bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 26
1 Chronicles 26
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 27 →
1
Gbedoxɔ la ƒe agbonudzɔlawo ƒe hatsotsowoe nye esi: Ame si tso Korax viwo dome lae nye Meselemya. Kore vi, tso Asaf ƒe dzidzimeviwo dome.
2
Meselem ya viwoe nye: Zaxarya ŋgɔgbevia; Yediael, evelia; Zebadya, etɔ̃lia; Yatniel, enelia;
3
Elam, atɔ̃lia; Yehohanan, adelia kple Elyoenai, adrẽlia.
4
Obed-Edom viwoe nye: Semaya, ŋgɔgbevia; Yozabad, evelia; Yoax, etɔ̃lia; Saxar, enelia; Netaneel, atɔ̃lia;
5
Amiel, adelia; Isaxar, adrẽlia kple Peuletai, enyilia. Mawu yra Obed-Edom ŋutɔ.
6
Wodzi viŋutsuwo hã na Semaya. Wonye amegãwo le woƒe ƒomewo me, elabe ŋutete le wo ŋu ŋutɔ.
7
Semaya viwoe nye: Otani, Rafael, Obed kple Elzabad. Wo nɔviwoe nye Elihu kple Semaxya, siwo ŋu ŋutete le.
8
Ame siawo katã nye Obed-Edom ƒe dzidzimeviwo. Wode bla ade vɔ eve; woawo ŋutɔ, wo viwo kple wo nɔviwo nye kalẽtɔ siwo wɔa dɔ sesẽ.
9
Meselemya viwo kple nɔviawo nye kalẽtɔwo. Wole ame wui enyi.
10
Xosa si tso Merari ƒe dzidzimeviwo dome la, viwoe nye: Simri, si nye ƒometatɔ. Togbɔ be menye eyae nye ŋgɔgbevia o hã la, tɔ́a tsɔe ɖo tatɔe.
11
Xilkiyae nye vi evelia. Tebalya nye etɔ̃lia, eye Zaxarya nye enelia. Xosa viwo katã kple nɔviawo de ame wui ene.
12
Dɔdeasi le agbonudzɔlawo ƒe hatsotso siwo wotia ɖe woƒe kplɔlawo ŋu la si abe wo nɔviwo ke ene. Wosubɔna le Aƒetɔ ƒe aƒe la me abe dzɔlawo ene.
13
Wodzidze nu le ƒome ɖe sia ɖe me, eɖale sue, alo elolo o, ɖe agbo si ŋu woadzɔ la dzi.
14
Nudzidzea dze Selemya dzi be wòadzɔ ɣedzeƒe gome ŋu, eye wòdze via Zaxarya, aɖaŋu nyui ɖola la dzi be wòadzɔ dzigbeme gome.
15
Obed-Edom xɔ anyigbeme gome, eye viawo xɔ nudzraɖoƒe la.
16
Supim kple Xosa woxɔ ɣetoɖoƒe gome kple Salexet-gbo si ʋu ɖe mɔ si lia to la dzi. Dzɔla ɖe sia ɖe sɔ ɖe nɔvia tɔ nu.
17
Gbe sia gbe la, agbonudzɔla ade nɔa ɣedzeƒe gome, ene nɔa dzigbeme gome, eye ene bubuwo hã nɔa anyigbeme gome. Ame eve dzɔa nudzraɖoƒe eveawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu gbe sia gbe.
18
Le Parbar la gome la, ame ene le mɔ to, eye eve le Parbar la ŋutɔ.
19
Esiawoe nye agbonudzɔlawo ƒe hatsotsowo tso Korax kple Merari ƒe ƒomeawo me.
20
Wotsɔ Axiya si nye Levi ƒe dzidzimevi la ɖo Mawu ƒe aƒe la ƒe kesinɔnuwo kple nu kɔkɔeawo nu.
21
Ƒome geɖewo dzɔ tso Ladan, ame si nye Gerson viwo dometɔ ɖeka la me, eye viawo nye ƒomemegãwo. Wo dometɔ ɖekae nye Yexiel.
22
Yexiel viwoe nye: Zetam kple nɔvia Yoel; woawoe woɖo Aƒetɔ ƒe aƒea ƒe kesinɔnuwo nu.
23
Amewo tso Amram, Yizhar Xebron kple Uziel ƒomeawo me. Wo dometɔ ɖekae nye
24
Sebuel, ame si nye Mose vi, Gersom ƒe dzidzimevi la, eyae nye dzikpɔlawo ƒe tatɔ.
25
Selomot nye Sebuel nɔvi to Eliezer dzi. Eliezer vie nye Rexabya, eya vie nye Yesaya, eya vie nye Yoram; eya vie nye Zixri eye Zixri dzi Selomot.
26
Selomot sia kple nɔviawoe le kesinɔnu kɔkɔe siwo katã fia David ŋutɔ, ƒometatɔwo, asrafo alafawo kple akpewo ƒe amegãwo kpakple aʋakplɔlawo, ɖeɖe ɖe aga la nu.
27
Aboyonu siwo woxɔ le aʋa me la, wokɔ̀ wo ŋu hena Aƒetɔ ƒe xɔ la dzikpɔkpɔ.
28
Nu kɔkɔe siwo katã ŋu nukpɔla Samuel kple Saul, Kis vi la kple Abner, Ner vi kpakple Yoab, Zeruya vi, woɖe ɖe aga la hã le eme. Wotsɔa nunana kɔkɔewo katã dea asi na Selomot kple nɔviawo.
29
Wotia Kenanya kple viawo tso Yizhar ƒe dzidzimeviwo dome ɖo dudɔwo nu le Israel. Woawoe nye dudɔdzikpɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo.
30
Wotia Xasabya kple nɔvia ame akpe ɖeka kple alafa adrẽ, tso Xebron ƒe dzidzimeviwo dome. Wonye ame siwo ŋu ŋutete le ŋutɔ, eye wotsɔ wo ɖo Israel-nyigba la ƒe akpa si le Yordan-tɔsisia ƒe ɣetoɖoƒe gome ne woakpɔ subɔsubɔdɔ kple dukɔmenyawo gbɔ.
31
Xebron ƒe dzidzimeviwo ƒe tatɔe nye Yeriya. Le David ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè bla enelia me la, ena wolé ŋku ɖe Xebron ƒe dzidzimea me tsitotsito, eye wokpɔ be ame siwo ŋu ŋutete le nyuie la le Yazer, le Gilead.
32
Woawoe David tsɔ ɖo Ruben, Gad kple Manase ƒe to afã si le Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒe gome la nu, be woakpɔ Mawu subɔsubɔ kple fia la ƒe nyawo gbɔ.
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 27 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29