bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 28
1 Chronicles 28
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 29 →
1
David ƒo Israel-dumegãwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem. Ale toawo ƒe hatsotso siwo subɔa fia la ƒe kplɔlawo: ame akpewo kple ame alafawo ƒe tatɔwo, ame siwo katã kpɔa fia ƒe nunɔamesiwo, eƒe lãhawo kple viawo dzi, fiasã la dzikpɔlawo, aʋakalẽawo kpakple aʋawɔlawo katã va ƒo ƒu.
2
David fia la tso ɖe tsitre, eye wògblɔ be: “Nɔvinyewo kple nye dukɔmetɔwo, miɖo tom! Meɖo tame vevie be matu gbɔɖemeƒe na Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la kple afɔɖodzinu na mía Mawu la, eye medzra ɖo ɖe etutu ŋu hã.
3
Gake Mawu gblɔ nam be: ‘Màtu xɔ ade bubu ŋunye o, elabe aʋawɔme nènye, eye nèkɔ ʋu ɖi.’
4
Ke Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu tiam tso tɔgbuinyewo ƒe ƒome blibo la me, be maɖu fia ɖe Israel dzi tegbee, elabe Yuda-to lae wòtia be wòanye fia, eye tɔ́nye ƒe ƒome wòtia le Yuda. Nenema ke edze eŋu le tɔ́nye viwo dome be wòtsɔm ɖo fiae ɖe Israel blibo la nu.
5
Le vi geɖe siwo Aƒetɔ nam la dome la, etia vinye Salomo be wòanɔ Aƒetɔ ƒe fiaɖuƒe la ƒe fiazikpui dzi le Israel.
6
Egblɔ nam be: ‘Viwò Salomo ye atu nye aƒe kple eƒe xɔxɔnuwo, elabe metiae be wòanye vinye, eye manye tɔ́a.
7
Mali ke eƒe fiaɖuƒe la tegbee, nenye be wòlé nye sewo kple kɔnuwo me ɖe asi kplikpaa, eye wòwɔ wo dzi abe ale si wòle ewɔm fifia la ene.’
8
Eya ta mele nu xlɔ̃m mi le Israel bliboa, si nye Aƒetɔ ƒe ha la ŋkume, eye Mawu hã le esem, be: miwɔ Aƒetɔ, mia Mawu la ƒe sededewo katã dzi, eye midi eyome mɔ vevie bene anyigba nyui la nanɔ mia si ne miava gblẽ ɖi abe domenyinu ene na mia megbeviwo tegbee.
9
“Azɔ wò vinye Salomo, dze si tɔ́wò ƒe Mawu la, ne nàsubɔe kple wò tamesusu kple dzimedidi ɖeka dzaa, elabe Aƒetɔ dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wònya ame sia ame ƒe ɖoɖo kple tamesusu! Ne èdii la, ana nàkpɔe; ke ne ètrɔ le eyome la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.
10
Kpɔ nyuie, elabe Aƒetɔ tia wò be nàtu xɔ si anye eƒe kɔkɔeƒea. Do ŋusẽ nu, ne nàtso ɖe dɔa ŋu! Lé dzi ɖe ƒo eye nàwɔe ade goe.”
11
David tsɔ gbedoxɔa, eŋu xɔwo, nudzraɖoƒewo, eƒe dzisasrãwo, xɔa etometɔwo kple Kɔkɔeƒe afi si wotsɔa nuvɔ̃wo kena le la ƒe nɔnɔmetata de asi na Salomo.
12
Etsɔ ɖoɖo siwo katã wòwɔ ɖe xɔxɔnuawo ŋu, wo ŋu xɔwo, nudzraɖoƒewo kple nunana siwo ŋu wòkɔ na Aƒetɔ la dzraɖoƒewo la de asi nɛ.
13
Hekpe ɖe eŋu la, egblɔ ɖoɖo si wòwɔ ɖe nunɔlawo, Levi viwo ƒe hatsotsoawo, ale si woasubɔe le Aƒetɔ ƒe aƒeme kple subɔsubɔnuawo katã ŋu nya na Salomo.
14
Egblɔ sika kpekpeme si hiã na sikagba siwo katã wòatsɔ asubɔe kple klosalo kpekpeme si hiã na klosalogba siwo katã hiã la nɛ.
15
Egblɔ sika kpekpeme si hiã na sikakaɖitiawo kple sikakaɖigbɛawo kple klosalo kpekpeme si hiã na klosalotɔwo katã nɛ: ɖe sia ɖe le ale si woawɔ eŋudɔe la nu.
16
Egblɔ sika kple klosalo kpekpeme si woatsɔ awɔ sikakplɔ̃ si dzi woada aboloawo ɖo kple klosalo si hiã na klosalokplɔ̃wo la nɛ.
17
Egblɔ sika nyuitɔ si woatsɔ awɔ gaflowo, tsikunuwo, kpluwo kple sikagbawoe kpakple sika kple klosalo ale sinu ade na ɖe sia ɖe la nɛ.
18
Woatsɔ sika kɔkɔetɔ awɔ vɔsamlekpui si dzi woanɔ dzo tɔm lifi le, eye woatsɔ sika awɔ tasiaɖam siwo dzi sika kerubiawo anɔ, akeke aʋala atsyɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la dzi.
19
David gblɔ na Salomo be: “Esiawo katã nye Aƒetɔ, ame si fia dɔa ƒe ɖoɖom la ƒe asinuŋɔŋlɔ.”
20
David gayi edzi gblɔ na via Salomo be: “Do ŋusẽ nu, wɔ kalẽ, nàtso ɖe dɔa ŋu wɔ. Mègavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o, elabe Aƒetɔ, Mawu, nye Mawu la li kpli wò. Maɖe asi le ŋuwò o, eye nyemagblẽ wò ɖi akpɔ o, ɖeko nàwu eƒe aƒe la kple eŋudɔwo katã nu.
21
Kpɔ ɖa, nunɔlawo kple Levi viwo ƒe hatsotsoawoe nye esi li na subɔsubɔdɔ ɖe sia ɖe le Mawu ƒe aƒe la ŋu. Aɖaŋudɔwɔla geɖe siwo nya nu vovovowo la lɔ̃ faa be yewoakpe ɖe ŋuwò, eye dumegãwo kple dukɔ blibo la le asiwò nu ko kpɔm.”
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 29 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29