bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 16
1 Chronicles 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 17 →
1
Wotsɔ Mawu ƒe aɖaka la va dro ɖe agbadɔ si David tu nɛ la me, eye wosa numemevɔ kple ŋutifafavɔ le Mawu ŋkume.
2
Esi David sa numemevɔ kple ŋutifafavɔ la vɔ la, eyra dukɔ la le Aƒetɔ ŋkɔ me,
3
eye wòma abolo, ayedetsetsebolo kple waintsetsebolo ɖekaɖeka na Israelviwo dometɔ ɖe sia ɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.
4
David ɖe subɔlawo tso Levi viwo dome be woanɔ Aƒetɔ ƒe aɖaka la ŋgɔ, ayɔ Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, ada akpe nɛ, eye woakafui.
5
Asaf nye wo kplɔla, eye Zaxarya nye eƒe kpeɖeŋutɔ. Yeiel, Semiramot, Yexiel, Matitya, Eliab, Benaya, Obed-Edom kple Yeiel nye saŋku kple kasaŋkuƒolawo, eye Asaf ŋutɔ nye gakogoeƒola.
6
Benaya kple Yexaziel nanɔ kpẽ kum enuenu le Mawu ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ.
7
Gbe ma gbee nye zi gbãtɔ si David tsɔ akpedahadzidzi na Aƒetɔ ƒe dɔ de asi na Asaf kple nɔviawo.
8
Mida akpe na Aƒetɔ, miyɔ eŋkɔ. Miɖe gbeƒã eƒe dɔwɔwɔwo le dukɔwo dome.
9
Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ. Miɖe gbeƒã eƒe nukudɔwo katã.
10
Mitsɔ eŋkɔ kɔkɔe la ƒo adegbee. Ame siwo katã dia Aƒetɔ la, nedzɔ dzi!
11
Midi Aƒetɔ kple eƒe ŋusẽ, midi eŋkume nɔnɔ enuenu.
12
Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ, eƒe dzesiwo kple nyametsotso siwo do le enu la dzi.
13
O, eƒe dɔla Israel ƒe dzidzimeviwo, O, mi Yakob viwo, mi eƒe ame tiatiawo.
14
Eyae nye Aƒetɔ, míaƒe Mawu la, eyae drɔ̃a ʋɔnu xexea me katã.
15
Miɖo ŋku eƒe nubabla kple nya si wògblɔ, hena dzidzime akpewo la dzi tegbee.
16
Nu si wòbla kple Abraham kple atam si wòka na Isak la,
17
etsɔe wɔ ɖoɖo na Yakob, eye wòtsɔe wɔ nubabla na Israel tegbee hegblɔ be:
18
“Wòe matsɔ Kanaan-nyigba ana, ne wòanye miaƒe domenyinu.”
19
Togbɔ be woƒe xexlẽme nɔ sue womede naneke o, eye wonye amedzrowo le anyigba la dzi,
20
le tsatsam tso dukɔ me yi dukɔ me, tso fiaɖuƒe ɖeka gbɔ yi dukɔ bubu gbɔ hã la,
21
meɖe mɔ ame aɖeke te wo ɖe anyi o. Eka mo na fiawo gɔ̃ hã le wo ta.
22
Ebe: “Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o, eye migawɔ vɔ̃ aɖeke nye gbeƒãɖelawo o!”
23
Anyigbawo katã, midzi ha na Aƒetɔ. Miɖe gbeƒã eƒe xɔname, tso ŋkeke yi ŋkeke.
24
Miƒo nu le eƒe ŋutikɔkɔe ŋu le dukɔwo dome; mixlẽ eƒe nukudɔwo fia le anyigba dzi tɔwo katã dome.
25
Elabe Aƒetɔ tri akɔ, eye wòdze be woakafui geɖe ŋutɔ. Vɔvɔ̃ le eŋu wu mawuwo katã.
26
Elabe dukɔwo ƒe mawuwo katã la, nu dzodzrowo ko wonye; ke Aƒetɔ ye wɔ dziƒowo.
27
Bubu kple atsyɔ̃ le eŋu, ŋusẽ kple dzidzɔ le enɔƒe.
28
Dukɔwo ƒe ƒomeawo katã, mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Aƒetɔ. Ẽ, Aƒetɔ ye miatsɔe na!
29
Mide bubu Aƒetɔ ŋkɔ ŋu, miva eŋkume kple nunanawo! Mitsɔ kɔkɔenyenye ɖo atsyɔ̃, ne miasubɔ Aƒetɔ.
30
Anyigba blibo la nedzo nyànyanya le eŋkume, xexea me li ke sesĩe; maʋã gbeɖe o.
31
Dziƒowo nekpɔ dzidzɔ, anyigba netso aseye, eye woagblɔ le dukɔwo dome be, “Aƒetɔ ye nye fia!”
32
Atsiaƒu kple nu siwo katã le eme neɖe gbe, agblewo kple wo me nuwo nedzɔ dzi.
33
Azɔ avemetiwo adzi dzidzɔha le Aƒetɔ ŋkume, elabe eva be yeadrɔ̃ ʋɔnu xexea me.
34
Mida akpe na Aƒetɔ, elabe eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee.
35
Migblɔ hã be: “Mawu míaƒe Xɔnametɔ, ɖe mí loo! Ƒo mía nu ƒu, eye nàɖe mí le dukɔwo si me, ne míada akpe na wò, akafu wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye míaƒo adegbe be wòe míekafuna.
36
Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me!” Tete dukɔ blibo la ɖo eŋu be: “Neva eme!”, eye wokafu Aƒetɔ.
37
David tsɔ Asaf kple nɔviawo ɖo Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ le afi ma, ne woasubɔ ɖe ɖoɖo si wowɔ na ŋkeke sia ŋkeke nu.
38
Eɖo Obed-Edom, Yedutun vi kple nɔvia bla ade vɔ enyi kple Xosa be woanye agbonudzɔlawo.
39
David gblẽ nunɔla Zadok kple nɔvia nunɔlawo ɖe Aƒetɔ ƒe nɔƒe si le vɔsaƒe si le Gibeon la nu,
40
be woasa vɔ na Aƒetɔ le numemevɔsamlekpuia dzi ɖaa ŋdi kple fiẽ, abe ale si woŋlɔe ɖe se si Aƒetɔ de na Israel la me la ene.
41
Hekpe ɖe ame siawo ŋu la, wogaɖe Heman kple Yedutun kpakple ame tɔxɛ bubu siwo dzi wotɔ asii la be woanɔ akpe dam na Aƒetɔ elabe eƒe amenuveve li tegbee.
42
Wotsɔ kpẽwo, gakogoewo kple Mawu ƒe hadzinuwo na Heman kple Yedutun be woatsɔ na hadzilawo, eye Yedutun viwo nye agbonudzɔlawo.
43
Esiawo megbe la, ame sia ame dzo yi eƒeme, eye David hã trɔ yi ɖayra eƒemetɔwo.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29