bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 6
1 Chronicles 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 7 →
1
Levi viwoe nye Gerson, Kehat kple Merari.
2
Kehat viwoe nye: Amram, Yizhar, Xebron kple Uziel.
3
Amram viwoe nye Aron kple Mose; wo nɔvinyɔnue nye Miryam. Aron viwoe nye: Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.
4
Eleazar ƒe dzidzimeviwoe nye esi: Pinehas dzi Abisua,
5
eya dzi Buki, eya dzi Uzi.
6
Uzi dzi Zeraxya, eya dzi Merayot, eya dzi Amarya, eya dzi Axitub.
7
Kehat viwo nye: Aminadab, eya ƒe vi nye Konax, eya ƒe vi nye Asir,
8
eya dzi Zadok, eya dzi Aximaaz,
9
eya dzi Azarya, eye eya dzi Yehohanan.
10
Yehohanan dzi Azarya, ame si wɔ nunɔladɔ le gbedoxɔ si fia Salomo tu ɖe Yerusalem la me.
11
Azarya dzi Amarya, eye eya dzi Axitub.
12
Eya dzi Zadok, ame si dzi Salum,
13
eya dzi Xilkiya eye eya dzi Azarya.
14
Azarya dzi Seraya eye eya dzi Yozadak.
15
Ke Yozadak yi aboyo me esi Aƒetɔ to Nebukadnezar dzi ɖe aboyo Yuda kple Yerusalem.
16
Levi viwoe nye Gerson, Kehat kple Merari.
17
Gerson viwo ƒe ŋkɔwoe nye Libni kple Simei.
18
Kehat viwoe nye Amram, Yizhar, Xebron kple Uziel.
19
Merari viwoe nye Maxeli kple Musi. Ame siawoe nye Levi-ƒomea ƒe tɔgbuiwo.
20
Gerson ƒe dzidzimeviwoe nye Libni, eya vie nye Yaxat, eya vie nye Zima,
21
eya vie nye Yoax, eya vie nye Ido, eya vie nye Zerax, eya vie nye Yeatrai.
22
Kehat ƒe dzidzimeviwoe nye: Aminadab, eya vie nye Korax, eya vie nye Asir,
23
eya vie nye Elkana, eya vie nye Ebyasaf, eya vie nye Asir,
24
eya vie nye Taxat, eya vie nye Uriel, eya vie nye Uziya, eye eya vie nye Saul.
25
Elkana viwoe nye Amasai kple Aximot.
26
Aximot vie nye Elkana, eya vie nye Zofai, eya vie nye Naxat,
27
eya vie nye Eliab, eya vie nye Yexoram, eye eya vie nye Elkana.
28
Samuel viwoe nye: Yoel, ŋgɔgbevia kple eyometɔ Abiya.
29
Merari ƒe dzidzimeviwoe nye: Maxeli, eya vie nye Libni, eya vie nye Simei, eya vie nye Uza,
30
eya vie nye Simea, eya vie nye Xagiya, eye eya vie nye Asaya.
31
Ame siwo David ɖo be woakpɔ hadzidzi dzi le Aƒetɔ ƒe xɔ la me esime nubablaɖaka la va ɖo afi ma la woawoe nye esiawo.
32
Wodzia ha subɔa Mawu le agbadɔ la nu, va se ɖe esime Salomo tu Aƒetɔ ƒe xɔ la le Yerusalem, eye wosubɔna le ɖoɖo nu.
33
Ame siwo wɔ dɔ sia kple woƒe dzidzimeviwoe nye: Kehat-ƒomea: Heman, hɛnɔ si nye Yoel vi. Eƒe dzidzime ɖatu Israel ale: Samuel vi si nye
34
Elkana, Yeroxam, Eliel. Toax,
35
Zuf, Elkana, Maxat, Amasai,
36
Elkana, Yoel, Azarya, Zefanya.
37
Taxat, Asir, Ebyasaf, Korax.
38
Yizhar, Kehat, Levi, Israel.
39
Nɔvia Asaf si nɔa eƒe ɖusime la ƒe dzidzime ɖatu Levi ale: Asaf, Berexya, Simea,
40
Mixael, Baaseya, Malkiya,
41
Etni, Zerax, Adaya,
42
Etan, Zima, Simei,
43
ame si nye Yaxat vi, ame si nye Gerson vi, ame si nye Levi vi.
44
Wo nɔvi, Merari viwo nɔ miame: Etan nye Kisi vi, ame si nye Abdi vi, ame si nye Malux vi,
45
ame si nye Xasabya vi, ame si nye Amazya vi, ame si nye Xilkiya vi,
46
ame si nye Amzi vi, ame si nye Bani vi, ame si nye Semer vi,
47
ame si nye Maxeli vi, ame si nye Musi vi, ame si nye Merari vi, ame si nye Levi vi.
48
Woɖo wo nɔvi Levi viwo, ne woawɔ dɔ sia dɔ le Mawu ƒe aƒe la me.
49
Ke Aron kple via ŋutsuwo doa dzo ɖe numemevɔsamlekpui la kple lifivɔsamlekpui siwo woɖo hena kɔkɔeƒe la ƒe dɔwo katã la dzi be woalé avu na Israel le se siwo katã Mose, Mawu ƒe dɔla la de la nu.
50
Aron viŋutsuwoe nye: Eleazar, eya vie nye Pinehas, eya vie nye Abisua,
51
eya vie nye Buki, eya vie nye Uzi, eya vie nye Zeraxya,
52
eya vie nye Merayot, eya vie nye Amarya, eya vie nye Axitub,
53
eya vie nye Zadok, eye eya vie nye Aximaaz.
54
Woƒe nɔƒewo le woƒe anyigba me le woƒe aƒetsotso nuwoe nye esiawo: Aron vi siwo tso Kehat viwo ƒe ƒome la me tɔe nye esi: Woawo dzie nudzidze la dze gbã.
55
Wotsɔ Xebron na wo ɖe Yuda-nyigba dzi kple lãnyiƒe si le eŋu godoo;
56
ke wotsɔ du la ƒe agble kple eƒe kɔƒewo na Kaleb, Yefune vi la.
57
Wotsɔ sitsoƒeduwo na Aron viwo siwo nye: Xebron, Libna kple eŋu lãnyiƒe; Yatir kple Estemoa kple wo ŋu lãnyiƒewo;
58
Xilen kple eŋu lãnyiƒewo, Debir kple eŋu lãnyiƒewo;
59
Asan kple eŋu lãnyiƒewo kpakple Bet-Semes kple eŋu lãnyiƒewo.
60
Benyamin-to la me tɔwoe nye: Geba kple eŋu lãnyiƒewo, Alemet kple eŋu lãnyiƒewo kpakple Anatot kple eŋu lãnyiƒewo. Du siwo katã le woƒe ƒomea me la le du wui ene.
61
Wodzidze nu tsɔ du ewo na Kehat viwo, siwo nye to la ƒe ƒome susɔeawo la, tso toa ƒe afã, Manase ƒe to afã me.
62
Wona du wui atɔ̃ Gerson viwo le woƒe ƒomeawo nu ɖe Isaxar-to, Aser-to, Naftali-to kple Manase-to afã me le Basan.
63
Wodzidze nu, tsɔ du wui eve na Merari viwo le woƒe ƒomeawo nu ɖe Ruben-to, Gad-to kple Zebulon-to la me.
64
Ale Israel viwo tsɔ duawo kple wo ŋu lãnyiƒewo na Levi viwo.
65
Wogadzidze nu tsɔ du siwo ŋkɔwo woyɔ la na wo ɖe Yuda-to, Simeon-to kple Benyamin-to me.
66
Wotsɔ duwo na Kehat viwo ƒe ƒome aɖewo ɖe Efrayim-to la ƒe nutome.
67
Wotsɔ sitsoƒeduwo na wo: Sixem kple eŋu lãnyiƒewo le Efrayim-tonyigba dzi, Gezer kple eŋu lãnyiƒewo,
68
Yokmeam kple eŋu lãnyiƒewo, Bet-Xoron kple eŋu lãnyiƒewo;
69
Ayalon kple eŋu lãnyiƒewo kpakple Gat-Rimon kple eŋu lãnyiƒewo.
70
Wotsɔ Aner kple eŋu lãnyiƒewo kpakple Bileam kple eŋu lãnyiƒewo na Kehat viwo ƒe ƒome susɔeawo ɖe Manase-to afã la me.
71
Wotsɔ teƒe tso Manase-to afã me na Gerson viwo: Golan le Basan kple eŋu lãnyiƒewo kpakple Astarot kple eŋu lãnyiƒewo.
72
Tso Isaxar-to la me wotsɔ: Kedes kple eŋu lãnyiƒewo; Dobrat kple eŋu lãnyiƒewo,
73
Ramot kple eŋu lãnyiƒewo kpakple Anem kple eŋu lãnyiƒewo.
74
Esiwo tso Aser-to la me la woe nye: Masal kple eŋu lãnyiƒewo, Abdon kple eŋu lãnyiƒewo,
75
Xukok kple eŋu lãnyiƒewo kpakple Rexob kple eŋu lãnyiƒewo.
76
Esiwo tso Naftali-to la me la woe nye: Kedes le Galilea kple eŋu lãnyiƒewo, Xamon kple eŋu lãnyiƒewo kpakple Kiryataim kple eŋu lãnyiƒewo.
77
Esiwo tso Zebulon-to la me wotsɔ na Merari vi susɔeawo la woe nye: Rimono kple eŋu lãnyiƒewo kpakple Tabor kple eŋu lãnyiƒewo.
78
Esiwo tso Ruben-to la me le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome la woe nye: Bezer le gbegbe kple eŋu lãnyiƒewo, Yaza kple eŋu lãnyiƒewo,
79
Kedemot kple eŋu lãnyiƒewo kpakple Mefaat kple eŋu lãnyiƒewo.
80
Esiwo tso Gad-to la me la woe nye: Ramot le Gilead kple eŋu lãnyiƒewo, Maxanaim kple eŋu lãnyiƒewo,
81
Xesbon kple eŋu lãnyiƒewo kpakple Yazer kple eŋu lãnyiƒewo.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29