bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 1
Matthew 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 2 →
1
Yesu Kristo si nye Fia David tɔgbuiyɔvi, eye David hã nye Abraham ƒe dzidzimevi la, ƒe dzidzimexexlẽfiae nye esi:
2
Abraham dzi Isak, eye Isak dzi Yakob si dzi Yuda kple nɔviawo.
3
Yuda kple srɔ̃a Tamar dzi Perez kple Zerax, eye Perez dzi Xezron. Xezron dzi Aram,
4
eye eya dzi Aminadab; Aminadab dzi Naxeson, eye Naxeson dzi Salmon.
5
Salmon kple Raxab dzi Boaz, eye Boaz kple Rut dzi Obed. Obed dzi Isai,
6
eye Isai dzi David, fia la. Tso Fia David dzi va se ɖe aboyomeyiyi le Babilonia dzi la dzidzime lae nye esi: David kple nyɔnu si nye Uriya srɔ̃ hafi la, wodzi Salomo.
7
Salomo dzi Rexabeam, eye eya dzi Abiya. Abiya hã dzi Asa,
8
eye Asa dzi Yosafat. Yosafat dzi Yoram, eye Yoram dzi Uziya.
9
Uziya dzi Yotam, eye Yotam dzi Axaz. Axaz dzi Xizkiya
10
eye Xizkiya dzi Manase. Manase dzi Amon si dzi Yosiya,
11
eye Yosiya dzi Yexonya kple nɔviawo le Babilonia-boyomenɔɣi.
12
Le aboyomenɔnɔ le Babilonia vɔ megbe la, Yexonya dzi Sealtiel, eye Sealtiel dzi Zerubabel.
13
Zerubabel dzi Abihud, eye eya dzi Elyakim. Elyakim dzi Azur, eye
14
Azur dzi Zadok, ame si dzi Axim. Axim dzi Elihud, eye
15
eya hã dzi Eleazar. Eleazar dzi Matan, eye eya dzi Yakob.
16
Yakob dzi Yosef. Eya srɔ̃e nye Maria si dzi Yesu si woyɔna be Kristo la.
17
Ale tso Abraham dzi va se ɖe David dzi le dzidzime wui ene, eye tso David dzi va se ɖe esime woyi aboyo me le Babilonia la hã le dzidzime wui ene; nenema ke tso kpɔkplɔ yi Babilonia ŋɔli va se ɖe Kristo la dzi hã le dzidzime wui ene.
18
Ale Yesu Kristo ƒe dzidzi lee nye esi: Yosef bia Maria ta be yeaɖe. Ke do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖea la, Maria fɔ fu tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me.
19
Ale srɔ̃a Yosef si nye ame dzɔdzɔe, eye medi be yeado ŋukpee o la ɖo tame be yeaɖe asi le eŋu dzaa ko.
20
Esime wòle nu sia ŋuti bum la, Aƒetɔ ƒe dɔla ɖe eɖokui fiae le drɔ̃eƒe gblɔ nɛ be: “Yosef, David vi, mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ o, elabe fu si wòfɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mee wòtso.
21
Ele ŋutsuvi dzi ge, eye nàna ŋkɔe be Yesu, elabe eyae aɖe eƒe dukɔa tso woƒe nuvɔ̃wo me.”
22
Nu siawo katã va eme bene nya si Aƒetɔ la gblɔ to eƒe gbeƒãɖela la dzi la nava eme. Gbedeasi siae nye:
23
“Kpɔ ɖa, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi. Woana ŋkɔe be Imanuel” (si gɔmee nye Mawu li kpli mí).
24
Ale esi Yosef nyɔ la, ewɔ nu si mawudɔla la gblɔ nɛ la dzi, eye wòɖe Maria, kplɔe va eɖokui gbɔe.
25
Ke mede asi eŋu kpɔ o, va se ɖe esime wòdzi vi. Edzi ŋutsuvi, eye Yosef na ŋkɔe be Yesu.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28