bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 23
1 Chronicles 23
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 24 →
1
Azɔ esi David tsi, eye agbe ɖi ƒo nɛ la, etsɔ via Salomo ɖo fiae ɖe Israel nu.
2
David ƒo Israel-dumegãwo, nunɔlawo kple Levi viwo nu ƒu.
3
Ena woxlẽ Levi vi siwo katã xɔ ƒe bla etɔ̃ kple vɔ, eye wode ame akpe bla etɔ̃ vɔ enyi.
4
Ebe: “Wo dome akpe bla eve vɔ ene nanɔ Aƒetɔ ƒe aƒea me dɔwo nu, akpe ade nanye dudɔnunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo,
5
akpe ene nanye agbonudzɔlawo, eye akpe ene mamlɛa natsɔ hadzinu vovovo siwo mewɔ la akafu Mawu.”
6
David ma Levi viwo ɖe hatsotso etɔ̃ me ɖe woƒe ƒomewo nu ale: Gerson, Kehat kple Merari.
7
Gerson viŋutsuwo nye: Ladan kple Simei.
8
Ladan dzi viŋutsu etɔ̃ Yexiel, ame si nye tsitsitɔ kple Zetam kpakple Yoel.
9
Simei viŋutsuwo nye: Selomot, Xaziel kple Xaran. Woawoe nye Ladan ƒe ƒometatɔwo.
10
Simei dzi ŋutsu ene. Woawoe nye: Yaxat, Ziza, Yeus kple Beria.
11
Yaxat nye gbãtɔ, eye Zizae nye evelia. Esi Yeus kple Beria medzi viŋutsu geɖe o ta, wobu wo viwo ƒome ɖekae.
12
Kehat viŋutsuwo nye: Amram, Yizhar, Xebron kple Uziel. Wole ene.
13
Amram viŋutsuwoe nye Aron kple Mose. Wotia Aron be wòakɔ nu siwo nye nu kɔkɔetɔwo ŋu. Eya kple eƒe dzidzimeviwo nawɔ esia tegbee. Woatɔ dzo lifi le Aƒetɔ ƒeme, asubɔ Aƒetɔ, eye woayra ame le Aƒetɔ ŋkɔ me tegbee.
14
Ke le Mawu ƒe ame Mose gome la, wobu viawo ɖe Levi-to la me.
15
Mose viŋutsuwoe nye Gersom kple Eliezer.
16
Sebuel ye nye Gersom ƒe dzidzimeviwo ƒe tatɔ.
17
Rexabya ye nye Eliezer ƒe dzidzimeviwo ƒe tatɔ. Viŋutsu bubu aɖeke meganɔ Eliezer si o. Ke Rexabya viŋutsuwo va sɔ gbɔ ŋutɔ.
18
Selomot ye nye Yizhar ƒe dzidzimeviwo ƒe tatɔ.
19
Yeriya ye nye Xebron ƒe dzidzimeviwo ƒe tatɔ. Amarya nye evelia, Yaxaziel nye etɔ̃lia, eye Yekamam nye enelia.
20
Mixa ye nye Uziel ƒe dzidzimeviwo ƒe tatɔ eye Yisiya nye evelia.
21
Maxli kple Musi wonye Merari viŋutsuwo, eye Maxli viŋutsuwoe nye Eleazar kple Kis.
22
Eleazar medzi viŋutsu aɖeke hafi ku o; negbe nyɔnuviwo ko. Ale wo nɔvi Kis viŋutsuwo ɖe wo.
23
Musi viŋutsuwo nye: Maxli, Eder kple Yeremot; wole etɔ̃.
24
Esiawoe nye Levi ƒe dzidzimeviwo ɖe wo tɔgbuiwo kple woƒe ƒometatɔwo nu. Woŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe kple eƒe dzidzimevi si xɔ ƒe bla eve kple vɔ la ƒe ŋkɔ be woawɔ dɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la ŋu.
25
David gblɔ be: “Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la na gbɔdzɔe eƒe dukɔ, eye anɔ Yerusalem tegbee;
26
eya ta megahiã azɔ be Levi viwo naganɔ nubablaɖaka la kple nu siwo katã kpe ɖe eŋu la kɔm tso teƒe yi teƒe o.”
27
Elabe le David ƒe ɖoɖo mamlɛtɔ nu la, woxlẽ Levi vi siwo xɔ ƒe bla eve kple vɔ la ɖe dɔwɔlawo dome.
28
“Ke woƒe dɔe nye be woakpe ɖe Aron ƒe dzidzimeviwo ŋu ne woawɔ dɔ siwo le Aƒetɔ ƒe aƒe la ŋu. Woakpɔ xɔxɔnuawo kple xɔawo dzi, aklɔ nu kɔkɔeawo katã ŋu, eye woawɔ dɔ bubu siwo katã hiã le Mawu ƒe aƒe la ŋu.
29
Hekpe ɖe esiawo ŋu la, woakpɔ vɔsabolo kple wɔ memee si wotsɔ wɔa nuɖuɖuvɔsa, tatali si wowɔna kple abolo maʋamaʋã, nu siwo wotɔna le nutɔgba me, nu siwo katã wobakana kple ami kple nudzidzenu vovovo siwo le xɔ la me la dzi.
30
Woanɔ tsitrenu gbe sia gbe ŋdi kple fiẽ ada akpe na Aƒetɔ eye woakafui.
31
Ɣe sia ɣi si woasa vɔ na Aƒetɔ le Dzudzɔgbe, alo Dzinu Yeye dzi alo le ŋkekenyui bubuwo dzi la, Levi viwo ƒe xexlẽme si woɖo na ŋkekea la nasɔ ta ava.
32
Woawoe awɔ dɔ siwo katã ku ɖe godoƒegbadɔa kple eƒe kɔkɔeƒea ŋu, eye woanɔ wo nɔvi Aron viwo ŋu, asubɔ le Aƒetɔ ƒe aƒea me.”
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 24 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29