bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 27
1 Chronicles 27
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 28 →
1
Esiae nye Israelviwo ƒe xexlẽme ɖe woƒe hatsotso vovovoawo nu: ƒometatɔwo, ame akpewo kple ame alafawo ƒe tatɔwo kple woƒe dɔnunɔlawo, ame siwo subɔa fia la. Hatsotsoawo vana, eye woɖɔlia wo nɔewo, ɣleti sia ɣleti le ƒè la me. Ame akpe bla eve vɔ enee le hatsotso ɖe sia ɖe me.
2
Ɣleti gbãtɔ ƒe hatsotso nɔ Yasobeam, Zabdiel vi ƒe kpɔkplɔ te.
3
Etso Perez tɔgbuiyɔviwo dome, eye wònye aʋakplɔlawo katã ƒe tatɔ.
4
Ɣleti evelia ƒe hatsotso nɔ Dodai si nye Axoxitɔ la ƒe kpɔkplɔ te. Dumegã Miklot hã nɔ eƒe hatsotsoa me.
5
Ɣleti etɔ̃lia ƒe hatsotso nɔ Benaya, nunɔla Yoyada vi ƒe kpɔkplɔ te.
6
Benaya nye Kalẽtɔ Blaetɔ̃awo dometɔ ɖeka, eye wònye woƒe tatɔ. Via Amizabad hã nɔ hatsotso sia me.
7
Ɣleti enelia ƒe hatsotso nɔ Asahel, Yoab nɔvi ƒe kpɔkplɔ te. Via Zabadya va ɖe eyome.
8
Ɣleti atɔ̃lia ƒe hatsotso nɔ Samhut, si tso Yizrax, ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe kpɔkplɔ te.
9
Ɣleti adelia ƒe hatsotso nɔ Ira, si nye Ikes vi, tso Tekoa, ƒe kpɔkplɔ te.
10
Ɣleti adrẽlia ƒe hatsotso nɔ Xelez, tso Perlon le Efrayim-to la me ƒe kpɔkplɔ te.
11
Ɣleti enyilia ƒe hatsotso nɔ Sibekai, Xusatitɔ si tso Zarxi ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe kpɔkplɔ te.
12
Ɣleti asiekelia ƒe hatsotso nɔ Abiezer, Anatotitɔ, si tso Benyamin-to la me ƒe kpɔkplɔ te.
13
Ɣleti ewolia ƒe hatsotso nɔ Maharai, Netofatitɔ, si tso Zarxi ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe kpɔkplɔ te.
14
Ɣleti wui ɖekɛlia ƒe hatsotso nɔ Benaya, Piratonitɔ si tso Efrayim-to la me ƒe kpɔkplɔ te.
15
Ɣleti wui evelia ƒe hatsotso nɔ Xeldai, Netofatitɔ, si nye Otniel ƒe dzidzimevi la ƒe kpɔkplɔ te. Ame akpe bla eve vɔ ene nɔ hatsotso la me.
16
Ame siwo nye Israel-toawo ƒe tatɔwoe la woe nye: na Ruben viwoe nye Eliezer, Zixri viŋutsu eyae nye woƒe amegã; na Simeon viwoe nye Sefatya, Maaxa viŋutsu;
17
na Levi viwoe nye Xasabya, Kemuel viŋutsu; na Aron viwoe nye Zadok;
18
na Yuda viwoe nye Elihu tso David nɔviwo dome; na Isaxar viwoe nye Omri, Mixael viŋutsu;
19
na Zebulon viwoe nye Yismaya, Obadya viŋutsu; na Naftali viŋutsuwoe nye Yerimot, Azriel viŋutsu;
20
na Efrayim viwoe nye Hosea, Azazya viŋutsu; na Manase-to afã la viwoe nye Yoel, Pedaya viŋutsu;
21
na Manase-to afã si le Gilead la viwoe nye Ido, Zaxarya viŋutsu; na Benyamin viwoe nye Yaasiel, Abner viŋutsu;
22
na Dan viwoe nye Azarel, Yeroxam viŋutsu. Ame siawoe nye Israel-toawo ƒe tatɔwo.
23
Ke David mexlẽ ame siwo mexɔ ƒe bla eve la ŋlɔ ɖi o, elabe Aƒetɔ do ŋugbe be yeana Israelviwo adzi asɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene.
24
Yoab, Zeruya viŋutsue dze wo xexlẽ gɔme; ke mewu enu o, elabe esia he dɔmedzoe va Israel dzi. Ale womede xexlẽme la fia David ƒe ŋutinyagbalẽ me o.
25
Fia la ƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe dzikpɔlae nye: Azmavet, Adiel vi. Yonatan, Uziya vie kpɔa nudzraɖoƒe siwo le agblewo, dutawo, kɔƒewo kple mɔ́ sesẽwo me la dzi.
26
Ezri, Kelub vie le agbledelawo nu.
27
Simei, Ramatitɔ lae le waingblewo nu, eye Zabdi, Sifmitɔ lae le waingble me kutsetsewo kple ahadzraɖoƒewo nu.
28
Baal-Xanan, Grederitɔ lae le amiti kple sikamorti siwo le tagba la nu, eye Yoas kpɔa amidzraɖoƒewo dzi.
29
Sitrai, Saronitɔ lae le lãha siwo wonyina le Saron la nu, eye Safat, Adlai vie le nyi siwo wonyina le bali me la nu.
30
Obil, Ismaeltɔe le kposɔwo nu. Yexdeya, Meronotitɔe le tedzinɔwo nu,
31
eye via Yaziz, Hagritɔ le alẽhawo nu. Ame siawo katã nye fia David ƒe nunɔamesiwo dzikpɔlawo.
32
David tɔɖea, Yonatan nye fia ƒe aɖaŋuɖola. Enye ame nyanu kple agbalẽnyala. Yexiel, Xaxmoni vie kpɔa fia viwo dzi.
33
Axitofel nye fia ƒe adaŋudela, eye Xusai Arkitɔ lae nye fia xɔlɔ̃.
34
Ame siwo kplɔ Axitofel ɖo lae nye: Yoyada, Benaya vi kple Abyatar, Yoab nye fia ƒe aʋakplɔla gãtɔ.
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 28 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29