bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Matthew 5
Matthew 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 6 →
1
Yesu kpɔ ameha gã la, eye wòyi ɖe to dzi. Esi wòbɔbɔ nɔ anyi la, eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ,
2
eye wòfia nu wo gblɔ be:
3
“Woyra ame siwo da ahe le gbɔgbɔ me la, elabe woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.
4
Woyra ame siwo le konyi fam la, elabe woafa akɔ na wo.
5
Woyra ame fafawo, elabe woawoe anyi anyigba sia ƒe dome.
6
Woyra ame siwo Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ dzrona vevie, abe ale si dɔ kple tsikɔ wua amee ene la, elabe Mawu ana woaɖi ƒo.
7
Woyra ame siwo kpɔa nublanui na ame la, elabe woawoe Mawu akpɔ nublanui na.
8
Woyra ame siwo dza le dzime la, elabe woawoe akpɔ Mawu.
9
Woyra ame siwo léa avu la, elabe woayɔ wo be Mawu viwo.
10
Woyra ame siwo yome wotina elabe wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, elabe woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.
11
Woyra mi, ne amewo dzu mi, eye woti mia yome hegblɔ nya vɔ̃ ƒomevi vovovowo ɖe mia ŋuti madzemadzee le tanye.
12
Mikpɔ dzidzɔ, mitso aseye, elabe miaƒe fetu sɔ gbɔ le Mawu gbɔ, elabe nenema ke ko woti Mawu ƒe gbeƒãɖela siwo nɔ agbe do ŋgɔ na mi la hã yomee.”
13
“Miele na xexea me abe ale si dze le na nu ene. Ke ne nu si wɔ dze wònye dze la do le eme la, nane li woatsɔ adee wòaganye dzea? Viɖe aɖeke megale eŋu o; ɖeko woatsɔe aƒu gbe, eye amewo azɔ edzi.”
14
“Miele abe kekeli ene na xexea me. Du si wotso ɖe to dzi la meɣlana o.
15
Gawu la, womesia akaɖi hetsɔa atigo tsyɔa edzi o. Akaɖiti dzi boŋ wodanɛ ɖo bene wòaklẽ na aƒea me tɔwo katã.
16
Nenema ke mina miaƒe akaɖi naklẽ na amewo, ale be woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔ, eye woakafu mia Tɔ́ si le dziƒo.”
17
“Migabu xaa be meva be maɖe Mose ƒe se la, alo Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe nufiafia ɖa o. Nyemeva be maɖe wo ɖa o, ke boŋ be mawɔ wo woade blibo.
18
Nyateƒe tom mele na mi be zi ale si dziƒo kple anyigba gali la, ŋɔŋlɔdzesi suetɔ alo se la ƒe akpa vi sue aɖeke mado le eme o, va se ɖe esime nu sia nu lawu enu.
19
Ale ame sia ame si da seawo dome suetɔ kekeake dzi, eye wòfia ame bubuwo be woawo hã nawɔ nenema la, woayɔe be ame suetɔ le dziƒofiaɖuƒea me. Ke ame sia ame si wɔa se siawo dzi, eye wòfiaa ame bubuwo be woawo hã nawɔ nenema la, woayɔe be amegã le dziƒofiaɖuƒea me.
20
Eya ta mele egblɔm na mi be ne ale si miewɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu meƒo agbalẽfialawo kple Farisitɔwo tɔ ta sãa o la, miele dziƒofiaɖuƒea me yi ge akpɔ o.”
21
“Miese wogblɔ na blematɔwo be: ‘Mègawu ame o. Ame si wu ame la, edze be woadrɔ̃ ʋɔnui.’
22
Ke nye la, mele egblɔm na mi be: ame sia ame si do dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋuti la, edze be woadrɔ̃ ʋɔnui. Ame si yɔ nɔvia be: ‘Takukutɔ’ la, edze be woahee ayi ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume, eye ame si ke ayɔ nɔvia be: ‘Lãtɔ’ la, edze na dzomavɔʋemeyiyi.
23
Eya ta ne ètsɔ wò nunana gbɔna ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋku edzi le afi ma be nya aɖe le ye nɔvi ƒe dzime ɖe ye ŋu la,
24
gblẽ wò nunana la ɖe afi ma le vɔsamlekpuia ŋgɔ, ne nàyi aɖadzra wò kple nɔviwò la dome ɖo gbã, hafi nàva na wò nunana la.”
25
“Ne ame aɖe sama wò, eye wò kplii miezɔ afɔ ɖeka yina ʋɔnudrɔ̃ƒe la, dze agbagba nàdzra wò kplii dome ɖo le mɔa dzi lali. Ne menye nenem o la, ame si wò kplii miekpe nya la atsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, eye ʋɔnudrɔ̃la atsɔ wò ade asi na kpovitɔ, eye eya ade wò gaxɔ me.
26
Mele egblɔm na wò be èle gaxɔ ma me nɔ ge, va se ɖe esime nàxe fe si wobla na wò la, wòavɔ keŋkeŋ.”
27
“Miese wogblɔ be: ‘Mègawɔ ahasi o.’
28
Ke nye la, mele egblɔm na mi be: Ame sia ame si kpɔ nyɔnu wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le dzime.
29
Eya ta ne wò nuɖusiŋku hea wò dea nuvɔ̃ me la, hoe le eto me ƒu gbe, elabe ne wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka bu la, enyo na wò wu be woatsɔ wò ameti blibo la aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe me.
30
Nenema ke ne wò nuɖusi hea wò dea nuvɔ̃ me la, lãe ɖa le ŋutiwò, elabe ne wò ŋutinuwo dometɔ ɖeka bu la, enyo na wò wu be woatsɔ wò ameti blibo la aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe me.”
31
“Wogblɔ hã be: ‘Ame si ke agbe srɔ̃a la, ele be wòana srɔ̃gbegbalẽe.’
32
Ke nye la, mele egblɔm na mi be: ame sia ame si gbe srɔ̃a, ne menye le srɔ̃a ƒe ahasiwɔwɔ ta o la, eyae na nyɔnua wɔ ahasi. Ale ame sia ame si ɖe nyɔnu si wogbe la hã wɔ ahasi.”
33
“Miegase wogblɔ na blematɔwo be: ‘Mègatà nu alakpatɔe o, ke boŋ nàwɔ wò adzɔgbe si nèɖe na Aƒetɔ la dzi.’
34
Ke nye la, mele egblɔm na mi be: Migatà nu kura o. Migatà dziƒo o, elabe Mawu ƒe fiazikpui wònye.
35
Migatà anyigba hã o, elabe Mawu ƒe afɔɖodzinu wònye. Nenema ke migatà Yerusalem o, elabe fiawo katã ƒe Fia la ƒe due.
36
Mègatà wò ta hã o, elabe màte ŋu awɔ wò taɖa ɖeka hɔ̃ hã, wòafu alo anyɔ o.
37
Ne nya la le eme la, miaƒe nya nanye ‘Ẽ’ ko, eye ne mele eme o la, miaƒe nya nanye ‘Ao’ ko. Nya bubu wu esia gbɔgblɔ la, ame vɔ̃ɖi gbɔ wòtso.”
38
“Miese wogblɔ be: ‘Ŋku ɖe ŋku teƒe, eye aɖu ɖe aɖu teƒe.’
39
Ke nye la, mele egblɔm na mi be: migatsi tre ɖe ame vɔ̃ɖi ŋu o. Ne ame aɖe ƒo wò nuɖusito me la, trɔ ekemɛ hã nɛ wòaƒo.
40
Ne ame aɖe di be yeasama wò axɔ wò dziwui le asiwò la, na mɔe ne wòaxɔ wò avɔ hã faa.
41
Nenema ke ne ŋusẽtɔ aɖe zi dziwò be nàtsɔ yeƒe agba, azɔ agbadroƒe ɖeka ƒe mɔ la, zɔ eve ƒe mɔ kplii.
42
Na nu ame si bia nu wò, eye ne ame aɖe di be yeaɣe nu le asiwò la, mègagbe o.”
43
“Miese wogblɔ be, ‘Lɔ̃ xɔ̃wòwo, eye nàlé fu wò ketɔwo.’
44
Ke nye la, mele egblɔm na mi be: milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo le mia yome tim la ta,
45
bene miazu mia Tɔ́, si le dziƒo la viwo. Elabe eyae naa eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa, eye wònaa eƒe tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.
46
Ne mielɔ̃ ame siwo lɔ̃ mi ɖeɖe ko la, fetu kae le eme na mi? Ɖe nudzɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema ke oa?
47
Alo ne miedoa gbe na mia nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwu ka wònye miewɔ? Ɖe trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema ke oa?
48
Mide blibo boŋ abe ale si mia Tɔ́ si le dziƒo la le blibo ene.”
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28