bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 9
1 Chronicles 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 10 →
1
Aleae Israel-dukɔ la na woxlẽ dukɔa me viwo katã ɖe woƒe dzidzimeviwo nui, eye kpɔ ɖa, woŋlɔ esiawo ɖe Israel-fiawo ƒe Agbalẽ la me. Ke woɖe aboyo Yuda yi Babilonia le woƒe nuteƒemawɔmawɔ ta.
2
Ame gbãtɔ siwo va nɔ wo nɔƒe le woƒe duawo me la woe nye Israel nunɔlawo, Levi viwo kple gbedoxɔa me dɔwɔlawo.
3
Amewo tso Yuda-to, Benyamin-to, Efrayim-to kple Manase-to la me ɖanɔ Yerusalem.
4
Utai, Amihud vi, le wo dome. Amihud nye Omri vi, eyae nye Imri vi, eyae nye Bani vi, si nye Perez viwo dometɔ ɖeka, eye Perez nye Yuda vi.
5
Ame siwo tso Silonitɔwo domee nye Asaya, si nye ŋgɔgbevi la ƒe dzidzimeviwo.
6
Ame siwo tso Serox ƒe dzidzimeviwo me la woe nye Yeuel kple nɔviawo. Ame siawo le ame alafa ade bla asieke.
7
Ame siwo tso Benyamin-toa me la dometɔ ɖekae nye Salu. Salu nye Mesulam vi; tɔgbuiae nye Hodavia, eye tɔgbuitɔgbuiae nye Hasenua.
8
Bubue nye Yibneya, Yeroxam vi. Bubu hãe nye Ela, Uzi vi, si tɔgbuie nye Mexri. Bubu hãe ganye Mesulam, Sefatya vi, Reguel tɔgbuiyɔvi kple Yibner ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi.
9
Ame siawo katã nye ƒometatɔwo le woƒe ƒomeawo nu. Wo kple wo nɔviwo de ame alafa asieke bla atɔ̃.
10
Ame siwo tso nunɔlawo dome la woe nye: Yedaya, Yoyarib, Yaxin,
11
Azarya, si nye nunɔla gã le Mawu ƒe aƒe la nu. Enye Xilkiya vi. Xilkiya nye Mesulam vi, eye Mesulam nye Zadok vi. Zadok nye Merayot vi. Merayot nye Axitub vi.
12
Adaya nye Yeroxam vi. Eyae nye Pasxur vi, eye eya nye Malkiya vi kple Masai, Adiel vi. Adiel nye Yaxzera vi, eyae nye Mesulam vi, eyae nye Mesilemit vi, eye eya nye Imer vi.
13
Ame siawo ƒe ƒometɔwo kple woƒe ƒometatɔwo de ame akpe ɖeka alafa adrẽ bla ade. Wonyo nyuie asubɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la me.
14
Ame siwo tso Levi viwo dome la woe nye: Semaya, Xasub vi. Xasub nye Azrikam vi, eya nye Xasabya vi tso Merari ƒe ƒome la me.
15
Bakbakar, Xeres, Galal kple Matanya, Mixa vi. Mixa nye Zixri vi, eye eya nye Asaf vi.
16
Obadya, Semaya vi ame si nye Galal vi, eya nye Yedutun vi kple Berexya, Asa vi, eye Asa nye Elkana vi. Elkana nɔ Netofatitɔwo ƒe kɔƒewo me.
17
Agbonudzɔlawoe nye: Salum, Akub, Talmon, Axinam kple wo nɔviwo. Salum ye nye woƒe tatɔ.
18
Wonɔ fia ƒe agbo nu le ɣedzeƒe gome tsã; woawoe dzɔ Levi viwo ƒe asaɖa la ƒe agbo nu.
19
Salum, Kore vi si nye Ebyasaf ƒe tɔgbuiyɔvi kple nɔviawo tso Korax-ƒome la mee kpɔa subɔsubɔ la dzi, eye wodzɔa agbo la nu abe ale si wo tɔgbuiwo nye Aƒetɔ ƒe asaɖa la ƒe mɔnudzɔlawo tsã ene.
20
Tsã la, Pinehas, Eleazar vi nye amegã ɖe wo nu, eye Aƒetɔ nɔ kplii.
21
Zaxarya, Meselemya vi hã nye agbonudzɔla le godoƒegbadɔ la nu.
22
Ame siwo katã wotia be woadzɔ agboa nu la de ame alafa eve wui eve. Woŋlɔ wo ŋkɔwo ɖe woƒe ƒomewo nu, le woƒe kɔƒewo me. David kple nukpɔla Samuel nye ame siwo tsɔ dɔa de wo si.
23
Ale woawo kple woƒe dzidzimeviwo zu Aƒetɔ ƒe aƒe si nye agbadɔ la ƒe agbowo nudzɔlawo. Wowɔa dɔa ɖe ŋudzɔnɔɣi nu.
24
Agbonudzɔlawo ma ɖe akpa eneawo dzi: ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe, dzigbeme kple anyigbeme.
25
Wo nɔviwo tsoa woƒe kɔƒewo me vana ŋkeke adrẽ ŋkeke adrẽ be woaɖɔli wo.
26
Agbonudzɔlawo ƒe amegã ene siwo nye Levi viwo ya nɔa dɔ me ɣe sia ɣi, eye woawo kpɔa Mawu ƒe xɔ la kple nudzraɖoƒewo dzi.
27
Wotsia Mawu ƒe xɔ la gbɔ dɔna, elabe dzɔlawo wonye, eye woƒe dɔdeasi wònye be woaʋu xɔ la ŋdi sia ŋdi.
28
Wo dometɔ aɖewo ƒe dɔe nye be woakpɔ subɔsubɔ dɔwɔnuawo dzi, axlẽ wo kpɔ hafi woawɔ wo ŋudɔ, eye woagaxlẽ wo kpɔ ne wowɔ vɔ.
29
Bubuwo kpɔa xɔmenuwo kple agba kɔkɔewo katã kple wɔ memee, wain, ami, dzudzɔ ʋeʋẽe donu kpakple atike ʋeʋẽewo dzi.
30
Nunɔlawo vi aɖewo tsakaa atike ʋeʋẽewo wɔa ami ʋeʋẽe.
31
Levitɔ Matitya, ame si nye Salum ƒe ŋgɔgbevi tso Korax-ƒome me lae kpɔa nu siwo wotɔna le agba me la dzi.
32
Wo nɔvi siwo nye Kehat viwo la kpɔa vɔsabolo la dzi. Woawoe wɔnɛ na dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe.
33
Levi ƒe dzidzimevi aɖewo hã nye hadzilawo le mawuxɔ la me. Womegawɔa dɔ bubu aɖeke o, elabe wole dɔ dzi zã kple keli.
34
Ame siawo katã nye ƒometatɔwo na Levi ƒe dzidzimeviwo ɖe woƒe ƒomeawo nu. Wo katã wonɔ Yerusalem.
35
Yeuel ame si tsò Gibeon-dua la nɔ Gibeon. Srɔ̃a ŋkɔe nye Maaxa.
36
Eƒe ŋgɔgbevie nye Abdon, eye eyometɔwoe nye: Zur, Kis, Baal, Ner, Nadab,
37
Gedor, Axyo, Zaxarya kple Miklot.
38
Miklot dzi Simeam, eye wo kple wo nɔviwo nɔ woƒe ƒometɔwo kasa le Yerusalem.
39
Ner dzi Kis, Kis dzi Saul, eye Saul dzi Yonatan, Malkisua, Abinadab kple Esbaal.
40
Yonatan dzi Merib-Baal, eye Merib-Baal dzi Mixa.
41
Mixa viŋutsuwoe nye: Piton, Melex, Taxrea
42
kple Axaz ame si dzi Yarea, eye eya dzi Alemet, Azmavet kple Zimri. Zimri dzi Moza.
43
Moza dzi Binea, Binea dzi Refaya, eye Refaya dzi Azel.
44
Viŋutsu ade nɔ Azel si. Wo ŋkɔwoe nye: Azrikam, Boxru, Ismael, Searya, Obadya kple Xanan.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29