dzi boŋ ne wòakpɔ mɔnu ava ɖu mía dzi.”
4
Tete Xanun lé David ƒe amedɔdɔawo. Wolũ ge na wo, lã woƒe awu ʋlaya ɖe domedomee, ɖe agɔnu, eye wotrɔ wo ɖo ɖa.
5
Wodo ŋukpe ŋutsuawo ŋutɔ. Esi wova gblɔ ŋutsuawo ŋu nya na David la, edɔ woɖakpe wo. Fia la gblɔ be: “Minɔ Yerixo ne miaƒe ge nato hafi miagbɔ.”
6
Esi Amontɔwo kpɔ be yewozu David ƒe ketɔwo la, Xanun kple Amontɔwo ɖo klosalo kilo akpe bla etɔ̃ vɔ ene ɖa ne woaɖada aʋawɔtasiaɖamwo kple sɔdolawo tso Mesopotamia, Siria Maaxa kple Zoba vɛ.
7
Aʋawɔtasiaɖam akpe bla etɔ̃ vɔ eve si woda kpe ɖe Maaxa-fia kple eƒe aʋakɔ ŋu la va ƒu asaɖa anyi ɖe Medeba ŋkume. Amontɔwo tso woƒe duwo me va kpe ta be yewoawɔ aʋa.
8
Esi David see la, edɔ Yoab kple aʋakalẽawo ƒe aʋakɔ bliboa ɖa.
9
Amontɔwo ho va dze aʋa ɖe dua ƒe agbo nu, eye fia siwo va la dze aʋa ɖe gbe dzi, wo tɔ, wo tɔ.
10
Esi Yoab kpɔ be futɔwo ƒe aʋakɔa dze aʋa ɖe ye ŋu le ŋgɔ kple megbe la, etia Israel aʋakalẽtɔ tɔxɛwo be yeakpe aʋa kple Siria.
11
Etsɔ aʋakɔ mamlɛa de nɔvia Abisai si ne woakpe aʋa kple Amontɔwo.
12
Egblɔ be: “Ne èkpɔ be Siriatɔwo sesẽ wum la, ekem nàva kpe ɖe ŋunye. Ne nye hã mekpɔ be Amontɔwo sesẽ wu wò la, ekema mava kpe ɖe ŋuwò.
13
Sẽ ŋu, eye na míawɔ kalẽ ɖe míaƒe dukɔ kple mía Mawu ƒe duwo ta. Aƒetɔ ŋutɔ newɔ nu si wòkpɔ be enyo la.”
14
Ale Yoab kple aʋakɔ si le eŋu la lũ ɖe Siriatɔwo dzi. Siriatɔwo sí le wo nu.
15
Esi Amontɔwo kpɔ be Siriatɔwo le sisím la, woawo hã sí le Abisai Yoab nɔvi la nu yi dua me. Yoab trɔ va Yerusalem.
16
Esi Siriatɔwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wodɔ ame ɖe Siriatɔ siwo le Frat-tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi be woaɖakplɔ wo vɛ. Sofax, Hadadezer ƒe aʋakplɔlae nɔ wo nu.
17
Wova gblɔe na David, eye wòƒo Israel ƒe aʋakɔ bliboa nu ƒu. Wotsò Yordan-tɔsisi la va dze aʋa ɖe futɔawo ŋu, eye wokpe aʋa la. David dze aʋa ɖe Siriatɔwo ŋu eye wokpe aʋa kplii.
18
Siriatɔwo sí le Israel nu. David wu Siria tasiaɖamdola akpe adrẽ kple afɔzɔsrafo akpe bla ene. Ewu Sofax, aʋakplɔla la ŋutɔ gɔ̃ hã.
19
Esi Hadadezer teviwo kpɔ be Israelviwo ɖu yewo dzi la, wowɔ ŋutifafa kple David, trɔ zu eteviwo. Ale Siriatɔwo megalɔ̃na kpena ɖe Amontɔwo ŋu azɔ o.
← Chapter 18
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 20 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29