bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 18
1 Chronicles 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 19 →
1
Esia megbe la, David ho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu, eye wòbɔbɔ wo ɖe anyi. Exɔ Gat-du kple eƒe kɔƒewo le wo si.
2
Eɖu Moab dzi, eye Moabtɔwo trɔ zu eteviwo, eye wodzɔ nu nɛ.
3
David ɖu Zoba-fia Hadadezer dzi le Xamat gbɔ esime Hadadezer be yeakeke yeƒe fiaɖuƒe ɖe enu ava ɖo Frat-tɔsisi la nu.
4
David xɔ eƒe tasiaɖam akpe ɖeka, eye wòlé sɔdzisrafo akpe adrẽ kple afɔzɔsrafo akpe bla eve. Etso agbeka na sɔ siwo katã le tasiaɖamawo ŋu, negbe alafa ɖeka ko.
5
Esi Siriatɔwo tso Damasko va be yewoakpe ɖe Zoba-fia Hadadezer ŋu la, David wu wo dome ame akpe bla eve vɔ eve.
6
Emegbe David ɖe asrafowo da ɖe Siria ƒe du gã Damasko me, eye Siriatɔwo zu David teviwo hedzɔ nu nɛ. Ale Aƒetɔ na David ɖu dzi le afi sia afi si wòyi la.
7
David tsɔ sikakpoxɔnu siwo le Hadadezer ƒe asrafowo si la va Yerusalem.
8
David xɔ akɔbli gbogbo aɖe le Siriatɔwo si le Tibxat kple Kun siwo nye Hadadezer ƒe duwo la me. Akɔbli siae Salomo tsɔ wɔ gazɔ, sɔtiwo kple agbawoe.
9
Esi Xamat-fia Tou se be David si Zoba-fia Hadadezer ƒe aʋakɔ bliboa la,
10
etsɔ sika, klosalo kple akɔblinu vovovowo de via Hadoram si ɖo ɖe fia David, ado gbe nɛ, eye wòadi nyui nɛ be eɖu Hadadezer dzi. Tou wɔ esia elabe eya kple Hadadezer wowɔa aʋa edziedzi.
11
David kɔ̀ nu siawo hã ŋu na Aƒetɔ kpe ɖe klosalo kple sika siwo katã wòxɔ tso Edomtɔwo, Moabtɔwo, Amontɔwo, Filistitɔwo kple Amalekitɔwo si la ŋu.
12
Abisai, Zeruya vi si Edomtɔ akpe wui enyi le Dze Bali la me.
13
Eɖe asrafowo da ɖe Edom eye Edomtɔwo katã zu David subɔlawo. Aƒetɔ na David ɖu dzi le afi sia afi si wòyi la.
14
Ale David ɖu fia ɖe Israel bliboa dzi. Edrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòtsoa afia ɖe eteƒe na eƒe dukɔmetɔwo katã.
15
Yoab, Zeruya vi, le aʋakɔa nu. Yosafat, Axilud vi nye dziɖuɖunyawo léɖila.
16
Zadok, Axitub vi kple Abimelex, Abyatar vi wonye nunɔlawo, eye Savsa nye agbalẽŋlɔla.
17
Benaya, Yehoyada vi, le Kretitɔwo kple Pletitɔwo, nu. David viŋutsuwo xɔ ɖoƒe kɔkɔtɔwo le fiaŋunɔlawo dome.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29