bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Chronicles 24
1 Chronicles 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 25 →
1
Aron ƒe dzidzimeviwo ƒe hatsotsowoe nye esi: Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.
2
Ke Nadab kple Abihu tre kuku na wo tɔ́, eye viŋutsu menɔ wo si o, ale Eleazar kple Itamar zu nunɔlawo.
3
David ma Aron ƒe dzidzimeviwo ɖe hatsotsowo me ɖe woƒe dɔwo nu. Ame siwo kpe ɖe eŋu le dɔ sia me lawoe nye Zadok, Eleazar ƒe dzidzime vi kple Aximelex, Itamar ƒe dzidzime vi.
4
Wokpɔ be Eleazar ƒe dzidzimeviwo sɔ gbɔ wu Itamar tɔwo, ale woma wo, eye Eleazar ƒe ƒometatɔwo le ame wui ade, eye Itamar tɔwo le ame enyi.
5
Wodzidze nu hema woawo kple eve la siaa, elabe kɔkɔeƒea dzikpɔlawo kple Mawu ƒe dɔnunɔlawo sɔ gbɔ le Eleazar kple Itamar ƒe dzidzimeviawo dome.
6
Ne wodzidze nu ɖe Eleazar ƒe ƒome ɖeka dzi la, wodzidzea nu ɖe Itamar hã ƒe ƒome ɖeka dzi. Agbalẽŋlɔla Semaya, Netaneel vi, tso Levi viwo domee ŋlɔnɛ ɖi. Fia ŋutɔ, dumegãwo, nunɔla Zadok, Aximelex, Abyatar vi la kple nunɔlawo kple Levi viwo ƒe ƒometatɔwo le eteƒe.
7
Nudzidze gbãtɔ dze Yoyarib dzi, evelia dze Yedaya dzi,
8
etɔ̃lia dze Xarim dzi, enelia dze Seorim dzi,
9
atɔ̃lia dze Milkiya dzi, adelia dze Miyamin dzi,
10
adrẽlia dze Hakoz dzi, enyilia dze Abiya dzi,
11
asiekelia dze Yesua dzi, ewolia dze Sexanya dzi,
12
wui ɖekɛlia dze Elyasib dzi, wui evelia dze Yakim dzi,
13
wui enelia dze Xupa dzi, wui enelia dze Yesebab dzi,
14
wui atɔ̃lia dze Bilga dzi, wui adelia dze Imer dzi, wui adrẽlia dze Xezir dzi,
15
wui enyilia dze Hapizez dzi,
16
wui asiekelia dze Petaxya dzi, bla evelia dze Yexezkel dzi,
17
bla eve vɔ ɖekɛlia dze Yaxin dzi, bla eve vɔ evelia dze Gamul dzi,
18
bla eve vɔ etɔ̃lia dze Delaya dzi, eye bla eve vɔ enelia dze Maazya dzi.
19
Ame siawo xɔ woƒe dɔdeasi si woɖo na wo le woƒe subɔsubɔdɔ me be woava Aƒetɔ ƒe aƒe la me le ɖoɖo si wo tɔ́ Aron ɖo na wo la nu, abe ale si Aƒetɔ, Israel Mawu la ɖo nɛ la ene.
20
Levi viŋutsu mamlɛawoe nye esi: Subael tso Amram viwo dome, Yexdeya tso Subael viwo dome.
21
Yisiya nye tatɔ na Rexabya viwo.
22
Selomot tso Yizhar viwo dome, Yaxat tso Selomot viwo dome.
23
Yeriya kple eyometɔwo: Amarya, Yaxaziel kple Yekamam, ame siwo nye Xebron viwo.
24
Mixa tso Uziel viwo dome, eye Samir tso Mixa viwo dome.
25
Mixa nɔvie nye Yisiya. Zaxarya tso Yisiya viwo dome.
26
Merari viwo nye Maxli kple Musi kpakple Musi vi Yaazya viwo.
27
Yaazya dzi viŋutsu etɔ̃: Soham, Zakur kple Ibri.
28
Maxli vie nye Eleazar si medzi viŋutsu aɖeke o.
29
Kis vie nye Yeraxmeel.
30
Musi viwoe nye Maxli, Eder kple Yerimot. Ame siawoe nye Levi ƒe dzidzimeviwo ɖe woƒe ƒomewo nu.
31
Woawo hã dzidze nu abe wo nɔvi Aron ƒe dzidzimeviwo ke ene le David, fia la, Zadok, Aximelex kple nunɔlawo kpakple Levi viwo ƒe ƒometatɔwo ŋkume. Ƒometatɔ tsitsiawo kple wo tsɛwo siaa nɔ eteƒe.
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 25 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29