bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 10
Matthew 10
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 11 →
1
Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la wui eveawo vɛ, eye wòna ŋusẽ wo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, eye woada lãmegbegblẽ kple dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi.
2
Amedɔdɔ wui eveawo ƒe ŋkɔwoe nye: Gbã, Simon, (si woyɔna be Petro) kple nɔvia Andrea; emegbe, Yakobo kple nɔvia Yohanes, Zebedeo viwo;
3
Filipo kple Bartolomeo; Toma kple Mateo, nudzɔla la; Yakobo, Alfeo vi kple Tadeo,
4
Simon si nye Ɖokuisinɔnɔdilawo ƒe habɔbɔmenɔla kple Yuda Iskariot la, ame si va fia Yesu yome mɔ.
5
Nenem me wui eve siawo Yesu dɔ kple gbedeasi siawo be: “Migayi ɖe trɔ̃subɔlawo ƒe anyigba dzi kple Samaria-duwo me o;
6
ke miyi ɖe Israel vi siwo le abe alẽ siwo bu ene la gbɔ boŋ.
7
Ne mieyi la, miɖe gbeƒã be: ‘Dziƒofiaɖuɖu la tu aƒe!’
8
Miyɔ dɔ dɔlélawo, eye migbɔ agbe ame kukuwo; mina kpodɔlelawo ŋuti nakɔ, eye minya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe. Miexe fe aɖeke ɖe nu si miexɔ la ta o, eya ta miawo hã mina nu faa.
9
Migatsɔ ga aɖeke ɖe miaƒe kotokuwo me o.
10
Migatsɔ nubiakotoku, awu eve, afɔkpa alo atizɔti yi mɔzɔzɔ lae o. Dɔwɔla dze na eƒe nuɖuɖu.
11
Ne miege ɖe du alo kɔƒe aɖe me la, midi ame aɖe le eme si alɔ̃ be yeaxɔ mi la. Midze egbɔ, eye mianɔ afi ma va se ɖe esime miadzo.
12
Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, mido gbe na emenɔlawo be: ‘Ŋutifafa na mi.’
13
Ne aƒea me tɔwo lɔ̃ xɔ mi la, mina miaƒe ŋutifafagbedoname la nanɔ wo dzi, ke ne womelɔ̃ xɔ mi o la, miaƒe ŋutifafadidiname la negbugbɔ va mia gbɔ.
14
Ke ne aƒe aɖe, alo du aɖe me tɔwo mexɔ mi alo ɖo to mi o la, ekema miʋuʋu ké le miaƒe afɔ ŋuti ɖi, ne miele dzodzom.
15
Mele egblɔm na mi be nu anɔ bɔbɔe na Sodom kple Gomora tɔwo le ʋɔnudrɔ̃gbe la wu na nenem du ma.”
16
“Kpɔ ɖa, mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖo ɖe amegãxiwo dome. Eya ta midze aye abe da ene, eye midza abe ahɔnɛ ene.
17
Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le amewo ŋuti, elabe woatsɔ mi ade asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, woaƒo mi le woƒe ƒuƒoƒewo,
18
eye woahe mi ayi dziɖulawo kple fiawo ŋkume le tanye bene esia nanye ɖase miaɖi na woawo kple dukɔawo.
19
Ne wokplɔ mi yi ʋɔnui la, migatsi dzimaɖi le nya si miagblɔ, alo ale si miaƒo nui la ŋuti o. Ne ɣeyiɣia ɖo la, woana nya si miagblɔ la mi;
20
elabe menye miawoe le nu ƒo ge o, ke boŋ mia Tɔ́ ƒe Gbɔgbɔ lae le nu ƒo ge to mia dzi.
21
“Nɔvi ade nɔvi asi kume, eye tɔ́ hã awɔ na via nenema ke. Viwo atsi tre ɖe dzilawo ŋuti, eye woana woawu wo.
22
Amewo katã alé fu mi le tanye. Ke ame si lado dzi va se ɖe nuwuwu la, woaxɔe ɖe agbe.
23
Ne woti mia yome le du aɖe me la, misí yi bubu me. Vavã mele egblɔm na mi be, miele dɔ wɔ ge ato Israel-duwo katã me vɔ hafi Amegbetɔ Vi la lava o.
24
“Nusrɔ̃vi aɖeke mewúa eƒe nufiala o, eye kluvi aɖeke mewúa eƒe aƒetɔ o.
25
Ale ele be wòasɔ gbɔ na nusrɔ̃vi be wòava zu abe eƒe nufiala ene, eye ele be wòaɖi ƒo na kluvi be wòazu abe eƒe aƒetɔ ene. Ne woyɔ aƒe aɖe ƒe tatɔ be Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la, ŋkɔ vlo wu kae womana aƒea me viwo o?”
26
“Eya ta migavɔ̃ na amewo o. Nu sia nu si dzi wotsyɔ nui la, woaklo nu le edzi, eye nya ɣaɣla ɖe sia ɖe aɖi amewo ase.
27
Nu si gblɔm mele na mi le viviti me la, migblɔe le kekeli me, eye nu siwo wotsɔ do dalĩ ɖe to me na mi la, miɖe gbeƒã wo le dutoƒo.
28
Migavɔ̃ ame siwo wua ŋutilã gake womate ŋu awu luʋɔ la o. Ke boŋ mivɔ̃ ame si ate ŋu atsrɔ̃ ŋutilã kple luʋɔ siaa le dzomavɔʋe me.
29
Ho si wodzraa atsutsrɔe eve la meɖi naneke o, ke ne menye mia Tɔ́ ƒe lɔlɔ̃nu o la, xevi siawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã mage ɖe anyigba o.
30
Ke miawo la, woxlẽ miaƒe taɖawo katã gɔ̃ hã.
31
Eya ta migavɔ̃ o; miawo la, miexɔ asi sãa wu atsutsrɔewo.”
32
“Azɔ ame sia ame si aʋu nya me le amewo ŋkume be tɔnyee yenye la, nye hã maʋu eyama me le Tɔ́nye si le dziƒowo la ŋkume;
33
ke ame si ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ŋkume la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Tɔ́nye si le dziƒowo la ŋkume.”
34
“Migabu be meva tomefafa na ge le anyigba dzi o. Nyemeva tomefafa na ge o, ke boŋ yi na ge meva.
35
Elabe meva viŋutsuvi kple tɔ́a, vinyɔnuvi kple nɔa, lɔ̃xo kple lɔ̃xoyɔvi dome ma ge,
36
eye ame ƒe ketɔ anye eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo.
37
Ame sia ame si lɔ̃ tɔ́a alo nɔa wum la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o, eye ame sia ame si lɔ̃ via ŋutsu alo via nyɔnu wum la, medze be wòanye nye nusrɔ̃la o.
38
Ame si ke metsɔ eƒe atitsoga, heto nye afɔtoƒe o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.
39
Ame si ke di be yeaɖe yeƒe agbe la, abui; ke ame si ke abu eƒe agbe le tanye la, akpɔe.”
40
“Ame si xɔ mi la, nyee wòxɔ, eye ame si xɔm la, exɔ ame si dɔm ɖa la hã.
41
Ame si xɔ Mawu ƒe gbeƒãɖela la, akpɔ gome le gbeƒãɖela la ƒe fetu si wòaxɔ la me, eye ame si xɔ ame dzɔdzɔe, le esi wònye ame dzɔdzɔe ta la, akpɔ gome le ame dzɔdzɔe la ƒe fetu si wòaxɔ la me.
42
Ame si na tsi fafɛ kplu ɖeka pɛ nenem me sue siawo dometɔ ɖeka le tanye la, vavã mele egblɔm na mi be, woaɖo eteƒe nɛ kokoko.”
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 11 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28