bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 21
1 Chronicles 21
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 22 →
1
Satana tsi tre ɖe Israel ŋu, eye wòdɔ David wòna woxlẽ Israel-dukɔa me tɔwo.
2
David ɖe gbe na Yoab kple asrafomegã bubuawo be: “Miyi ɖaxlẽ Israel-dukɔa me tɔwo, tso Beer-Seba ɖaʋu ɖe Dan, vɛ ne manya woƒe xexlẽme.”
3
Yoab ɖo eŋu na fia la be: “Nye Aƒetɔ Fia, ne Aƒetɔ na dukɔa dzi ɖe edzi zi alafa kura hã la, ɖe menye tewòviwo ko wo katã wonye oa? Nu ka ta nèdi be wò, nye Aƒetɔ, nàwɔ esia? Nu ka ta nàhe fɔbubu va Israel dzi?”
4
Gake fia la té nya la ɖe Yoab dzi, ale Yoab yi ɖatsa le Israel-dukɔ blibo la me gagbɔ va Yerusalem.
5
Yoab tsɔ dukɔ la ƒe xexlẽme vɛ na David ale: Ame siwo ate ade aʋa le Israel la de miliɔn ɖeka. Ame siwo ate ŋu ade aʋa le Yuda la de akpe alafa ene bla adrẽ.
6
Ke mexlẽ Levi kple Benyamin ƒe dzidzimeviwo ya ɖe eme o, elabe fia la ƒe nya la nye busunya le Yoab gbɔ.
7
Nu sia medze Mawu ŋu o, ale wòtsrɔ̃ Israel-dukɔa.
8
Tete David gblɔ na Mawu be: “Mewɔ nuvɔ̃ gã ŋutɔ be mewɔ nu sia; mewɔ lãnu, eya ta meɖe kuku na wò, tsɔ nye wò dɔla ƒe dzidada kem.”
9
Aƒetɔ gblɔ na Gad, David ƒe nukpɔla be:
10
“Yi ɖagblɔ na David be: ‘Aƒetɔ be: Metsɔ nu etɔ̃ le ŋkuwò me ɖom; tia ɖeka ne mawɔ wò?’ ”
11
Gad va David gbɔ, eye wògblɔ nɛ be: “Aƒetɔ be: ‘Tsɔ ɖeka:
12
Dɔwuame ƒe etɔ̃ loo, aʋasisi dzinu etɔ̃, esi me wò futɔwo naɖe wò ɖe nu kple yi loo, alo dɔ vɔ̃ ŋkeke etɔ̃, esi me Aƒetɔ atsɔ eƒe yi ɖe ŋuwò, eye eƒe dɔla agblẽ nu to anyigba blibo la me.’ Azɔ bu eŋu, nàɖo eŋu maɖagblɔ na ame si dɔm ɖa la.”
13
David ɖo eŋu na Gad be: “Mexaxa ŋutɔ, ke azɔ la, madze Aƒetɔ si me elabe eƒe amenuveve sɔ gbɔ ŋutɔ. Megana madze amegbetɔ si me o.”
14
Ale Aƒetɔ na dɔ vɔ̃ va Israel-nyigba dzi, eye ame akpe bla adrẽ ku.
15
Mawu ɖo dɔla ɖe Yerusalem be wòatsrɔ̃e, gake esi dɔla la be yeadze nugbegblẽ gɔme la dzɔgbevɔ̃e la ve Mawu, eye wògblɔ na dɔla si le nu gblẽm la be: “Esɔ gbɔ! Dzudzɔ!” Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ ƒe dɔla la le tsitre ɖe Ornan, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe gbɔ.
16
Esi David fɔ kɔ dzi la, ekpɔ Aƒetɔ ƒe dɔla la wòle tsitre ɖe anyigba kple dziƒo dome, ɖe yi le aku me do ɖe Yerusalem dzi. Tete David kple eƒe dumegãwo, le akpanya me tsyɔ mo anyi.
17
David gblɔ na Mawu be: “Menye nyee be woaxlẽ dukɔa oa? Nyee da vo, wɔ nuvɔ̃ gã sia. Ke alẽha sia ɖe, nu ka wowɔ? O Aƒetɔ, nye Mawu, meɖe kuku na wò, nà wò tohehe nava nye kple tɔ́nye ƒe ƒome dzi, ke mègatsɔ dɔ vɔ̃ tsrɔ̃ wò amewo o.”
18
Tete Aƒetɔ ƒe dɔla gblɔ na Gad be wòaɖagblɔ na David be neyi ɖaɖi vɔsamlekpui na Aƒetɔ ɖe Ornan, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe.
19
David yi le Gad ƒe nya si wògblɔ le Aƒetɔ ŋkɔ me la nu.
20
Ornan le lu ƒom. Esi Ornan trɔ kɔ la, ekpɔ dɔla la. Via ŋutsu ene siwo le egbɔ la, sí yi ɖabè.
21
Esi David va Ornan gbɔ, eye Ornan fɔ kɔ dzi kpɔ David la, edo tso lugbɔƒe la ɖade ta agu ɖe David ŋkume.
22
David gblɔ na Ornan be: “Tsɔ lugbɔƒe la nam, ne maɖi vɔsamlekpui ɖi na Aƒetɔ. Tsɔe nam ɖe eƒe asi nu tututu, ne dɔ vɔ̃ la nu natso le dukɔa me.”
23
Tete Ornan ɖo eŋu na David be: “Nye aƒetɔ fia, tsɔe. Tsɔe faa nàtsɔ wɔ nu si dze ŋuwò la. Kpɔ ɖa, mana nyi na numemevɔsa la, tsɔ luƒotiawo wɔ nake eye nàtsɔ lu la wɔ nuɖuɖuvɔsae. Metsɔ wo katã na faa.”
24
Ke fia ɖo eŋu nɛ be: “Kpao, maƒlee ɖe eƒe asi nu tututu, elabe nyemate ŋu axɔ wò nu atsɔ na Aƒetɔ o, eye nyemasa numemevɔ femaxee o.”
25
Ale David xe sikaga alafa ade na Ornan ɖe teƒe la ta.
26
David ɖi vɔsamlekpui la na Aƒetɔ ɖe afi ma, eye wòsa numemevɔ kple ŋutifafavɔ, eye wòyɔ Aƒetɔ. Etɔ nɛ, eye wòna dzo tso dziƒo va numemevɔsamlekpui la dzi.
27
Ale Aƒetɔ ɖe gbe na eƒe dɔla be netsɔ eƒe yi la de aku.
28
Esi David kpɔ be Aƒetɔ tɔ na ye le Ornan, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒea la, ede asi vɔsasa me le afi ma.
29
Elabe ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ ƒe nɔƒe si Mose wɔ nɛ le gbedadaƒo kple numemevɔsamlekpui la nɔ vɔsaƒe le Gibeon.
30
Ke le vɔvɔ̃ na yi si Aƒetɔ ƒe dɔla la lé ɖe asi ta la, David mete ŋu yi afi ma be yeaɖabia nu Mawu o.
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 22 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29