bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 6
Matthew 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 7 →
1
“Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, ne miagawɔ nu nyui si miaƒe subɔsubɔ bia tso mia si la le amewo dome bene woakpɔ o. Ne miewɔ nu siawo le dutoƒo la, fetu aɖeke meli na mi le mia Tɔ́ si le dziƒowo la gbɔ o.
2
“Eya ta ne èna nane ame dahe la, mègana amewo nasee hoo, abe ale si alakpatɔwo wɔna le ƒuƒoƒewo kple ablɔwo dzi la ene o. Wowɔa esia bene amewo nakafu yewo. Mele egblɔm na mi be woƒe fetue nye ema woxɔ xoxo!
3
Ke wò la, ne èle nu nam ame dahe la, mègana wò miasi nanya nu si wò nuɖusi le wɔwɔm la o,
4
ale be wò nunana la nanɔ adzame, eye Tɔ́wò si kpɔa nu le ɣaɣlaƒe la aɖo eteƒe na wò.
5
“Ne miele gbe dom ɖa la, migawɔ nu abe alakpatɔwo ene o. Woawo lɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple ablɔwo dzi bene amewo nakpɔ yewo. Mele egblɔm na mi be woƒe fetue nye ema woxɔ xoxo.
6
Ke wò la, ne èle gbe do ge ɖa la, yi ɖe wò xɔgãme, nàtu ʋɔa, eye nàdo gbe ɖa na Tɔ́wò le ɣaɣlaƒe, eye eya ame si kpɔa nu le ɣaɣlaƒe la, aɖo eteƒe na wò.
7
“Ne miele gbe dom ɖa la, migaƒo nu kpoloe, abe ale si trɔ̃subɔlawo wɔnɛ la ene o. Woawo buna xaa be ne yewogblɔ nya geɖe la, Mawu aɖo to yewo.
8
Miganɔ abe woamawo ene o. Mia Tɔ́ nya nu siwo le mia hiãm xoxo hafi miebianɛ.
9
Eya ta mido gbe ɖa ale: ‘Mía Tɔ́ si le dziƒowo wò ŋkɔ ŋuti nekɔ.
10
Wò fiaɖuɖu neva; Ne wowɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe ale si wowɔnɛ le dziƒo ene.
11
Na mí egbea míaƒe ŋkekenuɖuɖu
12
Natsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí, sigbe ale si míawo hã míetsɔa wo ke na ame siwo davo ɖe mía ŋuti ene.
13
Eye megaɖe mɔ be míadze tetekpɔ me o. Ke ɖe mí ɖa le vɔ̃ la gbɔ.’
14
“Elabe ne mietsɔ amewo ƒe vodada ke wo la, ekema mia Tɔ́ si le dziƒo la hã atsɔ mia tɔ ake mi.
15
Ke ne mietsɔ ke amewo o la, ekema mia Tɔ́ hã matsɔ ake mi o.”
16
Yesu gagblɔ be: “Ne mietsi nu dɔ la, migayɔ mo sũu, abe ale si alakpatɔwo wɔna la ene o; elabe wogblẽa mo na wo ɖokui bene amewo nakpɔ adze sii be yewole nu tsim dɔ. Mele egblɔm na mi be woƒe fetue nye ema woxɔ xoxo.
17
Ke ne ètsi nu dɔ la, de ami ɖa me eye nàfu mo nyuie,
18
ale be wò nutsitsidɔ la nagadze na amewo o, negbe na Tɔ́wò si le ɣaɣlaƒe la ko, eye Tɔ́wò, si kpɔa nu le ɣaɣlaƒe la, aɖo eteƒe na wò.”
19
“Migadzra kesinɔnuwo ɖo na mia ɖokui le anyigba dzi afii o, elabe le afii la, agbagblaʋui gblẽa nu, nuwo léa ɣebia, eye fiafitɔwo gbãa ʋɔ hefiaa nu.
20
Ke boŋ midzra kesinɔnuwo ɖo na mia ɖokui ɖe dziƒo. Afi ma la, agbagblaʋui megblẽa nu o; nuwo meléa ɣebia o, eye fiafitɔ hã megbãa ʋɔ fiaa nu o.
21
Elabe afi si wò nu xɔasi le la, afi mae wò dzi hã lanɔ.”
22
“Ame ƒe ŋku ɖe wòle abe akaɖi ene na ameti blibo la. Ne wò ŋku nyo la, wò ameti blibo la me akɔ;
23
ke ne wò ŋku menyo o la, wò ameti blibo la me lado viviti.”
24
“Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o, elabe alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ na evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋu, eye wòagbe evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple kesinɔnuwo o.”
25
“Esia tae mele gbɔgblɔm na mi be migatsi dzimaɖi le nu si miaɖu kple nu si miano anɔ agbe, alo nu si miado alo ata la ŋuti o. Alo ɖe agbe mexɔ asi wu nunyiame, eye ameti la mexɔ asi wu nudodo kple nutata oa?
26
Mikpɔ dziƒoxewo ɖa, womeƒãa naneke o, womeŋea nu hã o, eye womeƒoa nu ƒu ɖe ava me o; ke mia Tɔ́ si le dziƒowo la nyia wo! Ɖe miele vevie nɛ sãa wu xewo oa?
27
Ne mia dome ame aɖe tsi dzi ɖe eƒe agbe ŋu ʋuu hã la, ɖe wòate ŋu atsɔ ŋkeke ɖeka pɛ akpe ƒè si wòle agbe nɔ gea?”
28
“Nenema ke nu ka ta mietsi dzi ɖe nudodo kple nutata ŋu? Mibu ale si dzogbenya si le gbe me la tsinae la ŋuti kpɔ. Metrea ɖeti loo, alo lɔ̃a avɔ o.
29
Ke mele egblɔm na mi be fia Salomo, le eƒe ŋutikɔkɔe gã la me gɔ̃ hã la, meɖo atsyɔ̃ abe dzogbenya ene o.
30
Azɔ ne Mawu ɖo atsyɔ̃ na gbe si le agbe egbe, eye etsɔ ko woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo me wòafiã la, ɖe maɖo atsyɔ̃ na miawo boŋ geɖe wu oa? Xɔseʋɛtɔwo!”
31
“Eya ta migatsi dzimaɖi agblɔ be, ‘Nu ka míaɖu?’ alo ‘Nu ka míano?’ alo ‘Nu ka míata?’ mahã o.
32
Trɔ̃subɔlawoe dia nu siawo katã tɔgbe. Ke mia Tɔ́ si le dziƒo la nyae be nu siawo katã hiã mi.
33
Miaƒe nudidi vevitɔ nanye be Mawu naɖu fia ɖe yewo dzi ne yewoawɔ nu dzɔdzɔe, eye woatsɔ nu bubu siwo katã miehiã la akpee na mi.”
34
“Eya ta migatsi dzimaɖi le etsɔ si gbɔna la ƒe nuwo ŋuti o. Etsɔ si gbɔna la ƒe kuxiwo nenɔ aga. Egbe tɔwo sɔ gbɔ xoxo.”
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28