bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 15
Matthew 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 16 →
1
Farisitɔ kple agbalẽfiala aɖewo tso Yerusalem va Yesu gbɔ hebiae be:
2
“Nu ka ta wò nusrɔ̃lawo daa mía tɔgbuiwo ƒe kɔnuwo dzi? Elabe womeklɔa asi hafi ɖua nu o!”
3
Ke Yesu hã bia wo be: “Nu ka ta miawo hã miedaa Mawu ƒe se dzi le miaƒe kɔnyinyiwo ta?
4
Ɖe Mawu megblɔ be: ‘Bu tɔwò kple nɔwò’ eye wògagblɔ hã be: ‘Ame sia ame si gblɔ nya vɔ̃ ɖe tɔ́a alo nɔa ŋuti la, wonewui’ oa?
5
Ke miawo ya miegblɔ be: ‘Ne ame aɖe gblɔ na tɔ́a alo nɔa be: Nu si wòle be mana wò la, metsɔe na Mawu la, ekema megahiã be amea nabu tɔ́a alo nɔa o.’
6
Eya ta to miaƒe kɔnyinyiwo dzi la, miena Mawu ƒe nya ɖi gbɔlo.
7
Alakpatɔwo! Yesaya ƒe nya si wògblɔ le mia ŋuti la le eme vavã. Egblɔ be:
8
‘Dukɔ sia le subɔnyem kple numenya viviwo ko, ke woƒe dzi ya te ɖa xaa tso gbɔnye.
9
Wole subɔnyem dzodzro, elabe wole amegbetɔwo ƒe sededewo kofiam ɖe Mawu tɔ teƒe.’ ”
10
Yesu yɔ ameha la va eɖokui gbɔ hegblɔ na wo be: “Miɖo to ne miase nu gɔme!
11
Menye nu si yina ɖe ame ƒe nu me lae ƒoa ɖi ame o, ke boŋ nu si doa go tso ame nu lae ƒoa ɖi ame.”
12
Tete nusrɔ̃lawo va egbɔ hegblɔ nɛ be: “Ènya be esi Farisitɔwo se nya si nègblɔ la, eɖia wo nua?”
13
Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo be: “Ati sia ati si Tɔ́nye si le dziƒo medo o la, woahoe ɖa.
14
Miɖe asi le wo ŋu. Ŋkuagbãtɔwo wonye gale ŋkuagbãtɔwo kplɔm. Ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, do me ko wo kple eve la katã woage adze.”
15
Petro gblɔ nɛ be: “Ɖe lododo sia gɔme na mí.”
16
Yesu gblɔ na wo be: “Ke miawo hã ame masenugɔmewo mieganye kokokoa?
17
Ɖe mienyae be nu sia nu si ge ɖe ame ƒe nu me la yina ɖe eƒe dɔme, eye wòdenɛ le nugodo oa?
18
Ke nu siwo doa go tso ame nu la tsoa ame ƒe dzime, eye woawoe ƒoa ɖi ame.
19
Elabe ame ƒe dzimee susu vɔ̃ɖi, amewuwu, ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, fififi, aʋatsoɖaseɖiɖi, nya vɔ̃ gbɔgblɔ ɖe ame ŋu doa go tsona.
20
Nu siawoe ƒoa ɖi ame, ke ne womeklɔ asi hafi ɖu nu o la, eya meƒoa ɖi ame o.”
21
Yesu dzo le teƒe ma yi ɖe Tiro kple Sidon nutowo me.
22
Kanaan-nyɔnu aɖe, si tso nuto mawo me la va egbɔ kple ɣli be: “Nye Aƒetɔ, David Vi, kpɔ nublanui nam! Vinye nyɔnuvi le fu kpem ŋɔdzitɔe tso gbɔgbɔ vɔ̃ si me!”
23
Ke Yesu mede nu eme nɛ o. Eƒe nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu, ɖe kuku nɛ gblɔ be: “Do mɔe ne wòayi elabe ele ɣli dom akpa le mía yome.”
24
Yesu ɖo eŋu gblɔ be: “Alẽ siwo bu le Israel-ƒeme gbɔ ko wodɔm ɖo ɖa.”
25
Ke nyɔnua va dze klo ɖe eƒe afɔnu gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, kpe ɖe ŋunye!”
26
Yesu gblɔ nɛ be: “Menyo be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu aƒu gbe na avuviwo o.”
27
Nyɔnua ɖo eŋu be: “Nyateƒee, Aƒetɔ, ele nenema baa, gake avuviwo hã ɖua abolo wuwlui, siwo duduna ɖe anyi tso woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi ɖe.”
28
Esi Yesu see la, egblɔ nɛ be: “Oo, aƒenɔ, wò xɔse tri akɔ loo! Nu si dim nèle la, neva eme na wò.” Via nyɔnuvi la ƒe lã me sẽ enumake.
29
Yesu dzo le afi ma, eye wòzɔ to Galilea-ƒua nu va ɖo togbɛ aɖe gbɔ. Eliae, eye wòbɔbɔ nɔ anyi.
30
Ameha gã aɖe va egbɔ kple tekunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, nuwɔametɔwo, aɖetututɔwo kple dɔnɔ bubu ƒomevi geɖewo. Wotsɔ wo da ɖe eƒe afɔnu, eye wòyɔ dɔ wo.
31
Esi amehawo kpɔ aɖetututɔwo le nu ƒom, nuwɔametɔwo zu ame blibowo, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm la, ewɔ nuku na wo ŋutɔ, ale wokafu Israel Mawu la.
32
Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va eɖokui gbɔ hegblɔ na wo be: “Ameha la ƒe nu wɔ nublanui nam, elabe ŋkeke etɔ̃ sɔŋ nye esi wole ŋunye, ke naneke mele wo si woaɖu o. Nyemedi be mana woayi aƒe dɔmeɣi ne nu nava tso wo le mɔ ta o.”
33
Eƒe nusrɔ̃lawo biae be: “Afi kae míakpɔ nuɖuɖu le, le gbegbe afii, wòasɔ gbɔ ade ame gbogbo siawo nu?”
34
Yesu bia be: “Abolo nenie le mia si?” Nusrɔ̃lawo ɖo eŋu be: “Wo ame adrẽ kple tɔmelã sue ʋɛ aɖewo.”
35
Azɔ Yesu bia tso ameawo si be woabɔbɔ nɔ anyi.
36
Etsɔ abolo adrẽ kple lã la, eye esi wòda akpe na Mawu la, eka wo tsɔ na eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃laawo ma nuɖuɖua na ameha la.
37
Wo katã woɖu nu, ɖi ƒo. Esi wofɔ kakɛ siwo susɔ la ƒo ƒu la, woyɔ kusi adrẽ.
38
Ame siwo ɖu nua la le ŋutsu akpe ene; womexlẽ nyɔnuwo kple ɖeviwo ya ɖe eme o.
39
Esi Yesu do mɔ amehaa la, eɖo tɔdziʋu va Magadan-nutome.
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28