bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 5
1 Chronicles 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 6 →
1
Ruben, Israel ƒe ŋgɔgbevi ƒe dzidzimeviwo ƒe ŋutinya: Ruben ye nye Israel ƒe ŋgɔgbevi, ke esi wòdɔ kple tɔ́a ƒe ahiãvi ta la, woxɔ ŋgɔgbevinyenye la le esi tsɔ na Israel vi, Yosef viwo. Eya ta womexlẽ eƒe dzidzime fia ɖe eƒe ŋgɔgbevinyenye nu o.
2
Togbɔ be Yuda-to la va kpɔ ŋusẽ wu le to bubuawo dome, eye dziɖula dzɔ tso eme hã la, ŋgɔgbevinyenye la nye Yosef tɔ.
3
Ruben, Israel ƒe ŋgɔgbeviwoe nye: Henox, Palu, Xezron kple Karmi.
4
Yoel vie nye Semaya, eya vie nye Gog, eya vie nye Simei.
5
Eya vie nye Mixa, eya vie nye Reaya, eye eya vie nye Baal.
6
Baal vie nye Beera, ame si Asiria-fia Tiglat-Pileser ɖe aboyoe; Beerae nye Ruben-to la ƒe tatɔ.
7
Le ƒomea ƒe dzidzimegbalẽ me la, wode dzesi nɔviawo ɖe woƒe dzidzime nu ale: Yeiel ye nye ƒomea ƒe tatɔ. Eyometɔwo nye Zaxarya,
8
Bela, Azaz vi, si nye Sema vi, ame si nye Yoel vi. Ƒome sia nɔ Aroer si keke ta tso Nebo yi ɖase Baal-Meon.
9
Wonɔ ɣedzeƒe lɔƒo, ɖo ta kegbegbe si le Frat-tɔsisi la ƒe go sia dzi elabe woƒe lãhawo dzi ɖe edzi le Gilead-nyigba dzi.
10
Le Saul ŋɔli la, Ruben-to la wɔ aʋa kple Hagritɔwo heɖu wo dzi. Ale woxɔ woƒe anyigba si le Gilead ƒe ɣedzeƒe gome la katã wòzu wo tɔ.
11
Gad ƒe dzidzimeviwo nɔ Ruben ƒe dzidzimeviwo xa le Basan-nyigba si keke de Salxa la dzi.
12
Yoel ye nye ƒome lolotɔ ƒe tatɔ. Safam kplɔe ɖo. Yanai kple Safat nɔ Basan.
13
Wo nɔvi siwo ma ɖe ƒome vovovowo me lae nye Mixael, Mesulam, Seba, Yorai, Yakan, Zia kple Eber; wole adrẽ.
14
Ame siawo nye Abixail ƒe dzidzimeviwo. Abixail nye Xuri vi. Eya nye Yaroax vi, Yaroax nye Gilead vi, Gilead nye Mixael vi, Mixael nye Yesisai vi, Yesisai nye Yaxdo vi, Yaxdo nye Buz vi.
15
Axi, Abdiel vi, si nye Guni ƒe tɔgbuiyɔvi lae nye woƒe ƒomea ƒe tatɔ.
16
Wonɔ Gilead, Basan-duwo me kpakple Saron ƒe nutowo katã me.
17
Woŋlɔ ame siawo katã ƒe ŋkɔ ɖi le Yotam, Yuda-fia kple Yerobeam, Israel-fia ŋɔli.
18
Aʋakalẽawo nɔ Ruben viwo, Gad viwo kple Manase-to la ƒe afã me. Wode asrafo akpe bla ene vɔ ene alafa adrẽ bla ade. Wonya aʋaɖaŋu, eye wotsɔa akpoxɔnu kple yi, eye wonye da kple aŋutrɔdala gãwo.
19
Woho aʋa ɖe Yetur, Natis kple Nodab siwo nye Hagritɔwo la ŋu.
20
Woɖo dzi ɖe Mawu ŋu, eye wodo gbe ɖa yɔe le aʋa la me. Mawu se woƒe ameyɔgbe la, eye wòkpe ɖe wo ŋu ale be woɖu Hagritɔwo kple dukɔ siwo kpe ɖe wo ŋu la dzi.
21
Nu siwo woha le aʋa la me la woe nye: kposɔ akpe bla atɔ̃, alẽ akpe alafa eve bla atɔ̃ kple tedzi akpe eve. Woɖe aboyo ame akpe alafa ɖeka hã.
22
Wowu woƒe futɔ geɖewo, elabe Mawu wɔ aʋa la na wo. Wonɔ ameawo ƒe anyigba dzi va se ɖe esime woyi aboyo me.
23
Manase ƒe to afã si le ɣedzeƒe gome la dzi sɔ gbɔ ŋutɔ. Wokeke ta tso Basan yi Baal-Xermon kple Seir kple Xermon-to ŋu.
24
Woƒe ƒometatɔwoe nye Efer, Yisi, Eliel, Azriel, Yirmeya, Hodavia kple Yaxdiel. Wonye ŋutsu kalẽtɔwo kple kplɔla xɔŋkɔwo le woƒe ƒomeawo me.
25
Ruben-to, Gad-to kple Manase ƒe to afã la meɖi anukware na wo tɔ́wo ƒe Mawu la o. Wowɔ ahasi kple dukɔ siwo Mawu nyà ɖa le wo ŋgɔ la ƒe mawuwo.
26
Ale Israel ƒe Mawu la na Asiria-fia Pul, si wogayɔna hã be Tiglat-Pileser la, tso ɖe Ruben, Gad kple Manase ƒe to afã la ŋu eye wòkplɔ wo dzo yi Xalax, Xaber kple Hara kpakple Gozan-tɔsisi la nu. Wogale afi ma va se ɖe egbe o.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29